INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 3/8 axa 18-28
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 3/8 axa 18-28

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui si woyɔ me, eye woŋlɔ ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 28. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)

1. Amekae nye Yehowa ƒe futɔ gãtɔ? (Nyaɖeɖefia 20:2)

v2.Togbɔ be “Yehowa” ye nye Mawu ƒe ŋkɔ la yɔyɔ le Eʋegbe me si wonya nyuie hã la, ka dzie Hebrigbenyala akpa gãtɔ da asi ɖo?

3. Dɔ kae Abraham ƒe ŋgɔgbevi Ismael va wɔ tsɔ kpɔ eɖokui dzii le gbeadzi? (Mose I, 21:20)

4. Ameka viŋutsue woƒo fi de le bubumademade fofoa ŋu ta? (Mose I, 9:22-25)

5. Esi Salomo medi be yeaɖe asi le Sulamit ɖetugbia ŋu wòadzo o la, atsyɔ̃ɖonu kawo ƒe ŋugbee wòdo nɛ? (Hawo ƒe Ha 1:11)

6. Togbɔ be womeɖe mɔ na Mose be wòayi Ŋugbedodonyigba dzi o hã la, afikae wòtɔ ɖo kpɔe? (Mose V, 3:27)

7. Nukae wotsɔ tre Noa ƒe aɖakaʋua me kple ekɔgo? (Mose I, 6:14)

8. Nukae Paulo gblɔ be ele be míawɔ ale be “míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi”? (Hebritɔwo 12:1)

9. Amekae woŋlɔ ɖi be eyae nye ame gbãtɔ si fɔ ame kuku ɖe tsitre? (Fiawo I, 17:21-23)

10. Susu ka tae Yesu gblɔ be wometsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo xoxo me o? (Marko 2:22)

11. Nuŋlɔɖi kae le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 6 vaseɖe ta 9 lia me?

12. Lã ƒomevi eve kawoe Salomo dɔna Tarsis-tɔdziʋuwo tsɔna vanɛ ƒe etɔ̃ ɖesiaɖe tsɔ kpe ɖe sika, klosalo, kple nyiɖu ŋu? (Fiawo I, 10:22)

13. Nukae dzɔ ɖe Fia Rexabeam kple Hedoram si nye amesiwo wolé sesẽe na dɔwɔwɔ la ƒe nunɔla dzi esi woyi ɖe dzieheto siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga la gbɔ? (Kronika II, 10:18)

14. Nukae Mawu gblɔ be enye yeƒe “afɔɖodzinu”? (Dɔwɔwɔwo 7:49)

15. Amekae va zu tsyɔ̃evi si le edzidzi me dadaa ku le egbɔ esi wòse be wowu ye srɔ̃? (Samuel I, 4:19-21)

16. Amekawoe Mawu naa ‘ŋusẽ geɖee’? (Yesaya 40:29)

17. Vɔsa ka mee womezãa amɔwɔ ʋaʋã alo “anyitsi” le na Mawu o? (Mose III, 2:11)

18. Nukae Mixa gblɔ ɖi be dukɔ aɖeke magava srɔ̃ o? (Mixa 4:3)

19. Nukae Yesu gblɔ be Mawu ƒe Nya la nye? (Yohanes 17:17)

20. Amekae nye Yona fofo? (Yona 1:1)

21. Nukae Fia Axasweros wɔ na nuto siwo le eƒe dziɖuɖu te esime wònɔ Ester ƒe fianyɔnuzuzã ɖum? (Ester 2:18, NW)

22. Nukae wowɔna na Hebri-kluvi tsɔ fiana be eya ŋutɔ medi be woaɖe asi le ye ŋu yeadzo o ke boŋ yeayi edzi asubɔ yeƒe aƒetɔ? (Mose II, 21:5, 6)

23. Afikae Samariatɔ havilɔ̃la la kplɔ ŋutsu si ŋu wode abii la yii be woakpɔ edzi? (Luka 10:34)

1. Satana Abosam

2. Yahweh

3. Aŋutrɔdada

4. Xam

5. “Sikakɔsɔkɔsɔ” kple “klosalokpeviwo”

6. Pisga-to tame

7. Aŋɔ

8. ‘Míɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃ si ɖea to ɖe mí la ɖa’

9. Eliya

10. Lãgbalẽgoloa agbã, eye ahaa kple goloa dome agblẽ

11. Noa ŋutinya

12. Kese kple tsaxewo

13. Woƒu kpe Hedoram wòku eye Rexabeam ya si dzo

14. Anyigba

15. Ikabod

16. Ame beliwo

17. Nuɖuvɔsa

18. Aʋawɔwɔ

19. Nyateƒe

20. Amitai

21. Ena Ablɔɖe wo

22. Woaŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui

23. Amedzrodzeƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe