Ðeviwo ƒe Lãmesẽ Takpɔkpɔ
NYATAKAKA aɖe si dze le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha (UNICEF) ƒe agbalẽ si nye The Progress of Nations me fia be ɖeviwo ƒe lãmesẽnyawo ka ɖe eme ŋutɔ le dukɔ geɖe me. To alesi dziɖuɖuwo kple dukɔwo dome habɔbɔwo wɔ ɖeka wɔ nui me la, alesi ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o kunae la dzi ɖe kpɔtɔ le dukɔ geɖe me. Gake The Progress of Nations fia hã be vevietɔ le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la, woate ŋu ato mɔnu bɔbɔe aɖewo siwo mebia gazazã boo o dzi axɔ ɖeviwo ɖe agbe ƒe sia ƒe. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna siwo nɔ nyatakakaa me la aɖe vi na dzila siwo le dukɔ mawo me kple teƒe bubuwo.
Nonana. Woɖo aɖaŋu le nyatakakaa me be: “Nonanae nye nu gbãtɔ si ana woƒe lãme nasẽ eye woakpɔ nunyiame le woƒe nuɖuɖu me.” Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gblɔ be, “ne ɖe wonaa no ɖeɖeko vidzĩwo le ɣleti ade gbãtɔwo me la, anye ne ɖevi miliɔn 1 kple edzivɔ atsi agbe.” Esi wònye kɔdziwo kple vidziƒewo ƒe aɖaŋuɖoɖo kpɔa ŋusẽ wu ta la, UNICEF kple WHO le “kɔdzi siwo tsɔa ɖe le eme na vidzĩwo” dzi dem. Woƒe taɖodzinue nye be woade dzi ƒo na kɔdziwo be woakpe ɖe vidada siwo dzi vi teti ŋu ahaɖo aɖaŋu nyui na wo tso nonana ŋu.
Dzadzɛnyenye kple tsi dzadzɛ. Wogblɔ le nyatakakaa me be: “Woate ŋu aɖe dɔléle ƒe nugbegblẽ dzi akpɔtɔ kura ne wozãa tsi nyui, wodea afɔdzi ɖe afɔdzideƒe nyuiwo, ne woklɔa asi hafi kaa asi nuɖuɖu ŋu, kple ne woɖaa nu hedzranɛ ɖo nyuie.” Togbɔ be ebia agbagbadzedze geɖe hafi wokpɔa tsi dzadzɛ le nuto aɖewo me hã la, ehiã vevie ŋutɔ hena ɖevi kple ƒomewo ƒe lãmesẽkpɔkpɔ.
Nunyuiɖuɖu. Ele nyatakakaa me be vitamin-A nuwo ɖuɖu ate ŋu awɔe be ɖevi miliɔn etɔ̃ sɔŋ nagaku o ƒe sia ƒe. Wogblɔ be, kuxia gbɔ kpɔnu li eye ate ŋu aka amesiame si, eye woakpɔ egbɔ ne wotrɔ asi le nusiwo woɖuna ŋu, ne woɖua nusiwo me nunyiame le, alo ne womã vitamin-A tikekuiwo na wo. Ele vi ɖem xoxo le dukɔ siwo me vitamin-A nuwo mebɔ ɖo o me esi womã vitamin-A tikekui siwo xɔ [United States ga] sent eve pɛ na ɖeviwo enuenu. Nuɖuɖu siwo hã wokafu enye aɖiba, mango, carrot, amagbewo, kple koklozi.
Tsinatike Wɔwɔ. UNICEF gblɔ be woate ŋu axe mɔ na ɖevi agbɔsɔsɔme siwo mitsinyenye wuna ƒe sia ƒe la ƒe afã ƒe ku ne wodzro tsi dzadzɛ kple dze kpakple sukli alo mɔli tutu, si wɔwɔ mesesẽ o eye mexɔ asi hã o.a Ele hã be dzilawo nayi edzi anɔ nuɖuɖu nam ɖevia. Woto mɔ sia nu le xɔxɔm na ɖevi siwo ade miliɔn ɖeka ƒe sia ƒe xoxo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi nya bubuwo ku ɖe viwòwo ƒe lãmesẽ takpɔkpɔ ŋu la, taflatse xlẽ April 8, 1995 ƒe Nyɔ!, axa 3-14.
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
WHO