Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Ahatsunono le Mexico
Numekuku siwo Mexico ƒe Amewo ƒe Dedienɔnɔ Dɔwɔƒe wɔ la fia be ahatsunola miliɔn ene kple edzivɔe nɔ Mexico le ƒe 1991 me. Gake Mexico City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ El Universal gblɔ be ɖewohĩ xexlẽme ma aɖo eƒe teƒe eve le ƒe 1997 me. Ebe Ahatsunola Manyamanyawo ƒe Ha gblɔ be ahatsunola miliɔn enyi siwo le Mexico la dometɔ miliɔn etɔ̃ le Mexico City. Le El Universal ƒe nya nu la, ahae amewo muna hafi wɔa nu vlo akpa gãtɔ le Mexico. Ahamumu na wogbea dɔmeyiyi eye womedzea agbagba le suku o. José Manuel Castrejón, si nye Dukɔa ƒe Numãmewo Ŋuti Aɖaŋuɖoha teƒenɔla gblɔ be: “Adãnuwɔwɔ le ƒomewo me ƒe alafa memamã 50 kple afɔku atɔ̃ ɖesiaɖe si dzɔna le dɔme dometɔ ɖeka do ƒome kplikplikpli kple ahanono.”
Aɖaŋuɖoɖowo na Yameʋuɖolawo
Mɔ didi zɔzɔ le yameʋu me tea ɖeɖi susu kple ametia ŋu, eye London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Times ɖo gbɔdzɔekpɔkpɔ ŋuti ɖaŋu aɖewo. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be “woatsri aha sesẽ gake woano aha vivi sɔ gbɔ, woaɖu nusiwo mekpena o eye nàtsɔe be yele nɔƒe nyui aɖe.” Teƒe ɖeka nɔnɔ ɣeyiɣi didi ate ŋu ana afɔ nate eye wòana nudodowo nawɔ abe ɖe womia ame ene. Eyata The Times gblɔ be, “ɖɔktawo ɖo aɖaŋu be nàdo awu siwo gblo, eye nàɖe afɔkpa eye nàbia be yeanɔ zikpui si te ɖe afɔtoƒe ŋu ale be nàte ŋu anɔ tsotsom edziedzi anɔ aɖuɖɔɖɔƒe yim.” Wò abɔwo kple afɔwo bibi kple wo me dede le mɔa zɔɣi ana nàƒo asa na ʋusisi ƒe kuxiwo. Bene woaƒo asa na nutikɔname le yameʋuɖoɖo ta la, “ɣeaɖewoɣi mɔzɔla bibiwo wɔa asitɔtrɔ le woƒe gbesiagbedɔwɔnawo ŋu do ŋgɔ na mɔa zɔzɔ. Amesiwo aɖo ta ɣedzeƒe la fɔna kaba hena kwasiɖa ɖeka eye amesiwo aɖo ta ɣetoɖoƒe memlɔa anyi kaba o.”
Tokyo ƒe Akpaviã Siwo Yina Gbɔna
The Daily Yomiuri ka nya ta be eva zu numãme na akpaviã siwo le Tokyo, Japan, be woanɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm le gbɔtoduwo kple dugã la dome gbesiagbe. Xeŋutinunyalawo gblɔ be nusia dze egɔme ƒe ʋee aɖewo siwo va yi esi akpaviãwo va sɔ gbɔ akpa ɖe Tokyo ƒe abɔwo me kple gbedoxɔ kpowo dzi ale gbegbe be wòva hiã be akpaviãwo nayi aɖawɔ atɔ ɖe teƒe bubuwo. Ɣemaɣi hafi wova kpɔ dzidzeme si le gbɔtodu me nɔnɔ me dze sii. Gake dugã me nuɖuɖu viviwo—gbeɖuɖɔ kple nuɖuɖu kpɔtɔe siwo wotsɔ ƒu gbe—koe to wo ŋu. The Daily Yomiuri gblɔ be wokpɔ kuxi sia gbɔ esi wova srɔ̃ “nusi ɖi alesi dɔwɔla fetuxɔlawo yia dɔme gagbɔnae. Wodzona yia dugãwo me le ŋdi ɖadia nuɖuɖu, eye wotrɔna vaa gbɔtoduawo me le fiẽ.”
Dzɔdzɔmenu Xɔasiwo Ðo Afɔku Me
◆ Wobu akɔnta be fifia numiemie hamehame 650 kple lã hamehame 70 ye ɖo afɔku me le India ƒe dzieheɣedzeƒe nuto si me numiemiewo kple lãwo bɔ ɖo me. Wode dzesi Meghalaya nutome, si le Bangladesh ƒe liƒo dzi ƒe nugbagbewo kple wo nɔƒe si gblẽ vɔ be enye ‘teƒe 18 siwo ŋu wòhiã be woatso ɖo kpata’ siwo ƒe numiemiewo kple lãwo kpakple wo nɔƒewo ɖo afɔku me la dometɔ ɖeka. Abe alesi wogblɔe le The Asian Age me ene la, amegbetɔ ƒe atitsotso kple adedada manɔsenu kpakple nu bubuwoe le nu gblẽm le numiemieawo kple wo nɔƒea ŋu. Wobu India ƒe dzieheɣedzeƒe nuto adreawo be woƒe lãwo kple numiemiewo nɔƒewo domee le gbegblẽm wu eye woƒe nugbagbewo kple wo nɔƒewoe hiã beléle wu dukɔa ƒe akpa bubuwo tɔ.
◆ Le Italy la, numiemie hamehamewo kple wo ƒomevi bubu siwo ɖo afɔku me la le agbɔ sɔm ɖe edzi. Le ƒe 1992 me la, 458 ye wobu be woɖo afɔku me, gake kaka ƒe 1997 naɖo la, xexlẽme ma dzi ɖe edzi ɖo 1,011. Corriere della Sera ɖe nu me be: “Italy numiemie vovovowo ƒe memamã ɖeka le adre me lɔƒoe ɖo afɔku me le mɔ aɖe nu, eye hamehame 29 sɔŋ tsrɔ̃ le ƒe ʋee siwo va yi me.” Hamehame 120 kple edzivɔ “ate ŋu atsrɔ̃ kpata le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe,” eye nenemae wòate ŋu adzɔ ɖe 150 kloe dzi le etsɔ si gbɔna kpuie me. Le numiemieŋutinunyala Franco Pedrotti si le Camerino Yunivɛsiti ƒe susu nu la, “agbɔsɔsɔme siawo nye ŋkubiãnya gã aɖe.” Numiemie ɖeka aɖe tsrɔ̃ keŋ le eƒe dzɔdzɔmenɔƒe esi wotsɔ afisi ko wòte ŋu miena le wɔ bɔlƒoƒee.
◆ Le Argentina la, Buenos Aires nyadzɔdzɔgbalẽ Clarín ka nya ta be afima ƒe lã hamehame 2,500 dometɔ 500 ɖo afɔku me. Claudio Bertonatti si nye dɔnunɔla na Gbemelãwo Ŋuti Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒe si kpɔa nuwo ta gblɔ be: “Togbɔ be lãwo kple numiemiewo ta kpɔkpɔ le woƒe dzɔdzɔmenɔƒewo nye nusi ade amewo ƒe nyonyo dzi fifia kple le etsɔme hã la, lã geɖewo le bubum.” Lã ƒomevi siwo ɖo afɔku me le Argentina dometɔ aɖewoe nye liʋi, lãkle, kposɔ ƒomevi aɖe, boso, kple klo. Nyatakaka la gblɔ be le Buenos Aires ƒe akpa gãtɔ la: “Togbɔ be wode se ɖe wo dzadzra nu hã la, wodzraa klo siwo ade 100,000 ƒe sia ƒe.” Bertonatti gblɔ be: “Amegbetɔ si wòle be wòanye ame gbãtɔ si atsɔ ɖe le nu xɔasi siawo nɔƒe ta kpɔkpɔ me boŋue hea afɔkua gãtɔ vɛ eye wòna nugbagbe geɖe ɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe agbo nu.”
Maria Ye Kpɔ Kristo si Fɔ Ðe Tsitre la Gbã?
Papa John Paul II gblɔ kakaɖedzitɔe be “esɔ be woasusu be ɖewohĩ [Maria, Yesu] Dadae nye ame gbãtɔ si Yesu si fɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fiae.” (L’Osservatore Romano) Nyanyuigbalẽ eneawo dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke tso Yesu dada ŋu be enɔ eteƒe esime wokpɔ be eƒe yɔdo nɔ ƒuƒlu o. Gake Papa gblɔ hã be: “Aleke wɔ hafi Maria Yayratɔ si nɔ nusrɔ̃lawo ƒe ha gbãtɔa me (tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 1:14) la, manɔ amesiwo kpɔ Via dziƒomea esi wòfɔ tso ame kukuwo dome vɔ megbe la dome o?” Papa gblɔ nya geɖe be yeatsɔ aɖe nu me le alesi nuŋlɔɖi aɖeke mele Nyanyuigbalẽawo me ku ɖe Yesu kple dadaa ƒe gododo ŋu o la me. Nyateƒea koe nye be gbɔgbɔ kɔkɔea meʋã Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo be woaŋlɔ nu tso nyadzɔdzɔ ma tɔgbe ŋu o. Eye meʋã wo be woayɔ eƒe ŋkɔ le apostoloawo ƒe lɛtawo me hã o.—Timoteo II, 3:16.
Dzomeŋɔli ƒe Afɔku Le Anyiehe
January ye nye ɣleti siwo xɔa dzo wu ɖesiaɖe le Xexeame ƒe Anyiehe dometɔ ɖeka. FDA Consumer magazine ɖe nu me be ele vevie be woakpɔ ame ɖokui ta tso gbafaƒoame me ne xexeame dze dzo. Lãmetsiŋutinunyala Ðk. Elizabeth Koller gblɔ be togbɔ be gbafaƒoame te ŋu wua ame alafa geɖe ƒe sia ƒe hã la, woate ŋu axe mɔ ɖe enu kura. Hloloetsotso le ŋdɔgbe ate ŋu ana gbafa naƒo ame, gake ate ŋu adze amesiwo tsi wu siwo si xɔmefamɔ̃ mele o eye dɔ aɖe le wo ŋu abe suklidɔ alo dzidɔ ene hã dzi. FDA Consumer ɖo aɖaŋu be ne xexeame dze dzo la, woano tsi sɔ gbɔ—woano lita ɖeka gaƒoƒo ɖesiaɖe ne wole kame dem. Ne èle ŋdɔ nu la, ɖɔ gaŋkui si ƒe ahuhɔ̃e wode amae, ɖɔ kuku si keke, eye nàdo awu si gblo. Ne xɔmefamɔ̃ mele asiwò o eye gbafa di be yeaƒo wò la, “nɔ tsi fafɛ lem, kɔ tsi ɖe ŋui enuenu, eye nànɔ yagbɔmɔ̃ gbɔ. Ne èkpɔ be gbafa be yeaƒo ye la, na atikewɔlawo nava kpɔ gbɔwò kaba.” Ðk. Koller xlɔ̃ nu be: “Ne ame aɖe ƒe lãme le dzo xɔm akpa la, aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo koe gali nàtsɔ akpe ɖe eŋu.”
“Fuwɔame” le Dɔwɔƒe
John Moores Yunivɛsiti ƒe numekula, Jack Rostron gblɔ be: “Taɖui, ɖeɖiteameŋu, ŋku maɖomaɖo nu dzi nyuie, numakpɔmakpɔ nyuie, ŋuzitsɔame, gbɔgbɔtsixe kuxiwo, tomexexe le wɔɖi ta, gbeɖiɖiwo sese le tome, kple ŋutigbalẽ ŋu dɔwo”—wo katã woate ŋu atso xɔme ƒe nɔnɔme manyomanyowo, alo SBS si nye sick building syndrome gbɔ. Egblɔ be SBS, si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ de dzesii le ƒe 1986 me la ate ŋu “ana dɔmeyiyi si zu nutikɔname la nazu abe fuwɔame ene.” London ƒe The Independent gblɔ be ɖinuwo abe aɖiyawo kple ɖinu suesue siwo dona le fotokɔpimɔ̃wo kple agbalẽtamɔ̃wo me ate ŋu atsi xɔ siwo zãa xɔmefamɔ̃ gãwo eye womete ŋu ʋua fesrɛwo o la me. Bene woaƒo asa na SBS la, ele be woanɔ yafamɔ̃wo ƒe afisiafi tutum nyuie enuenu. Rostron gblɔ be: “Amewo ƒe dɔwɔna aka ɖe eme ne woƒo ƒu ɖe ha suewo me le xɔ sue siwo ƒe fesrɛwo wote ŋu ʋuna me.”
Vuvɔŋɔli me Nuxlɔ̃me
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Toronto Star gblɔ be amesi nɔa gota le vuvɔŋɔli ƒe fafa kple yaƒoƒo nu ate ŋu alé lãmefafadɔ si nye lãme ƒe dzoxɔxɔ ƒe fafa akpa. Nyatakaka la gblɔ be nusia dzɔna “ne dzoxɔxɔ dona le lãme na ame kabakaba wu alesinu wòtunɛ ɖo” eye wògblɔ kpee be “ame ƒe lãme mafa miamiamia hafi lãmefafadɔa nadze edzi o.” Zi geɖe la, ame tsitsiwo ƒe lãme ƒe dɔwɔwɔ mete ŋu ɖoa dzoxɔxɔa eteƒe dea ame bubuwo tɔ nu o. Woawo kple ɖeviwo ŋue wòate ŋu agblẽ nu le wu. Wilderness First Aid Handbook gblɔ be ne “vuvɔ [le ame] wɔm, eƒo tsi, ɖeɖi te eŋu, dɔ le ewum, eƒe lãme le ƒoƒom, ebe nusi kple ekemɛ le ye wɔm, eye gotanɔnɔ megale vivim nɛ o la,” ke lãmefafadɔ ate ŋu adze edzi. Ele be woadi bebeƒe na amesia, woado awu ƒuƒu nɛ, eye woana nuɖuɖu kple tsinuwoe gake menye aha sesẽ alo caffeine o. Ne naneke mefia be ele kakam ɖe eme nɛ o la, ele be woadi atikewɔla enumake.