Ènyaa?
(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 29. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)
1. Ŋutilãmedɔ kae wonya na Yesu le wo de? (Marko 6:3)
2. Amekae nye Kristotɔ si nɔ Roma si dada Paulo lɔ̃ vevie ale gbegbe be Paulo yɔe be ye ŋutɔ hã ye dada? (Romatɔwo 16:13)
3. Ŋutsu kawo ƒe atsudzɔdzɔe ŋkutsala siwo Mose dɔ le Xebron kpɔ wòdo ŋɔdzi na wo dometɔ ewo ale gbegbe be wonɔ vɔvɔ̃m na Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi? (Mose IV, 13:22, 32, 33)
4. Le blematɔwo ƒe nudzidze nu la, amiti ƒe ami agbɔsɔsɔme kae wozã tsɔ wɔ ami kɔkɔe si wosina na ame lae? (Mose II, 30:24)
5. Nukae adzɔ ɖe “ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ” dzi? (Lododowo 10:7)
6. Afikae amesiwo tsɔ Yakob ƒe kukua va tɔ ɖo ŋkeke adre fa konyi hafi va ɖii ɖe Maxpela-kpeto me? (Mose I, 50:10, NW)
7. Nukatae Persia Fia Axasweros gblɔ na eƒe aƒedzikpɔlawo be woakplɔ Fianyɔnu Wasti va ye ŋkume? (Ester 1:10, 11)
8. Nudzɔdzɔ ka mee Absalom ku le? (Samuel II, 18:9)
9. Nukae Kaleb be yeatsɔ ana amesi axɔ Debir ƒe mɔ̃ sesẽ la? (Yosua 15:16)
10. Nya kawoe Yehowa zã tsɔ ɖe eƒe mavɔmavɔtɔnyenye fiae le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me? (Nyaɖeɖefia 1:8; 21:6)
11. Avɔ kae zu kɔ wotana le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me tsɔ faa konyii? (Ester 4:1)
12. Esi Barsilai medi be yeaxɔ Dawid ƒe amekpekpea o la, amekae wòkafu be wòaxɔ ɖe ye teƒe le fiaƒea me? (Samuel II, 19:38)
13. Nukae Paulo na wonya si ta womegaƒoe kple atam le Yerusalem o? (Dɔwɔwɔwo 22:24-29)
14. Afikae Fia Saul yi ŋɔliyɔla gbɔ le? (Samuel I, 28:7)
15. Nukae Romatɔwo tsɔ de nuɖusi me na Yesu be yewoaɖu fewu le eŋu eye emegbe woxɔe tsɔ ƒo tame nɛ? (Mateo 27:29, 30)
16. Amesi nye gbolo kpɔ kae va zu Yesu mama? (Mateo 1:5)
17. Kpe ɖaɖɛ kae Mose srɔ̃ Zipora tsɔ tso aʋa na viae be dzɔgbevɔ̃e medzɔ ɖe wo dzi o? (Mose II, 4:25, NW)
18. Nuka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu ame kuku siwo woafɔ ɖe tsitre? (Nyaɖeɖefia 20:12)
19. Ameka ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula”? (Zaxarya 3:1, NW)
20. Ne wotso “hamemegã” aɖe nu la, mele be woaxɔe o negbe ne wotsɔ nuka ɖo kpe edzi ko hafi? (Timoteo I, 5:19)
21. Amekae ka aʋatso ɖe Yeremya si tsɔ lée be edi be yeayi Babilontɔwo ƒe akpa dzi? (Yeremya 37:13, 14)
22. Du ka me tɔwoe si Israel-viwo le Axan ƒe nuvɔ̃ ta? (Yosua 7:4, 5)
23. Mele be woaɖe mɔ na amesi ŋu ŋusẽ le wòawɔ dɔ hafi gbe dɔwɔwɔ be wòawɔ nuka o? (Tesalonikatɔwo II, 3:10)
24. Yuda viŋutsu eve kawoe Yehowa wu le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta? (Mose I, 38:7-10)
25. Nuka dzi mawɔmawɔ tae wote ŋu wua ame ɖo le blema Israel? (Mose II, 31:14, 15)
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖo
1. Atikpadɔ
2. Rufo
3. Enakimwo, alo Enak viwo, amesiwo wobu vodadatɔe be wonye Nefilimwo ƒe dzidzimeviwo
4. Hin ɖeka
5. Anyunyɔ
6. Atad
7. Be wòafia eƒe tugbedzedze
8. Esi wòdo tedzisɔ va yina la, eƒe ta va ɖo ati gã aɖe ƒe alɔwo dome eye wòxaxa ɖe wo me, ale be wòtsi yame
9. Atsɔ vianyɔnu Axsa nɛ wòaɖe
10. “Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu”
11. Akpanya
12. Kimham
13. Be Romatɔe yenye
14. En-dor
15. Ayeti
16. Raxab
17. Dzosikpe
18. “Nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la” nue
19. Satana tɔe
20. Ðasefo eve alo etɔ̃
21. Yiriya
22. Ai
23. Wòaɖu nu
24. Ger kple Onan
25. Sabat maɖumaɖu