INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 9/8 axa 5-8
  • Xexe Si Me Wofiaa Fuléle Amewo le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xexe Si Me Wofiaa Fuléle Amewo le
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Edzea Egɔme tso Ðevime
  • Nukae Subɔsubɔhawo Fiana?
  • Vɔvɔ̃, Dziku, alo Nuveviwɔame ƒe Seselelãme
  • Ðe Fuléle Nu Ava Yi Gbaɖegbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Mɔ Ðeka Kolia si Dzi Woato Aɖe Fuléle Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nu Ka Tae Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 9/8 axa 5-8

Xexe Si Me Wofiaa Fuléle Amewo le

AMEWO nye ɖokuitɔdilawo tso dzɔdzɔme. Eye ne womelé ɖokuitɔdidi nu o la, ate ŋu ava zu fuléle. Menye ɖeko amewo nye ɖokuitɔdilawo le dzɔdzɔme ko o, ke amegbetɔ fiaa amewo be woanye ɖokuitɔdilawo hã!

Enye nyateƒe be kpeɖodzi menɔa nya siwo wogblɔna le amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo ŋu zi geɖe ya o, gake nɔnɔme aɖewo bɔ ale gbegbe be womate ŋu agblɔ be nutovowɔwɔ dzro ko wonye o. Ðe dunyahelawo metsia dzi ɖe dziɖuɖukpɔkpɔ le akɔdada me ŋu wu kpekpeɖeŋu nana woƒe nutometɔwo oa? Ðe asitsalawo metsia dzi ɖe gakpɔkpɔ, le mɔ fitifiti dzi ne ehiã, ŋu wu mɔxexe ɖe adzɔnu gbegblẽwo dzadzra nu oa? Ðe osɔfowo metsia dzi ɖe ŋkɔxɔxɔ alo gakpɔkpɔ ŋu wu be woakplɔ woƒe alẽha la to agbenyuinɔnɔ kple lɔlɔ̃ ƒe mɔ dzi oa?

Edzea Egɔme tso Ðevime

Ne wotsɔ mɔɖeɖeɖenuŋu he ɖeviwo la, ke wole wo hem ŋutɔŋutɔ be woadi wo ɖokui tɔ, elabena wotsɔa ameŋububu kple ɖokuitɔmadimadi saa vɔe ɖe woƒe ɖevime nudidiwo ta. Le suku kple kɔledzi la, wofiaa sukuviwo be woadze agbagba axɔ gbã, menye le agbalẽsɔsrɔ̃ ko me o ke le kamedefefewo me hã. Gɔmeɖosea enye be, “Ne èxɔ evelia la, ate ŋu adzɔ be nàxɔ susɔe hã!”

Videofefe siwo me nuvlowɔwɔ le fiaa ɖeviwo be woatsɔ ɖokuitɔdidi akpɔ kuxiwo gbɔe—woaɖe futɔa ɖa ko evɔ! Edze ƒã be esia menye nɔnɔme si doa lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ o! United States atikewɔlagã xlɔ̃ nu ƒe ewo kple edzivɔe nye sia be videofefewo nye afɔku na ɖeviwo. Egblɔ be: “Nusianu ku ɖe futɔa tsɔtsrɔ̃ ŋu. Nutuameɖo aɖeke mele fefeawo me o.” Wode dzesii le lɛta aɖe si woŋlɔ na The New York Times me be videofefe geɖe “ɖea amegbetɔ ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖitɔ kekeake fiana” eye egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Sɔhɛ tosẽlawo kple gedilawo ƒe dzidzime wònye wole tutum ɖo.” Videofefelɔ̃la aɖe si tso Germany lɔ̃ ɖe nya mlɔetɔ sia ƒe nyateƒenyenye dzi anukwaretɔe esime wògblɔ be: “Ne mele fefem kplii la, ena meyia xexe bubu me le susu me afisi nusi wonya koe nye: ‘Wui hafi wòava wu wò.’”

Ne wotsɔ ameƒomevinyenye kpe ɖe fuléle ŋu la, egavloe wu kura. Eyata edze ƒã be Germanytɔwo tsi dzi ɖe nugbɔmewɔwɔ dzidede ƒe video siwo ɖea adãwɔwɔ ɖe amedzrowo, vevietɔ ɖe Turktɔwo ŋu fiana la ŋu. Eye wotɔ dzɔ hã elabena tso January 1, 1994 la, Turktɔ 27.9 le alafa me ye nɔ amedzro 6,878,100 siwo le Germany la dome.

Ameƒomevinyenye ƒe seselelãmewo na nusi dukɔmevinyenye fiaa ɖeviwo tso vidzĩme la dzina ɖe edzi, si nye be menye nu gbegblẽ wònye be nàlé fu wò dukɔ ƒe futɔwo o. George M. Taber si ŋlɔa nya wotana ɖe Time me la de dzesii le eƒe nuŋɔŋlɔ aɖe me be: “Ðewohĩ dulɔlɔ̃ nue sẽ wu le nusiwo katã ɖe dzesi le dunyahehe ƒe ŋutinya me la dome.” Eyi edzi gblɔ be: “Wokɔ ʋu ɖi le eŋkɔ me wu nu bubu ɖesiaɖe negbe mawusubɔsubɔ ko. Amehanunɔlawo da fu siwo katã kpem wole ƒe fɔbubu ɖe gbevovodola siwo te ɖe wo ŋu dzi tsɔ ƒlɔ dzo ɖe zãzɛnyahelawo ƒe nuvlowɔhawo te ƒe alafa geɖe.”

Fuléle gbevovodolawo, ameƒomevi, alo dukɔ bubu me tɔwo si li tso gbaɖegbe ke la gbɔe egbe xexeame ƒe kuxi geɖe tso. Eye amedzrovɔvɔ̃, si nye vɔvɔ̃ na amedzrowo alo dukɔ bubu me tɔwo, le dzidzim ɖe edzi. Gake enyo be míade dzesii be Germany hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe kpɔe be afisi dukɔ bubu me tɔ ʋee aɖewo ko le boŋ ye amedzrovɔvɔ̃ le wu. Ewɔ abe esia ɖo kpe edzi be nazãbubue henɛ wu nusi teƒe ame ŋutɔ kpɔ ene. Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalaawo kpɔe be: “Xɔlɔ̃wo kple ƒomewo koŋ ye naa sɔhɛwo bua nazã.” Le nyateƒe me la, togbɔ be amesiwo wobia gbee dometɔ 77 le alafa me bua nazã ɖe amedzrowo ŋu hã la, kadodo aɖeke menɔ wo dome tẽ kpɔ o, alo womedo ka kpli wo boo o.

Mesesẽ be woafia ɖokuitɔdidi ame o, elabena mí katã míenyi ɖokuitɔdidi aɖe dome tso mía dzila madebliboawo gbɔ. Gake akpa kae subɔsubɔhawo wɔna le lɔlɔ̃ kple fuléle ƒe nya sia me?

Nukae Subɔsubɔhawo Fiana?

Amesiame bunɛ be subɔsubɔhawo doa lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ. Gake ne nenemae la, nukata mawusubɔsubɔ me vovototowo he masɔmasɔwo vɛ le Northern Ireland, Titina Ɣedzeƒe, kple India, siwo nye eƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ ko? Le nyateƒe me la, ame aɖewo ʋlia nya be dunyahehe ye hea fuɖenamenuawo vɛ, ke menye mawusubɔsubɔ o. Menye amesiamee alɔ̃ ɖe nya ma dzi o. Aleke ke nya la le o, edze ƒã be subɔsubɔhawo mete ŋu ƒã lɔlɔ̃ si nu sẽ si ate ŋu aɖu nazãbubu dzi le dunyahehe kple gbe bubu dolawo dome la ɖe amewo me o. Esia na Katolikotɔwo kple Orthodɔks-hameviwo, kpakple subɔsubɔha bubu me tɔwo ŋea aɖaba ƒua nazãbubu si hea adãwɔwɔ vɛ dzi.

Menye nu gbegblẽ be ame aɖe nate kpɔ atɔ gbe subɔsubɔha aɖe ƒe nufiafia kple nuwɔnawo siwo wòkpɔ be menyo o la o. Gake ɖe esia na etɔ dzɔ be wòado adã awɔ avu kple ha ma alo emetɔwoa? The Encyclopedia of Religion lɔ̃ wòdze kɔte be: “Subɔsubɔhakplɔlawo ɖe gbe wodze subɔsubɔha bubuwo dzi adãtɔe enuenu le Ɣedzeƒenuto aɖewo kple Europa ƒe ŋutinya me.”

Numekugbalẽ sia ɖee fia be subɔsubɔhawo ƒe nuwɔna vevi ye adãwɔwɔ nye, esi wògblɔ be: “Menye Darwin-nufiafia dzixɔselawo koe lɔ̃ ɖe edzi be aʋawɔwɔ hiã le hadomegbenɔnɔ kple susu siaa ƒe ŋgɔyiyi me o. Subɔsubɔhawo zu afisi aʋawɔwɔ kple adãwɔwɔ dzea egɔme tsonɛ ɣesiaɣi, eye ehe tɔtrɔ vɛ.”

Womate ŋu agblɔe wòasɔ be adãwɔwɔ nyo le esi wòhiã hena nuwo ƒe ŋgɔyiyi ta o, elabena esia atsi tre ɖe gɔmeɖose nyanyɛ si Yesu Kristo gblɔ esime apostolo Petro te kpɔ be yeakpɔ eta la ŋu. Petro “do eƒe asi ɖa, di yi heda nunɔlagã ƒe dɔla, eye wòkpa to nɛ. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.”—Mateo 26:51, 52; Yohanes 18:10, 11.

Ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu—woɖanye ame nyui alo ame vɔ̃ɖiwo o—menye lɔlɔ̃ ɖeɖefia o. Eyata amesiwo sẽa ŋuta ƒe nuwɔna tsi tre ɖe gbɔgblɔ be Mawu lɔ̃amea srɔ̃m yewole la ŋu. Nuŋlɔla Amos Oz gblɔe nyitsɔ laa be: “Edzena le mawusubɔsubɔ me zãzɛnyahelawo ŋu . . . be ‘sedede’ siwo woxɔna tso Mawu gbɔ ɣesiaɣie nye sedede aɖe si metrɔna gbeɖe o si nye: Miwu ame. Anɔ eme godoo be zãzɛnyahelawo katã ƒe mawue abosam nye.”

Biblia gblɔ nya aɖe si ɖi esia, be: “Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o. Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã? Eye míexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.”—Yohanes I, 3:10, 15; 4:20, 21.

Ele be subɔsubɔha vavãtɔ naɖe lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme afia, si ƒe akpa aɖee nye be woalɔ̃ futɔwo gɔ̃ hã. Míexlẽ le Yehowa ŋu be: “Eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:44, 45; kpɔ Yohanes I, 4:7-10 hã.) Aleke gbegbe wòto vovo na Satana si nye fuléle ƒe mawu lae nye si! Eflua amewo heblea wo nu wonɔa agbe yakayaka, wowɔa nu vlo, eye wodia wo ɖokui tɔ, eye esia na woƒe agbenɔnɔ zua vevesese kple xaxa sɔŋ. Ewɔa esia togbɔ be enya nyuie be agbe baɖa sia nɔnɔ ahe tsɔtsrɔ̃ vɛ na wo mlɔeba hã. Ðe Mawu ma si mete ŋu kpɔa eya ŋutɔ ƒe amewo ta o—edze ƒã be medi be yeakpɔ wo ta gɔ̃ hã o—la tɔgbe ye wòdze be míasubɔa?

Vɔvɔ̃, Dziku, alo Nuveviwɔame ƒe Seselelãme

Míate ŋu aɖo kpe edzi bɔbɔe be nusiawo hea fuléle vɛ. Time ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Menye tso ƒe 1930 ƒe ƒeawo mee Europa-blemanuwɔwɔ dzidela vovovoawo te ŋu wɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe siwo dze abe ade wo dzi ene la ŋudɔ o. . . . Esi amewo le vɔvɔ̃m be yewoƒe dɔwɔɖui age le yewo si ta la, dzi kua wo le esi dziɖuɖu siwo ƒe nya me mesẽ o zi kpi ta eye wodaa fɔbubuwo ɖe dukɔ bubu me tɔ siwo le wo dome dzi.” Jörg Schindler he susu yi dunyahehe me sitsoƒedila akpe bla nane siwo nyẽ zi va Germany le ƒe blaeve siwo va yi me dzi le Rheinischer Merkur/Christ und Welt me. The German Tribune xlɔ̃ nu be: “Ameƒomevinyahehe le dzidzim ɖe edzi le Europa.” Ne ʋuʋulawo va sɔ gbɔ ɖe teƒe aɖe fũ la, ehoa fuléle ɖe amewo me. Wosena amewo toa nyatoƒoe be: ‘Wogblẽa ga na mí, wole míaƒe dɔwɔɖuiwo xɔm, eye wonye afɔku na mía vinyɔnuviwo.’ Theodore Zeldin si hã nɔ eme woɖo Antony Kɔkɔe ƒe Kɔledzi ɖe Oxford la gblɔ be amewo “wɔa ŋutasẽnu elabena wobunɛ be yewoɖo afɔku me alo woda yewo ɖe anyi. Nu mawoe na wodoa dziku si ŋu wòle be woalé ŋku ɖo.”

Britain-television dzi nyadzɔdzɔgblɔla Joan Bakewell zã nya siwo sɔ tsɔ ɖɔ alesi míaƒe xexea le, si nye xexe si fiaa dumeviwo be woalé fu ame. Eŋlɔ bena: “Menye Kristotɔ si le subɔsubɔha aɖe me koŋ ye menye ya o, gake mede dzesi nyateƒe vevi matrɔmatrɔ aɖe le Yesu ƒe nufiafia me be: nuvɔ̃ nye lɔlɔ̃ ƒe anyimanɔmanɔ dziŋɔ. . . . Menya be xexe si me amewo mexɔ lɔlɔ̃ ŋuti nufiafia dzi se boo o mee míele. Le nyateƒe me la, wonye amesiwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o ale gbegbe be wobua nufiafia sia tɔgbe be enye nu manyomanyo, seselelãme ɖeɖefia, kple Drɔ̃eƒenya, eye amewo ɖua fewu le nya si nye be woana belélename kple ɖokuitɔmadimadi naxɔ ŋgɔ na viɖedidi kple ame ŋutɔ ƒe nudidi la ŋu. Wogblɔna be ‘Mina míadze ŋgɔ nyateƒea ŋutɔŋutɔ’ eye wovuna ɖe dɔwɔɖoɖo yeyewo ŋu, wowɔa alɔgblɔlɔ le dɔ siwo wòle be woawɔ ŋu eye wobua nusiwo ɖo kpe edzi wòdze ƒã be ame gbegblẽwoe wonye la nu tsɛwoe. Xexe sia tɔgbe me tɔwo zua amesiwo nu glo, akogotsilawo, kple amesiwo mete ŋu ɖoa nusiwo wobuna le hadomegbenɔnɔ me be wofia dzidzedzekpɔkpɔ, bubunɔameŋu kple ƒome kpɔdzidzɔwo la gbɔ o.”

Edze ƒã be xexe sia me mawu, Satana, le nu fiam ameƒomea be woalé fu ame. Gake mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu asrɔ̃ amelɔlɔ̃. Nyati si kplɔe ɖo aɖee afia be esia anya wɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðe wòate ŋu anye be videofefewo le fuléle fiam viwòwoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Adã si wowɔna le aʋawɔwɔ me nye numanyamanya kple fuléle ƒe dzesi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pascal Beaudenon/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe