Mele Dzidzɔ Kpɔm Fifia be Mele Agbe!
Ðɔkta la bia be: “Ènya be yele kuku gea?” Zi eve do ŋgɔ la, anye ne ku ana makpɔ gbɔdzɔe hafi. Gake menye fifia ya o. Na maɖe eme na wò.
WONYIM le Long Island si nye New York golɔgoe aɖe me afisi fofonye nye ʋuduɖimekela xɔŋkɔ aɖe le. Edina be woawɔ nusianu pɛpɛpɛ eye ekpɔ dzidzedze le hoʋiʋli me. Dzi hã kunɛ kabakaba eye naneke kura medzea eŋu o. Gake Dada ya nye ame fafa si nu menya ƒona na o, eye evɔ̃na ale gbegbe ne Papa le ʋuduɖime kem eye esia ta meva kpɔnɛ ne ele duɖime kem o.
Mía kple fonye míesrɔ̃e tso ɖevime ke be míalé mía ɖokui kpoo le aƒeme, eye alea ko Dada ya wɔnɛ. Gake menɔ bɔbɔe o. Mí katã míevɔ̃na na Papa. Ekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye ale gbegbe be nyemebunɛ kura be mate ŋu awɔ naneke wòanyo o. Bubu si nɔ ŋunye la bu kura esime ƒomea “xɔlɔ̃” aɖe dɔ gbɔnye esi mege ɖe ƒewuiwo me teti. Esi nyemegate ŋu maɖu nye seselelãmewo dzi o la, metee kpɔ be mawu ɖokuinye. Emae nye zi gbãtɔ medi be maku ne makpɔ gbɔdzɔe.
Mesena le ɖokuinye me be menye ame maɖinu si womelɔ̃ o eye nyemegate ŋu ɖua nu nyuie o, si dzɔna ɖe ɖetugbi siwo kpɔ be bubu megale yewo ŋu o dzi la. Medze agbeɖuɖu, atikevɔ̃ɖizazã, matrewɔwɔ, kple fuɖeɖe gɔme—enye “lɔlɔ̃ didi le mɔ manyomanyowo dzi,” abe alesi hagbe aɖe gblɔ ene. Meƒo ɖokuinye ɖe dzokekedodo, ʋuduɖimekeke, kple tsiƒuƒu me, eye meɖoa tsatsadagbe ɣeaɖewoɣi yia Las Vegas. Meyi ɖabia nu bokɔnɔ aɖe hã eye metsɔa afakaʋuƒo si woyɔna be Ouija ɖea modzakae evɔ nyemenya gbɔgbɔyɔyɔ ƒe afɔku siwo le eme o.—Mose V, 18:10-12.
Hekpe ɖe eŋu la, didi be maɖu agbe na meƒo ɖokuinye ɖe dɔ manɔsenuwo abe atikevɔ̃ɖidzadzra kple fiase me fififi ene me. Esi menɔ amesi alɔ̃m ahakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye dim ta la, ena metsɔ ahiãvi geɖe eye ŋutsu geɖe do ŋugbe nam be yewoaɖem. Nusiawo katã na menɔ agbe si me afɔku le ŋutɔŋutɔ evɔ nyemenya o.
Gbeɖeka zã esi míeno aha kple atike vɔ̃ɖi le ʋudzraɖoƒe aɖe le ʋuduɖimekeƒea la, mewɔ movinu gblɔ na nye ahiãvia be wòaku ʋua míayi aƒeme. Esi medɔ alɔ̃ ɖe ŋgɔgbezikpuia me la, edze kɔte be eya hã dɔ alɔ̃. Gododo kple ʋu bubu na medzi vo nyɔ tso alɔ̃ me. Mexɔ abi ŋutɔ eye wosikam ɖe kɔdzi, gake meva haya, ke nye ɖusimeklo koe meɖo eme o.
Nusi Nyo Wu la Didi
Togbɔ be nye agbe meɖi naneke nam o hã la, ɖeviwo kple lãwo ƒe dedienɔnɔ kple gomenɔamesiwo kpakple nutowo me ta kpɔkpɔ nɔ vevie nam ale gbegbe. Medi vevie be xexe si nyo wu la nava, eye be makpe asi ɖe eŋu woaɖo ɖe anyi la, mege ɖe habɔbɔ geɖe me. Didi sia be xexe si nyo wu nava lae na nya siwo nye dɔwɔhati aɖe si nye Yehowa Ðasefo gblɔna la dzɔ dzi nam. Ne nuwo meyi nyuie le dɔ me o la, eɖea hũ gblɔna be “nuɖoanyi sia.” Ne mebiae be nukae wòwɔnɛ hã la, egblɔna be gbeɖeka eteƒe madidi kura o la, dzimaɖitsitsi aɖeke maganɔ agbe me o. Medea bubu eŋu ŋutɔ, eyata meɖoa to nyuie sea eƒe nyawo.
Nublanuitɔe la, míegadoa go o, gake nyemeŋlɔ nya siwo wògblɔ be gbeɖe o. Mekpɔe be ahiã be mawɔ tɔtrɔ veviwo le agbenɔnɔ me gbeɖeka ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye. Gake nyemesu te haɖe o. Gake megblɔna na amesiwo di be yewoaɖem la be mava zu Ðasefo gbeɖeka eye ne medzɔ dzi na wo o la, ke fifiae wòle be mía tɔ te.
Esia ta nye ahiãvi mamlɛtɔ di be yeanya nu geɖe, eye wògblɔ be ne edzɔ dzi nam la adzɔ dzi na ye hã. Eyata míete Ðasefoawo didi. Ke woawo boŋue va mía gbɔ le aƒenyeme. Míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme gake mlɔeba la, nye ahiãvia dzudzɔ nusɔsrɔ̃a hetrɔ yi srɔ̃a gbɔ.
Biblia-nusɔsrɔ̃a metsɔ afɔ o zi geɖe. Exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi meva se Yehowa ƒe nukpɔsusu le agbe ƒe kɔkɔenyenye ŋu gɔme nyuie. Gake esi metrɔ nye tamesusu ko la, mekpɔe be ehiã be madzudzɔ dzodzo tso yameʋu me kple sigaretnono. Esi agbe va xɔ asi nam geɖe wu ta la, melɔ̃ be madze akɔ anyi eye magade nye agbe afɔku me azɔ o. Le October 18, 1985 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Nyemenya kura be eteƒe madidi hafi nye agbe aɖo afɔku me o.
Megadi be Maku
Ɣleti ʋee aɖewo megbe—le March 22, 1986 ƒe zã me—la, menɔ nye aƒe ŋgɔ nɔ awu siwo mexɔ tso awunyãƒe ɖem le nye ʋu me esime ʋu aɖe si nɔ du dzi sesĩe la va lɔm ɖe eme hem yi adzɔge meta 30 kple edzivɔ! Ðeko ʋukula la ƒom ko hesi dzo. Nye ta xɔ abi gake menɔ ŋute le nudzɔdzɔa katã me.
Memu tsyɔ mo anyi nɔ mɔ si dzi viviti do ɖo titina tututu, eye menɔ vɔvɔ̃m vevie be ʋu bubu agava zɔ dzinye. Menɔ veve sem heliheli ŋutɔ. Eyata menɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòana maku. (Hiob 14:13) Nyɔnu dɔnɔdzikpɔla aɖe va do. Meɖe kuku nɛ be wòatrɔ nye afɔwo nyuie elabena wotro. Ewɔe, eye wòvuvu eƒe awu hã tsɔ bla abifɔa be ʋua natso. Wokpɔ nye afɔkpawo le keke afi aɖe ke ʋu bla wo keŋkeŋ!
Esi amesiwo va nɔ eme tsom menya be afɔ zɔm menɔ hafi o ta la, wonɔ biayem be afikae nye ʋua le hã. Esi nyemenya afisi ʋua hem da ɖo o ta la, mesusu be nye ʋua gbɔ ko megale! Esi atikewɔlawo va ɖo la, wosusu be maku. Eyata woyɔ kpovitɔ nyagɔmedolawo elabena ʋu tsɔtsɔ ƒo ame wòaku nye agɔdzedze gã aɖe. Wolé ʋukula la mlɔeba. Woɖe to ɖe nutoa abe afisi hlɔ̃nu dzɔ le ene eye woxɔ nye ʋua be wòanye ɖaseɖiɖi. Ʋɔtru evea fli ɖa le ʋua ƒe akpa ɖeka.
Meɖo Xaxa Me
Ɣemaɣi esime wokɔm yi kɔdzi le mía gbɔ la, menɔ gbɔgblɔm edziedzi to oxygen ka si wode ŋɔti kple nu nam gɔ̃ hã me be: “Nyemado ʋu o. Nyemado ʋu o. Yehowa Ðasefoe menye!” Nu mamlɛtɔ si dzi meɖo ŋkui enye esi wonɔ nye awu dzem to dzinyeme eye mese be atikewɔlawo nɔ gbe ɖem.
Esi menyɔ la, ewɔ nuku nam ŋutɔ be mele agbe. Meyia ɖime ganyɔna. Ɣesiaɣi ne menyɔ la, mebiana tso ƒonyemeawo si be woagblɔe na srɔ̃tɔ siwo srɔ̃ Biblia kplim. Medzɔ dzi na ƒonyemeawo be mezu Ðasefo o, eyata esɔe na wo be “woŋlɔ be” womegblɔe na wo o. Gake menɔ ekum ɖe tome na wo—ne menyɔ la, eyae nye nu gbãtɔ mebiana. Mlɔeba la, nye kutrikuku va ɖe vi, eye gbeɖeka wonɔ gbɔnye hafi menyɔ. Gbɔdzɔe ka gbegbe enye si wònye nam! Yehowa ƒe amewo nya afisi mele.
Gake nye dzidzɔkpɔkpɔa menɔ anyi didi o elabena ʋu nɔ vɔvɔm le lãme nam eye asrã sesẽ aɖe hã dze dzinye. Woɖe ƒu siwo wobu be anye woawoe de dɔ lãme nam la ɖa eye wotsɔ ga ene de nye afɔwo me. Gake eteƒe medidi o asrãdɔa gatrɔ gbɔ, eye nye afɔwo nyɔ yibɔɔ. Abivɔ̃ dze eme eye ehiã be woalã afɔa nam hafi mate ŋu atsi agbe.
Wozi Dzinye be Mado Ʋu
Esi ʋu vɔ le lãme nam kpata ta la, wobe yewomate ŋu awɔ dɔ nam ʋumadomadoe o. Ðɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃ tsãtɔwo va ƒo nya ɖe nunye. Ke mese dalĩdodo aɖe le nye ʋɔtru nu. Mese ɖɔktawo nɔ nane ɖom, gake nyemese nya si tututu gblɔm wonɔ o. Eɖi nam be Ðasefo aɖe si va gbɔnye la se ɖoɖo si wɔm wonɔ be yewoadze agbagba azi dzinye ado ʋu nam. Enumake eyi Kristotɔ hamemegãwo gbɔ eye wova kpe ɖe ŋunye.
Wotsɔ tagbɔdɔléleŋutinunyala aɖe be wòado nye ahɔhɔ̃ akpɔ. Edze ƒã be ɖe woɖoe be woagblɔ be nye susu mele ŋute o ale be woatu afɔ nye didiwo me. Nugbeɖoɖo sia medze edzi o. Ke woɖakplɔ osɔfo aɖe si ŋutɔ wodo ʋu na vɛ ne wòana mase egɔme be naneke megblẽ le ʋudodo ŋu o. Mlɔeba ƒonyemeawo tsɔ nya la yi ʋɔnui be woazi dzinye ado ʋu nam.
Anye fɔŋli ga eve me la, ɖɔkta aɖewo, ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe agbalẽŋlɔla, ʋɔnudɔgbedela, kɔdzia ƒe senyala, kple ʋɔnudrɔ̃la aɖe zɔ ge ɖe dzinye. Ʋɔnu ɖi anyi vɔ. Womegblɔe nam do ŋgɔ o, Biblia menɔ gbɔnye o, ame aɖeke menɔ anyi aƒo nu ɖe nunye o, eye wodo vevesesenutsitike gbogbo aɖe hã nam. Aleke nyawo va yii? Ʋɔnudrɔ̃la la meda asi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe gbeɖeɖe dzi o, eye wòbe Yehowa Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ wɔ dɔ ɖe ye dzi fifia gɔ̃ hã wu tsã.
Kɔdzi aɖe si le Camden, New Jersey, lɔ̃ be yewoakpɔ gbɔnye. Esi kɔdzidɔwɔla siwo le New York do dziku ta la, womegawɔa atike aɖeke kura nam o, womegadoa vevesesenutsitike hã nam o. Wogbe be helikɔpta si akɔm ayi kɔdzi le New Jersey hã madze o. Meda akpe be dɔnɔkɔʋu kɔm yi dedie. Esi míeɖo ye mese nya si megblɔ le ŋutinya sia ƒe gɔmedzedze be: “Ènya be yele kuku gea?”
Dɔwɔwɔ Nam—Dze Edzi
Megbɔdzɔ ale gbegbe be dɔnɔdzikpɔla aɖee kpe ɖe ŋunye hafi mete ŋu ŋlɔ X ɖe nyadzilɔ̃gbalẽ dzi tsɔ ɖe mɔ be woawɔ dɔ nam. Ehiã be woalã nye ɖusimeta ɖe klotevinu. Emegbe nye ʋumenugbagbevidzĩwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi va ɖo dzeside 2, eye ɖɔktawo kpɔe be nu gblẽ le nye ahɔhɔ̃ ŋu vevie. Nusitae nye be esi wodo nu ɖe nye to gbɔ yɔ nye ŋkɔ “Virginia, Virginia”—si woŋlɔ ɖe amexɔgbalẽvia dzi la, nyemesee o. Gake esi wogayɔm dzaa emegbe be “Ginger, Ginger” mese la, meʋu ŋku hekpɔ ŋutsu aɖe si nyemekpɔ kpɔ o.
Bill Turpin tso Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖeka me le New Jersey. Ese nye megbeŋkɔ Ginger—si woyɔna nam le nye agbe me katã la—le Ðasefowo nu le New York. Esi wode yagbɔmɔ̃ nam si ta nyemate ŋu aƒo nu kura o ta la, ebia nya siwo dzi mate ŋu aƒo aɖaba alɔ̃ ɖo lam. Ebia be: “Àdi be mava nɔ srãwòm kpɔ eye magblɔ na Ðasefowo le New York be èle afisia?” Nyemete ŋu ƒo aɖaba edziedzi tsɔ lɔ̃ ɖe eƒe nyawo dzi o! Nɔviŋutsu Turpin de eɖokui afɔku me wɔ dzaa va gbɔnye, elabena ƒonyemeawo de se be Ðasefo aɖeke mekpɔ mɔ asrãm kpɔ o.
Menɔ kɔdzi ɣleti ade, gake gbesiagbedɔwɔna veviwo abe nuɖuɖu kple aɖuŋututu koe mete ŋu wɔna le ɖokuinye si. Mlɔeba wode afɔwɔwɔe nam eye mete ŋu tsɔa atitɔɖeŋu zɔna vie. Esime woɖem le kɔdzi le September 1986 me eye metrɔ yi aƒeme la, dɔnɔŋunɔla aɖe va nɔ gbɔnye le aƒeme anɔ abe ɣleti ade bubu ene be wòakpe ɖe ŋunye.
Kpekpeɖeŋu tso Mía Nɔviwo Gbɔ
Hafi matrɔ yi aƒeme gɔ̃ hã la, meva kpɔ alesi tututu nɔvi Kristotɔwo domenɔnɔ le ŋutɔŋutɔ. (Marko 10:29, 30) Menye nye ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ koe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpɔ o ke wokpɔ nye gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã gbɔ. Kpekpeɖeŋu si wonam lɔlɔ̃tɔe na megadze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe mete ŋu wɔ nusi woyɔna be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa hã.
Ɣleti ʋee aɖewo ko wotsɔ kpɔ nya si wotsɔ ɖe ʋukula la ŋu, si xɔa ƒe atɔ̃ ya teti hafi dona ɖe ʋɔnu gɔ̃ hã la gbɔ—eye ewɔ nuku na nye senyala ale gbegbe. Metsɔ ʋɔnudrɔ̃fe si wodo nɛ la di aƒe si me nɔnɔ anɔ bɔbɔe nam wu. Azɔ hã meƒle ʋu si ŋu wowɔ bunɔkekekɔmɔ̃ ɖo si wokuna kple asi. Eyata le ƒe 1988 me la, medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme eye mezãa gaƒoƒo 1,000 le gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe sia ƒe. Mele dɔ wɔm le Dziehe Dakota, Alabama, kple Kentucky nutome ƒe aɖewoe nye sia. Metsɔ nye ʋua zɔ mɔ kilometa 150,000, eye akpa gãtɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me.
Nu ɖikokoe geɖe dzɔ ɖe dzinye le nye afɔtietɔ̃ dzokekea dodo me. Medze anyi mli to eme zi eve esime menɔ dɔ wɔm kple dzikpɔla mɔzɔlawo srɔ̃wo. Gbeɖeka le Alabama la, mebu vodadatɔe be mate anɔ edzi adzo to tsisisi sue aɖe ta eye medze anyi ƒo ba blibaa. Gake etsɔtsɔ de fefe me kple ɖokuinye mabumabu ame vevi aɖee kpe ɖe ŋunye dzi dzɔam ɣesiaɣi.
Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le Lém Ðe Te
Lãmegbegblẽ ɖea fu nam vevie ɣeaɖewoɣi. Ena medzudzɔ mɔɖeɖedɔa zi eve ƒe ʋee aɖewoe nye sia elabena edze abe ɖewohĩ ahiã be woalã nye afɔ evelia hã ene. Fifia ya mevɔ̃na ɣesiaɣi be woava lã afɔ nam, eye bunɔkeke me ko metsi ƒe atɔ̃ sɔŋ enye sia. Meŋe abɔ le ƒe 1994 me. Mehiã kpekpeɖeŋu le tsilele, awudodo, nuɖaɖa, kple nukɔklɔ me, eye ehiã be maɖo ʋu hafi ayi afisiafi. Gake le nɔviawo ƒe kpekpeɖeŋu ta mete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa le ɣeyiɣi sesẽ sia me.
Nusi ado dzidzɔ nam koe medi le nye agbe me katã, gake mekpɔe fifia be dzidzɔkpɔɣi gãtɔ kekeake le ŋgɔ gbɔna. Kakaɖedzi si le asinye be Mawu ada dɔléle siwo katã li fifia le eƒe xexe yeye si ɖo vɔ me lae na wònye dzidzɔ nam fifia be mele agbe. (Yesaya 35:4-6) Mele mɔ kpɔm be le xexe yeye ma me la, mía kple bosowo míaƒu tsi, mía kple dzata kple dzataviwo míaɖi tsa le towo dzi, eye mawɔ nusi le bɔbɔe si nye zɔzɔ le ƒuta. Nusiwo katã Mawu wɔ mí be míase woƒe vivi le Paradiso me le anyigba ma dzi kpɔkpɔ le susu me na mekpɔa dzidzɔ.—Abe alesi Ginger Klauss gblɔe ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Esime tsatsadada zu numãme nam
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mawu ƒe ŋugbedodowo léam ɖe te