INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 5/15 axa 3-4
  • Fia aɖe Bu Eƒe Etsɔ Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia aɖe Bu Eƒe Etsɔ Me Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afikae Mía Tɔgbui Kukuwo Le?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutoa Me?
    Nyɔ!—1996
  • Kadodo Kple Gbɔgbɔmenutome
    Nyɔ!—1996
  • Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ na Ame Kukuwoa?
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 5/15 axa 3-4

Fia aɖe Bu Eƒe Etsɔ Me Ŋu

FIA aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika nye kplɔla si eƒe dumeviwo lɔ̃na hedea bubu eŋu vevie. Le ŋkeke si dzi wòxɔ ƒe 78 la, xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo kple nyuidinamela bubuwo kpe ta be yewoado dɔnɔ nɛ. Le nuƒo aɖe si fia la ƒo me la, etia tanya aɖe si meku ɖe wɔnaa ŋu o. Eƒo nu tso eƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu la ŋu.

Egblɔ be “xexe yeye aɖe si me amebeble, ŋubiabiã kple ŋukeklẽ mele o” la le ku megbe. Eɖɔe be enye xexeme aɖe “si ŋuti nya le ɣaɣla,” esi me ame dzɔdzɔe siwo awɔ nu kple Mawu la ɖeɖeko le.

Dzixɔse sia le ame geɖe si le Afrika katã. Afrikatɔwo ƒe blema mawusubɔsubɔ fiaa nu be ku menye agbe nuwuƒe o ke tɔtrɔ ko wònye, si nye gege ɖe agbenɔnɔ me le gbɔgbɔxexea me. Ne ame ku la, wogblɔna be edo le xexe si wokpɔna me yi ɖe esi womekpɔna o me. Esi amea zu gbɔgbɔ ta la, eyia tɔgbui kukuawo gbɔ azɔ.

Ɣetoɖoƒe Afrikatɔ geɖe xɔe se be tɔgbui kukuwo, alo tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwo, nana woƒe ƒome siwo le anyigba dzi nɔa dedie. Agbalẽ si nye West African Traditional Religion gblɔ be: “Vovototo boo aɖeke mele nutoa me tɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzi afii, kple esiwo le xexe kemea me la dome o. Ame tsitsiwoe [tɔgbui kukuawo] nye le woƒe ƒomewo me esime wonɔ anyigba dzi. Fifia si míegate ŋu kpɔa wo o la, wogakpɔtɔ nye ame tsitsiwo le gbɔgbɔwo ƒe xexeame. Womedzudzɔa ɖe tsɔtsɔ le woƒe ƒomewo ƒe nyonyo me le nusianu me o.”

Eyata fia tsitsi si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la nɔ mɔ kpɔm be yeaɖakpe ɖe ye tɔgbui kukuawo ŋu awɔ dɔ kpli wo le gbɔgbɔxexeame. Egblɔ be: “Mexɔ agbenɔnɔ le ku megbe dzi se vevie ŋutɔ eye meka ɖe edzi be nye ɖoƒe akpɔtɔ anɔ asinye—le ku megbe gɔ̃ hã.”

Gake le nya siwo fia la gayi edzi gblɔ ta la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Sunday Times doe ɖa be “edze abe meka ɖe” agbenɔnɔ le ku megbe “dzi tututu o ene.” Egblɔ na ameha si kpe ta la be yese nu tso agbalẽ aɖe si ƒo nu tso agbenɔnɔ le ku megbe ŋu. Fia la nɔ agbalẽa dim ƒe atɔ̃ sɔŋ enye ma. Etsi dzi ɖe agbalẽa xexlẽ ŋu ale gbegbe be egblɔ be yeana ga si ade (United States) dɔlar 1,500 amesi atsɔ ɖeka vɛ na ye.

Ne ɖe fia la xlẽ agbalẽ aɖe si kpɔkpɔ mesesẽ o la, anye ne makpe fu aganɔ agbalẽ bubu aɖeke dim o. Eyae nye agbalẽ si bɔ si menye amegbetɔ ye wɔe o ke etso amewo katã Wɔla la boŋ gbɔ. (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Agbalẽ mae nye Biblia. Nya kae wògblɔ le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe