Ʋuɖɔɖɔdɔ—Woaɖee Ða Kpuiea?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
TOGBƆ be ameƒomea wɔ ŋgɔyiyi wɔdɔɖeamedziwo le atike kple dzɔdzɔmeŋutinunya gome hã la, mete ŋu kpɔ eƒe kuxi siwo li tso blema ke la dometɔ geɖe gbɔ o. Esia ƒe nyateƒenyenye dze le agbagba siwo wodze be woaɖe ʋuɖɔɖɔdɔ ɖa me.
Edze abe nusiwo katã wohiã le eɖeɖeɖa me la li ene. Ðɔktawo nya alesi dɔlékuia nɔa agbee. Wote ŋu kpɔa dɔlélea bɔbɔe ne wodo ame kpɔ. Atike nyuiwo li adae. Dziɖuɖumegãwo dina vevie be yewoakpe asi ɖe agbagba siwo woadze axe mɔ ɖe enu ŋu. Ke hã dɔléle sia si wɔa fu ame miliɔn geɖe le Afrika, Asia, Caribean-ƒukpowo dzi, Titinaɣedzeƒe, kple Anyiehe Amerika la mele vɔvɔm o.
Ƒe akpe geɖe enye sia si ʋuɖɔɖɔdɔ (si wogayɔna le Eŋlisigbe me be bilharziasis alo schistosomiasis) le fu wɔm amegbetɔ. Azi siwo le abe dzewɔ ene siwo wokpɔ le Egypt ame kuku ƒuƒuiwo me ɖo kpe edzi be dɔlélea wɔ fu Egypttɔwo le woƒe blemafiawo ŋɔli. Ƒe alafa blaetɔ̃ megbe la, dɔléle ma ke yi edzi le fu ɖem na amewo le Egypt, eye exɔ lãmesẽ le dukɔ ma me nɔla miliɔn geɖe si. Le kɔƒe aɖewo siwo le Nile Ðeɖegoa gbɔ me la, dɔlélea le ame 9 ŋu le ame 10 ɖesiaɖe dome.
Egypt nye dukɔ 74 alo esiwo wu nenema siwo me ʋuɖɔɖɔdɔ xɔ aƒe ɖo koŋ la dometɔ ɖeka ko. Le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) ƒe akɔntabubu nu la, ame miliɔn 200 ŋue dɔlélea le le xexeame katã. Ame miliɔn 20 siwo dɔlélea ɖea fu na ɖaa la dometɔ siwo ade 200,000 kuna ƒe sia ƒe. Wogblɔ be le anyigba xɔdzo dzi dɔléle siwo dɔlékuiwo hena vɛ dome la, asrãdɔ koe nu sẽna wua ʋuɖɔɖɔdɔ le amesiwo dzi wòdzena kple nusiwo wògblẽna le hadome kple ganyawo ŋu gome.
Alesi Dɔlékuia Nɔa Agbee
Ne míase nusi ʋuɖɔɖɔdɔ nye gɔme, eye míanya alesi míaxe mɔ ɖe enu ahadae la, ke ele be míanya dɔlékui si henɛ vɛ. Nya vevi aɖee nye si: Hafi dɔlékui sia nanɔ agbe eye wòanɔ dɔ dzi tso dzidzime yi dzidzime la, ehiã nu gbagbe eve siwo me wòanɔ aɖu nu ahatsi le. Ðekae nye nu gbagbe siwo naa notsi wo viwo, abe amegbetɔ ene; eveliae nye abɔbɔ aɖe si nɔa tɔme.
Nusi dzɔnae nye si. Ne amesi ŋu dɔlékuia le ɖɔ aɖuɖɔ alo de afɔdzi ɖe tsi xaxa, ta, tɔʋu, alo tɔsisi me la, dɔlékuia ƒe aziwo dona le eŋu—aziawo ate ŋu ade miliɔn ɖeka ŋkeke ɖeka. Azi siawo le suesue ale gbegbe be womate ŋu akpɔ wo ne womezã nusuekpɔmɔ̃ o. Ne aziawo ge ɖe tsi me la, woƒona heɖea dɔlékuia tonɛ. Dɔlékuiawo zãa fu sue siwo le wo ŋu tsɔ ƒua tsi yia tɔmebɔbɔ aɖe gbɔe, eye wogena ɖe eme. Ne wole abɔbɔa me la, wodzina ɖe edzi le kwasiɖa ene vaseɖe adre siwo akplɔe ɖo me.
Ne wodo le abɔbɔa me la, gaƒoƒo 48 koe nɔa wo si woatsɔ adi amegbetɔ alo lã bubu aɖe si naa no viawo ahage ɖe eme. Ne menye nenema o la, woaku. Ne dɔlékuia ɖo nu gbagbe sia si va tsia me gbɔ la, eŋɔnɛ toa eƒe ŋutigbalẽ me gena ɖe eƒe ʋu me. Esia ate ŋu ana teƒea nafiẽ amea, gake zi geɖe la mate ŋu akpɔe be nane ge ɖe ye me o. Ne dɔlékuia ɖo ʋua me la, eyia aɖuɖɔtoe ŋu ʋukawo alo dɔkaviwo me, le dɔlékui si ƒomevi wònye nu. Kaka kwasiɖa aɖewo nava yi la, dɔlékuiawo tsina zua vɔklui tsu kple nɔe siwo didina vaseɖe milimeta 25. Ne woyɔ asi enɔea la, etea aziwo ɖɔɖɔ ɖe amesi me wole ƒe ʋu me, eye afisiae woƒe agbenɔnɔ va wua nu ɖo.
Aziawo ƒe afã dona le amesi me wole ƒe ŋutilã me to eƒe afɔdzi (le dɔkavimeʋuɖɔɖɔdɔ gome) alo aɖuɖɔ (aɖuɖɔmeʋuɖɔɖɔdɔ gome) me. Azi mamlɛawo nɔa ametia me eye wogblẽa lãmenu veviwo. Ne dɔlélea le sesẽm ɖe edzi la, ŋudza ate ŋu adze amesi ŋu wòle dzi, eƒe yɔnu ate, eye ʋu aɖuɖu ɖe dɔme nɛ. Mlɔeba la, dɔlélea ate ŋu ahe aɖuɖɔtoemedɔdzẽ alo aklã alo ayikuwo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie vɛ. Amesiwo ŋu wòle la dometɔ aɖewo megate ŋu dzia vi o alo zua lãmetututɔwo. Ðewo hã kuna.
Egbɔkpɔnuwo Kple Kuxiwo
Woate ŋu awɔ nu ene ya teti atsɔ axe mɔ ɖe dɔlélea ƒe kaka nu. Ne wowɔ nusiawo dometɔ ɖeka ɖesiaɖe le xexeame katã la, woaɖe dɔlélea ɖa.
Afɔɖeɖe gbãtɔe nye be woaɖe abɔbɔawo ɖa le tɔwo me. Ehiã be abɔbɔwo nanɔ anyi hafi dɔlékuia nate ŋu atsi. Ne abɔbɔwo meli o la, ʋuɖɔɖɔdɔ hã manɔ anyi o.
Nusi ŋu koŋ wodze agbagba le enye be woawɔ aɖi si nu sẽ awu abɔbɔwo gake magblẽ nu le nutoa ŋu o. Agbagba siwo wodze le ƒe 1960 kple 1970 ƒeawo me be woatsrɔ̃ abɔbɔwo katã la na nu gbagbe siwo katã nɔ tɔ geɖewo me ku. Theodor Bilharz Numekuƒe si le Egypt la dze agbagba be yewoake ɖe lãwutike (atike si wua abɔbɔwo) si megblẽa nu le nu gbagbe bubuwo ŋu o la ŋuti. Ðk. Aly Zein El Abdeen si nye numekuƒea ƒe tatɔ la de dzesii le atike sia ŋu be: “Tsi si wozãna tsɔ dea agble, si amewo kple lãwo nona, eye wònye afisi tɔmelãwo nɔna la mee woakɔe ɖo, eyata ele be míaka ɖe edzi bliboe be magblẽ nu le nusiawo dometɔ aɖeke ŋu o.”
Nu evelia enye be woawu dɔlékuiawo le amegbetɔwo me. Vaseɖe ƒe 1970-awo ƒe domedome la, atike siwo gblẽa nu geɖe le ame ŋu eye wòhea dɔléle bubuwo vɛ lae wotsɔ danɛ. Zi geɖe la, edada bia be woado abui geɖe si vena la na ame. Ame aɖewo to nyatoƒoe be edada vena wu dɔlélea ŋutɔ! Tso ɣemaɣi la, wowɔ atike yeye, siwo ƒe ɖe enye praziquantel, siwo te ŋu daa ʋuɖɔɖɔdɔ eye woate ŋu ano wo.
Togbɔ be atike siawo te ŋu daa dɔa le Afrika kple Anyiehe Amerika esi wodoe kpɔ hã la, eƒe asixɔxɔ koŋ ye zu kuxi na dukɔ geɖe. WHO fa konyi le ƒe 1991 me be: “Womete ŋu wɔa ɖoɖo gã aɖeke ɖe [ʋuɖɔɖɔdɔ] nuléle ŋu le dukɔ siwo me wòxɔ aƒe ɖo me o le alesi edada xɔ asii ta; zi geɖe la, ga si woatsɔ adɔ atikea la sɔa gbɔ wu ga home si wokana ɖe ame ɖeka ŋu na Afrika-dukɔwo ƒe lãmesẽdɔwɔƒewo la katã.”
Le teƒe siwo wotsɔa atikea naa dɔa lélawo faa le gɔ̃ hã la, ame geɖe meyina wodaa dɔ na wo o. Nukatae? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be amesiwo dɔlélea wuna la mesɔ gbɔ o ne wotsɔe sɔ kple dɔléle bubuwo, eyata ame aɖewo mebunɛ kuxi gã o. Nu bubu hãe nye be menye ɣesiaɣie amewo kpɔa dɔlélea ƒe dzesiwo dzea sii o. Le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, ʋu si nɔa aɖuɖɔ me (si nye dɔlélea ƒe dzesi vevitɔ) bɔ ale gbegbe be wobui be enye nusi dzɔna ne wole ŋutsu alo nyɔnu zum.
Nu etɔ̃lia enye be woaɖe aziawo ɖa le tɔwo me. Ne wotu nugododeƒewo be amewo nagadee ɖe tɔʋuwo kple tsi xaxawo gbɔ o eye ne amesiame zã wo la, aɖe ʋuɖɔɖɔdɔ xɔxɔ ƒe afɔkua dzi akpɔtɔ.
Numekuku si wowɔ le xexeame katã ɖee fia be dɔa lélawo dzi ɖena kpɔtɔna ŋutɔ ne wowɔ pɔmpi na wo eye wotu nugododeƒewo na wo, gake nusiawo wɔwɔ na amewo mexea mɔ ɖe dɔlélea nu kokoko o. Dzɔdzɔmeŋutinunyala Alan Fenwick si wɔ numekuku le ʋuɖɔɖɔdɔ ŋu ƒe 20 kple edzivɔ la gblɔ be: “Ne ame ɖeka pɛ nya de nugodo ɖe tɔa me ko la, edzea woƒe agbenɔnɔ si nɔa nyi ɖaa la gɔme.” Ate ŋu adzɔ hã be do siwo me nugodo tona naŋɔ eye nugodo si me dɔlékuia le nage ɖe tsidzɔƒewo.
Nu enelia enye be woagana amewo nage ɖe tsi siwo me dɔlékuia le me o. Esia hã wɔwɔ mele bɔbɔe abe alesi woabui ene o. Le dukɔ geɖe me la, tawo, tɔʋuwo, kple tɔsisi siwo me tsi amewo nona la mee amewo léa tsi le, wotsɔnɛ dea tsi agblemenuwoe, eye wonyãa nu le wo me hã. Tɔƒodelawo gena ɖe tsi me gbesiagbe. Eye ɖeviwo adi godoo be yewoaƒu tsi si xa ɖi le anyigba siwo dzi xɔa dzo gbãgbãgbã la me.
Mɔkpɔkpɔ Kae Li le Etsɔme?
Ðikeke mele eme o be amewo kple habɔbɔwo tsɔ susu nyui le kutri kum vevie be yewoaɖe ʋuɖɔɖɔdɔ ɖa eye wowɔ ŋgɔyiyi geɖe ŋutɔ. Numekulawo le asi trɔm le abuitike aɖe ŋu be woatsɔ adae gɔ̃ hã.
Gake mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli be woaɖe dɔlélea ɖa keŋkeŋ o. Ðk. M. Larivière gblɔ ɖe Franse atikewɔwɔ ƒe agbalẽ si nye La Revue du Praticien me be: “Togbɔ be wokpɔ dzidzedze le go aɖewo me hã la . . . , dɔlélea mele vɔvɔm kura o.” Togbɔ be woate ŋu axe mɔ ɖe ʋuɖɔɖɔdɔ nu eye woate ŋu adae na ame ɖekaɖeka aɖewo hã la, ɖewohĩ womate ŋu akpɔ ta na alesi woawɔ aɖee ɖa le xexeame katã o vaseɖe esime Mawu ƒe xexeme yeyea nava ɖo hafi. Biblia do ŋugbe be le afima la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Ne amegbetɔwo yi tsi siwo me dɔlékui siwo hea ʋuɖɔɖɔdɔ vɛ le me la, woate ŋu axɔ dɔa