INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 12/8 axa 3-5
  • Nukae Ade Ðevia Dzi wu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Ade Ðevia Dzi wu?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzila si Axɔ Ðevia ƒe Mɔnuwo
  • Biabia Siwo Ate Ŋu Afɔ Ðe Te
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Nukpɔsusu Si Da sɔ
    Nyɔ!—1997
  • Dzila Si Axɔ Ðevia Mawusubɔsubɔ Kple Se la
    Nyɔ!—1997
  • Ale Si Srɔ̃gbegbe Gblẽa Nu Le Ðeviwo Ŋu
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Nu Ene Siwo Wòle Be Nànya Le Srɔ̃gbegbe Ŋu
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 12/8 axa 3-5

Nukae Ade Ðevia Dzi wu?

ÐE MAGBE srɔ̃nye loo alo magagbee oa? Nya sesẽ mae le susu me na ame geɖe siwo ɖe srɔ̃ gake womele dzidzɔ kpɔm o. Gbaɖegbe ʋĩ ke la, amewo medzɔa dzi ɖe srɔ̃gbegbe ŋu o eye wote ŋu bua fɔ nuwɔna sia kura gɔ̃ hã le agbenyuinɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ƒe susuwo ta. Eye zi geɖe la, dzila siwo srɔ̃ɖeɖe mele vivim na o la ganɔa wo nɔewo gbɔ le ɖeviawo ta. Gake xexe sia me dzidzenuwo trɔ kura le fifi ɣeyiɣiwo me. Woda asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi le teƒe geɖe egbea.

Gake togbɔ be amewo da asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi hã la, dzilawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo, kple ame bubu geɖewo le dzi tsim ɖe nusi srɔ̃gbegbe le gbegblẽm le ɖeviwo ŋu la ŋuti. Amesiwo le nuxlɔ̃me nam tso eŋu la le dzidzim ɖe edzi fifia. Kpeɖodziwo le dzidzim ɖe edzi siwo fia be srɔ̃gbegbe ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo ŋu vevie. Wole eƒom ɖe dzilawo nu be woabu nusiwo ado tso srɔ̃gbegbe me na woawo ŋutɔ kple wo viwo ŋu. Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala Sara McLanahan si le Princeton Yunivɛsiti gblɔ be, “ɖewohĩ anyo be ƒome siwo gbea srɔ̃ la ƒe memamã etɔ̃ ƒe akpa ɖeka va ɖo memamã ene ƒe akpa etɔ̃lia nagbɔ dzi ɖi ahabu tame akpɔ be nusi wɔm yewole la nyo loo alo menyo o.”

Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be ele bɔbɔe be ɖevi siwo dzilawo gbe wo nɔewo la nafɔ fu le woƒe ƒewuiwo me, woadzudzɔ sukudede, woalé blanui, woawo hã woagbe wo srɔ̃wo, eye woava nɔ kpekpeɖeŋuxɔlawo dome. Ðevi 1 le 6 ɖesiaɖe me ƒe dzilawo gbea wo nɔewo le Ɣetoɖoƒe dukɔwo me. Ŋutinyaŋlɔla Mary Ann Mason gblɔ le eƒe agbalẽ si ƒo nu le ɖevixɔxɔ le United States ŋu me be: “Ate ŋu adzɔ ɖe ɖevi si wodzi le ƒe 1990 me dzi zi gbɔ zi 50 le alafa me be ʋɔnudrɔ̃ƒe natso nya me le afisi wòanɔ kple amesi gbɔ wòanɔ ŋu.”

Nublanuitɔe la, fulélea nu metsina le srɔ̃gbegbea megbe o, elabena dzilawo ate ŋu anɔ nyaʋiʋli dzi le ʋɔnu ɖe ɖevia xɔxɔ kple esasrãkpɔ ƒe gomewo ta, si gana ɖeviawo kpea fu ɖe edzi. Dziku si wotsɔ kpea ŋgo le ʋɔnudrɔ̃ƒe si va zu abe aɖikãtɔwo ƒe nyaʋliƒe ene la doa ɖeviawo ƒe nuteƒewɔwɔ na wo dzilawo kpɔna eye wokpɔnɛ be wɔna vɔ le yewo ŋu eye wovɔ̃na gɔ̃ hã.

Ƒomeɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Srɔ̃gbegbe mexɔna na ɖeviwo o. Dzilawoe wòxɔna na ɣeaɖewoɣi.” Nya lae nye be, dzilawo ate ŋu akpɔ woa ŋutɔwo ƒe kuxi sesẽwo gbɔ ne wogbe wo nɔewo, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, woate ŋu awɔ nuvevi wo viwo, amesiwo anɔ fu kpem le woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me be yewoanɔ te ɖe nusi wògblẽ le wo ŋu la nu.

Dzila si Axɔ Ðevia ƒe Mɔnuwo

Le dzrehehe kple vevesese si nɔa srɔ̃gbegbe me ta la, asesẽ ŋutɔ be woadzro amesi gbɔ ɖeviawo ava nɔ ŋuti nyawo me le dziɖeɖi kple nunya me. Be dzilawo natso dzre dzi eye woaƒo asa na nyatsɔtsɔ ɖe wo nɔewo ŋu la, mɔnu bubuwo le nuto aɖewo me hena nyawo gbɔ kpɔkpɔ, abe nyaa gbɔ kpɔkpɔ ʋɔnu mayimayii ene.

Ne wolé avu nyuie la, ena dzilaawo wɔa ɖoɖo ɖe nuwo ŋu tsɔ wu be woagblẽ nyametsotsowɔwɔa ɖe ʋɔnudrɔ̃la si me. Ne nyaa gbɔ kpɔkpɔ medze edzi o la, dzilawo ate ŋu ato woƒe senyalawo dzi awɔ ɖoɖo ɖe ɖevia xɔxɔ kple esasrãkpɔ ŋu. Ne dzilaawo lɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi eye wodee agbalẽ me ko la, ʋɔnudrɔ̃la la ate ŋu ade asi agbalẽ si me woƒe didiwo le la te.

Ne dzilaawo mete ŋu lɔ̃ ɖe amesi axɔ ɖevia ƒe ɖoɖo aɖe dzi o la, wowɔ mɔnu aɖewo le dukɔ akpa gãtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo me bene woatsɔ akpɔ egbɔ be wokpɔ ɖeviawo ƒe nyonyo ta. Ðeviawo ŋue ʋɔnudrɔ̃la la atsi dzi ɖo vevie, menye dzilawo ŋu o. Ʋɔnudrɔ̃la la abu nya vevi geɖe ŋu, abe nusiwo dzilawo di, ƒomedodo si le ɖevia kple dzila ɖesiaɖe dome, nusiwo nyoa ɖevia ŋu, kple ŋutete si le dzila ɖesiaɖe ŋu be wòakpɔ ɖevia dzi gbesiagbe ene. Emegbe ʋɔnudrɔ̃la la adi be yeanya afisi kple amesi gbɔ ɖevia anɔ kpakple alesi dzilaawo awɔ nyametsotso veviwo le ɖevia ƒe etsɔme ŋu.

Le dzila ɖeka gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖo me la, dzila ɖeka ko sie ŋusẽ ate ŋu anɔ be wòawɔ nyametsotsowo. Le dzila evea gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖo me la, ele be dzila evea siaa nada asi ɖe nyametsotso veviwo abe ɖevia ƒe lãmesẽgbɔkpɔkpɔ kple sukudede ene dzi.

Biabia Siwo Ate Ŋu Afɔ Ðe Te

Ne vixɔxɔ ƒe ʋɔnunya dze ŋgɔ dzila siwo nye Yehowa Ðasefowo la, ele be woabu nu nyuitɔ kekeake si ade ɖeviawo dzi le gbɔgbɔ me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nukae woawɔ ne dzila si menye Ðasefo o la gbe be womegana Biblia me hehe aɖeke ɖeviawo o? Alo nukae woawɔ ne dzila si menye Ðasefo o nye amesi woɖe le Kristo-hamea me?

Nɔnɔme siawo ate ŋu ana nyametsotsowɔwɔ nasesẽ na dzila Kristotɔwo. Woadi be yewoawɔ nu le nunya kple nugɔmesese me, eye esi wotsɔ gbedodoɖa le nusi anye nyuitɔ kekeake na ɖeviawo ŋu bum la, wodi be dzitsinya nyui nanɔ yewo si le Yehowa ŋkume.

Nyabiabia siwo ŋu míalé ŋku ɖo le nyati siwo gbɔna me dometɔ aɖewo nye esiawo: Nya kae se la gblɔ le mawusubɔsubɔ ŋu ne wole vixɔxɔ ƒe gomekpɔkpɔ nana ame ŋu bum? Aleke mawɔ akpɔ vixɔxɔ ƒe nya gbɔ dzidzedzetɔe? Ne vinyewo megava le gbɔnye o ɖe, aleke mawɔ anɔ te ɖe enu? Aleke wòle be mabu dzila eve gbɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖo wɔwɔ kple dzila si woɖe le hamea mee?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe