INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 8/8 axa 16-28
  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènya Ŋuɖoɖoawoa?
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Edze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 8/8 axa 16-28

Ènya Ŋuɖoɖoawoa?

(Àkpɔ dodokpɔ sia ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ la me, eye míeta ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 28. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.)

1. Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ eƒe futɔwo si eƒe dukɔ esi womewɔ nuteƒe nɛ o hã la, nukata wòbia hlɔ̃ dukɔ mawo emegbe? (Mose V, 32:27; Yesaya 64:2; Naxum 1:2)

2. Ŋkɔ kae Raxel tsɔ na eƒe vi evelia esime wònɔ kudɔ ƒom le edziɣi? (Mose I, 35:18)

3. Esime Paulo tsɔ Kristotɔ ƒe gbɔgbɔ me ʋawɔnuwo sɔ kple esiwo wozãna le aʋawɔwɔ ŋutɔŋutɔ me la, nukae wòtsɔ xɔse sɔ kple? (Efesotɔwo 6:16)

4. Esime Dawid nɔ sisim le Fia Saul nu la, fia ka gbɔe wòva be ɖo? (Samuel I, 27:2)

5. Nukae Abosam be Yesu nawɔ ne yeatsɔ xexeame fiaɖuƒewo katã anae? (Luka 4:5-7)

6. Nukae Pinehas wɔ enumake si na dɔvɔ̃ si wu Israel-vi 24,000 la nu tso? (Mose IV, 25:7-9)

7. Nya kae Hiob gblɔ si fia be naneke alo nu bubu aɖeke kloe meganɔ esi o esi wòdo le ku si me? (Hiob 19:20)

8. Ati yibɔ kae wozãna kpena ɖe nyiɖu ŋu fana ɖe nuwo me? (Xezekiel 27:15)

9. Susu ka tae Asur-fia Tiglat-Pileser dze Aram dzi, wòxɔ Damasko, eye wòkplɔ aboyomewo yi Kir? (Fiawo II, 16:7-9)

10. Esi Dawid se be ye viŋutsu gbãtɔ si Bat-Seba dzi ku la, nukae wòwɔ si wɔ mo yaa na eƒe dɔlawo? (Samuel II, 12:21)

11. Nukae Yesu yɔ be enye “ame blibo la ƒe akaɖi”? (Mateo 6:22)

12. Aleke Yehowa be yeakplɔ Gog be wòava dze Mawu ƒe amewo dzi zi mamlɛtɔ? (Xezekiel 38:4)

13. Ameka ƒe kukua ŋutie Mixael mawudɔla gã la kple Abosam woʋli nya le? (Yuda 9)

14. Numiemie kae Mawu na wòdo vɔvɔli ɖe nyagblɔɖila Yona dzi esi wòwu eƒe dɔ nu le Niniwe? (Yona 4:6)

15. Le esi dzi dzɔ Axasweros kakaka be Ester zu yeƒe fianyɔnu ta la, nukae wòna eƒe anyigbadzinɔlawo? (Ester 2:18)

16. Ameka dzie wozi be wòna kpekpeɖeŋu le Yesu ƒe fuwɔametia tsɔtsɔ me? (Luka 23:26)

17. Yuda ƒe dzidzimevi kae medzi viŋutsu aɖeke o ale be wòtsɔ vianyɔnuvi na eƒe subɔvi Egiptetɔ wòɖe bene wòado ƒome ɖi nɛ? (Kronika I, 2:34, 35)

18. Dzideƒonya kae Raxel ƒe vixela gblɔ nɛ hafi wòku le vidzidzi me? (Mose I, 35:17)

19. Atike kawoe wozã tsɔ wɔ leke na Ester kple nyɔnu bubu siwo nɔ eŋu? (Ester 2:12)

20. Amekae do nya ɖa be woadi ame aɖo Yuda si mewɔ nuteƒe o la teƒe? (Dɔwɔwɔwo 1:15-22)

21. Amekae nye Izebel fofo? (Fiawo I, 16:31)

22. Ŋutsu eve kae Yehowa de dɔ asi na be woatu avɔgbadɔ la? (Mose II, 31:2, 6)

23. Aɖaŋu kae Yesu ɖo le atam dzodzro kaka ŋu? (Mateo 5:37)

24. Gbe si ƒe ʋeʋẽ nu sẽ kae Yesu ɖeɖeko yɔ le Biblia me? (Mateo 23:23)

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Dodokpɔ ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ta—bene wòabɔbɔ dukɔ dadala asiƒuakɔla mawo ɖe anyi

2. Benoni

3. Akpoxɔnu gã

4. Gat-fia Axis

5. ‘Wòade ta agu nɛ’

6. Eƒo nu ɖe ŋutsua kple nyɔnua ƒe dɔme floi

7. “Nye nyè”

8. Keyi

9. Yuda-fia Axaz ye na zãnui

10. Edzudzɔ nutsitsidɔ eye wòɖu nu

11. Ŋku

12. Ade ga eƒe alɔgo

13. Mose ƒe kukua

14. Treklɔnu

15. Ena dzudzɔ wo

16. Simon Kirenetɔ

17. Sesan

18. Be adzi ɖevia agbagbee

19. Miremi kple atike ʋeʋẽe

20. Petro

21. Zidontɔwo ƒe fia Etbaal

22. Bezaleel kple Oholiab

23. “Miaƒe nya nanye: Ẽ, ẽ; o, o.”

24. Ahame

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe