INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 7/8 axa 15-22
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 7/8 axa 15-22

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui si woyɔ me, eye woŋlɔ ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 22. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Amekawoe ‘gli kple dzidzɔ’ esime Mawu ‘ɖo’ anyigba ‘gɔme anyi’? (Hiob 38:4-7)

2. Nukae madzɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea dzi gbeɖe o? (Daniel 2:44)

3. Nukae Dawid tsɔ eɖokui sɔ kple tsɔ fia Saul be mehiã kura be wòati ye yome o? (Samuel I, 24:14)

4. Afikae mawudɔla adrelia kɔ Mawu ƒe fuwɔame si le esi me la ɖo? (Nyaɖeɖefia 16:17)

5. Nukatae woyɔ Yakob ƒe dzidzimeviwo be Israel-viwo ɖo? (Mose I, 32:28)

6. Tsi ka mee dze sɔ gbɔ ɖo wu le anyigba katã dzi? (Kpɔ Mose I, 14:3.)

7. Nukatae woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woado gbe ɖa le “fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta”? (Timoteo I, 2:1, 2)

8. Yudatɔwo degbe me nyagbɔgblɔ kae Yesu zã esime wònɔ gbe dam na amesi nye tokunɔ kple aɖetututɔ? (Marko 7:34)

9. Afikae Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ le? (Yohanes 2:11)

10. Megbeŋkɔ kae wotsɔ na Esau? (Mose I, 36:1)

11. Lã kae Yesu zã tsɔ wɔ alesi wòdi be yeaƒo Yerusalemtɔ siwo gbe toɖoɖo nu ƒu hafi ƒe kpɔɖeŋu? (Luka 13:34)

12. Ga ka ƒomevie wozãna tsɔ nyrea nusiwo wotsɔ ga ma ƒomevi ke wɔe? (Lododowo 27:17)

13. Afikae apostolo Yohanes kpɔ Alẽvi la kple ame 144,000 la le ŋutega me wole tsitre ɖo? (Nyaɖeɖefia 14:1)

14. Amekawoe tsɔ nyabiabia vevi si ku ɖe aʋatsotso na amesiwo menye Yudatɔwo o ŋu yi na dziɖuha la le Yerusalem? (Dɔwɔwɔwo 15:2)

15. Afikae nye Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea ƒe fiadu? (Fiawo I, 16:29)

16. Nukae nye ‘lã wɔadã’ la ƒe xexlẽdzesi? (Nyaɖeɖefia 13:18)

17. Nukatae Seba-fianyɔnu la zɔ mɔ yi ɖe Yerusalem? (Fiawo I, 10:4)

18. Yuda-fia ka mee dzo nɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu ale gbegbe be wòɖe mamaa ɖa le fiaɖuƒea me le ‘legba dziŋɔ’ si wòwɔ ta? (Fiawo I, 15:13, NW)

19. Nuka mee mawudɔla evelia kɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu si wotsɔ nɛ la ɖo? (Nyaɖeɖefia 16:3)

20. Israel-fia vɔ̃ɖi kae sẽ ŋuta le Tapuaxtɔwo ŋu vevie? (Fiawo II, 15:16)

21. Aʋawɔnu kae wolɔ̃a dada? (Yosua 8:18)

22. Ŋkɔ kae wova yɔ na ɣleti si wobuna ɖe dzinua dzi si nye Etanim le tɔtrɔgbɔ tso aboyome me le Babilon vɔ megbe?

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Mawu vi siwo nye mawudɔlawo

2. ‘Matsrɔ̃ o’

3. “Dosu ɖeka kolia”

4. Ya me

5. Elabena Mawu trɔ ŋkɔ nɛ wòzu Israel

6. Ƒukukua

7. “Bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me”

8. Hefata (si gɔmee nye “ʋu”)

9. Kana

10. Edom

11. Koklonɔ

12. Gayibɔ

13. Dziƒo Zion-to la dzi

14. Paulo kple Barnaba

15. Samaria

16. 666

17. Be yease Salomo ƒe nunya

18. Asa

19. Atsiaƒu

20. Menaxem

21. Akplɔ

22. Tishri

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe