Nye Mɔ Didi Zɔzɔ tso Agbe Kple Ku Gbɔ le Cambodia
ABE ALESI WATHANA MEAS GBLƆE ENE
ƑE 1974 mee eye menɔ aʋa wɔm kple Khmer Rouge le Cambodia. Menye asrafomegã le Cambodia-srafowo me. Le aʋakpekpe aɖe me la, míelé Khmer Rouge tɔwo ƒe asrafo aɖe. Nya si wògblɔ nam tso nusiwo Pol Pot ɖo be yeava wɔ ŋu la trɔ nye agbenɔnɔ kura eye wòna medze mɔ didi aɖe zɔzɔ gɔme le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me siaa.a
Gake mina magblɔ alesi nye mɔ didi sia zɔzɔ dze egɔmee na mi. Wodzim le ƒe 1945 me le Phnom Penh, le afisi woyɔna le Khmergbe me be Kampuchea (Cambodia). Nɔnye va nɔ nɔƒe kɔkɔ aɖe le adzamekpovitɔwo dome. Enye Fia Norodom Sihanouk si nye dukɔ ma ƒe dziɖula ƒe amedɔdɔ vevi aɖe. Esi wònye dzinyekpɔkpɔ va tsi eya ɖeɖe dzi eye vovo menɔ eŋu o ta la, ezi ɖe edzi be wògblẽm ɖe Buddhatɔwo ƒe gbedoxɔ me be woana hehem.
Nye Hehexɔxɔ le Buddhatɔwo Gbɔ
Ƒe enyie mexɔ esime meva tsi Buddhatɔwo ƒe saɖaganunɔlawo ƒe amegã gbɔ. Tso ƒe ma me vaseɖe ƒe 1969 me la, mezãa nye ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe le gbedoxɔa me eye metsɔa susɔea nɔa aƒemee. Saɖaganunɔla si mesubɔna ƒe ŋkɔe nye Chuon Nat, eye eyae nye Buddhatɔwo ƒe tatɔ le Cambodia ɣemaɣi. Menye eƒe agbalẽŋlɔla va de asi na ɣeyiɣi aɖe eye mekpe ɖe eŋu le Buddhatɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔe si woyɔna be “Kusi Etɔ̃awo” (Tipitaka, alo Sanskritgbe me Tripitaka), gɔmeɖeɖe me tso blema Indiagbe aɖe me va Cambodiagbe mee.
Woɖom saɖaganunɔlae le ƒe 1964 me eye mewɔ dɔ ma vaseɖe ƒe 1969 me. Le ɣeyiɣi sia me la, nyabiabia geɖe, abe Nukatae fukpekpe bɔ ɖe xexeame alea gbegbe ɖo, eye aleke wòdze egɔmee? ene nɔ fu ɖem nam. Mekpɔ alesi ame geɖe dzea agbagba be yewoƒe nu nadze yewoƒe mawuwo ŋui, gake womenya alesi woƒe mawuawo awɔ akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ na wo o. Nyemete ŋu kpɔ ŋuɖoɖo fakɔname aɖeke le Buddhatɔwo ƒe agbalẽwo me o, eye saɖaganunɔla bubuwo hã mete ŋu kpɔe o. Mɔkpɔkpɔ bu ɖem ale gbegbe be metso nya me be maɖe asi le gbedoxɔ me subɔsubɔa ŋu, eye meɖe asi le saɖaganunɔla nyenye ŋu.
Mlɔeba meva ge ɖe Cambodia-srafowo me le ƒe 1971 me. Woɖom ɖe Vietnam le ƒe 1971 me lɔƒo, eye le nye agbalẽnyanya ta la, wodom ɖe ŋgɔ kaba eye wode dɔ asi nam be manɔ asrafo siwo bena dzaa dzea futɔwo dzi gatrɔna dzona kaba la me. Míenɔ aʋa wɔm kple Kɔmiunisttɔwo ƒe Khmer Rouge la kpakple Vietnamtɔwo ƒe Kɔmiunist-ʋawɔhawo.
Aʋa la Kple Tɔtrɔ Siwo Va Cambodia
Mezu asrafo si aʋawɔwɔ megablea fu le lãme na o. Amewuwu teƒe kpɔkpɔ gbesiagbe kloe mãm. Nye ŋutɔ mede aʋa vovovo 157. Ɣeaɖeɣi la, Khmer Rouge tɔwo ɖe to ɖe mí wu dzinu ɖeka le avetsu aɖe titina. Amesiwo ku wu 700. Ame abe 15 ene ye susɔ—nye hã menɔ wo dome, eye mexɔ abi. Gake metsi agbe.
Ɣebubuɣi míelé Khmer Rouge srafo aɖe le ƒe 1974 me. Esi mebia gbee la, egblɔ nam be Pol Pot wɔ ɖoɖo be yeatsrɔ̃ amesiwo katã nye dziɖuɖumegãwo kpɔ, asrafowo hã le eme. Egblɔ nam be maɖe asi le nusianu ŋu ne masi adzo. Egblɔ be: “Nɔ ŋkɔwò tɔtrɔ dzi ɣesiaɣi. Mègana ame aɖeke nanya amesi nènye o. Wɔ ɖokuiwò abe amesi mele naneke nyam o kple amesi mede suku o ene. Mègagblɔ agbe si nènɔ tsã la na ame aɖeke o.” Esi meɖe asi le eŋu wòdzo yi aƒeme la, nuxlɔ̃amenya ma tsi susu me nam.
Wogblɔ na mí asrafowo be míaƒe dukɔa ta ʋlim míele, evɔ míehele Cambodiatɔwo wum. Mía ŋutɔ mía tɔwoe nye Khmer Rouge la, si nye Kɔmiunisttɔwo ƒe ha aɖe siwo nɔ didim be yewoaxɔ dziɖuɖua. Le nyateƒe me, ame miliɔn asieke siwo nye Cambodiatɔwo ƒe akpa gãtɔ nye Khmertɔwo, gake wo dometɔ akpa gãtɔ mele Khmer Rouge la me o. Mekpɔ be susu menɔ eme o. Agbledela maɖifɔ siwo gbɔ nya aʋa la metsɔ o wum míenɔ.
Tɔtrɔgbɔ tso aʋagbedzi nyea dzigbãnya ɣesiaɣi. Nyɔnuwo kple ɖeviwo nɔa anyi nɔa lalam vevie be yewoakpɔ be yewo srɔ̃wo alo yewo fofowo trɔ gbɔ hã. Ele be magblɔ na wo dometɔ geɖe be wowu woƒe ƒometɔ la. Nusi menya le Buddha-subɔsubɔ me mefa akɔ aɖeke nam le nusiawo katã me o.
Fifia metrɔna kpɔa megbe kpɔa alesi nuwo trɔe le Cambodia. Do ŋgɔ na ƒe 1970 la, ŋutifafa kple dedienɔnɔ nɔ anyi kura. Tu menɔ ame akpa gãtɔ si o; se meɖe mɔ ɖe eŋu o negbe ɖe nèxɔ mɔɖegbalẽ hafi. Adzodada alo fififi mebɔ o. Gake le dukɔmeviʋa si Pol Pot kple eƒe asrafo ƒe aglãdzedze he vɛ megbe la, ɖeko nusianu trɔ. Tu bɔ ɖe afisiafi. Wonɔ asrafowo ƒe hehe nam ƒe 12 kple ƒe 13 viwo gɔ̃ hã, be woada tu ame ƒu anyi. Pol Pot ƒe amewo ble ɖeviwo be woawu woawo ŋutɔ wo dzilawo gɔ̃ hã. Asrafoawo gblɔna na ɖeviawo be, “Ne èlɔ̃ mia denyigba la, ke ele be nàlé fu wò futɔwo. Ne dziwòlawo nye dziɖuɖudɔwɔlawo la, ke míaƒe futɔwoe wonye, eye ele be nàwu wo—ne menye nenema o la, míawu wò ŋutɔ.”
Pol Pot Tsrɔ̃ Eƒe Futɔwo
Le ƒe 1975 me la, Pol Pot ɖu aʋa la dzi eye Cambodia zu Kɔmiunist-dukɔ. Pol Pot dze sukuviwo, nufialawo, dziɖuɖumegãwo, kple amesiame si nya nya agbalẽ ko tsɔtsrɔ̃ gɔme. Ne èɖɔ gaŋkui la, woate ŋu awu wò elabena wobui be efia be ènya agbalẽ! Pol Pot ƒe dziɖuɖua zi ame akpa gãtɔ dzi wosi le dugãwo me yi kɔƒewo me be woava de agble. Ele be amesiame nado awu ɖeka tɔgbe. Ele be míawɔ dɔ gaƒoƒo 15 gbesiagbe, nuɖuɖu mesua mí o, eye atike kple nudodo menɔ mía si o, eye gaƒoƒo 2 alo 3 koe míedɔa alɔ̃. Metso nya me be madzo le mía denyigba dzi hafi wòava tsi megbe akpa.
Meɖo ŋku aɖaŋu si Khmer Rouge srafo ma ɖo nam dzi. Metsɔ foto, agbalẽ, kple nusianu si adem nya me ƒu gbe. Meɖe do ɖi nye agbalẽ aɖewo ɖe eme. Eye metu ta ɣetoɖoƒe gome ɖo ta Thailand. Afɔku nɔ eme ŋutɔ. Ele be masi le agbamekaƒewo eye maɖɔ ŋu ɖo ale gbegbe le gomadoɣiwo, elabena Khmer Rouge srafowo koe dziɖuɖua na ŋusẽgbalẽe be woate ŋu azɔ mɔ.
Meyi nuto aɖe me va nɔ xɔ̃nye aɖe gbɔ sẽ. Emegbe Khmer Rouge tɔwo nyã amesiame tso afima yi teƒe bubu. Eye wodze nufialawo kple ɖɔktawo wuwu gɔme. Mesi kple xɔ̃nye etɔ̃. Míebena ɖe avetsu me eye míeɖua atikutsetse ɖesiaɖe si míakpɔ le atiwo dzi. Mlɔeba míeva ɖo duvi aɖe me le Battambang-nutome, afisi xɔ̃nye aɖe nɔ. Ewɔ nuku nam be meva kpɔ amesi nye asrafo tsã si ɖo aɖaŋua nam be masi la hã le afima! Esi meɖe asi le eŋu ta la, eɣlam ɖe do aɖe me dzinu etɔ̃ sɔŋ. Egblɔ na ɖevi aɖe be wòanɔ nuɖuɖu dam ɖe doa me nam gake megakpɔ doa me o.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mete ŋu si, eye meva ke ɖe nɔnye kple nɔgãnye kpakple ƒenye siwo hã nɔ sisim ɖo ta Thailand gome la ŋu. Ewɔ nublanui nam ɣemaɣi ŋutɔ. Nɔnye dze dɔ, eye mlɔeba eva ku le sitsoƒesaɖa aɖe me le dɔléle kple dɔwuame ta. Gake mɔkpɔkpɔ vi aɖe ɖo menye eye meke ɖe nane si na taɖodzinu aɖem le agbe me ŋu. Medo go Sopheap Um, nyɔnu si va zu srɔ̃nye. Mía kplii kple nɔgãnye kple ƒenye míesi to Thailand denu yi ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe sitsoƒesaɖa aɖe me. Cambodia dukɔmeviʋa la gblẽ nu le míaƒe ƒomea ŋu ŋutɔ. Ƒometɔ 18 ye tsi eme na mí, eye tsɛnye kple srɔ̃nyeɖia hã nɔ wo me.
Agbenɔnɔ Yeye le United States
Wobia nya tso afisi tɔwo míenye ŋu le sitsoƒesaɖaa me, eye Dukɔ Ƒoƒuawo dze agbagba be yewoadi ame aɖe si axɔ mí la na mí ale be míate ŋu ayi ɖe United States. Mlɔeba wova kpɔ ame aɖe! Míeva ɖo St. Paul, Minnesota, le ƒe 1980 me. Menya be ele be masrɔ̃ Eŋlisigbe kaba ne medi be mayi ŋgɔ le dukɔ yeye si me meva le la me. Amesi xɔm vɛ la na meyi suku ɣleti ʋee aɖewo ko, togbɔ be ele be masrɔ̃ nu ayi ŋgɔ wu ema hã. Edi dɔ si nye dɔtsɔla le amedzrodzeƒe aɖe boŋ nam be mawɔ. Gake esi nyemese Eŋlisigbe kura o ta la, ɖeko nye vodadawo nɔa nukokoe dom na amewo. Ne amedzrodzeƒetɔa gblɔ be matsɔ aŋutsrɔe vɛ la, metrɔa gbeɖuɖɔ vanɛ!
Sasrãkpɔ aɖe si Do Vɔvɔ̃ na Mí
Le ƒe 1984 me la, nye dɔwɔwɔ dze zã dzi eye medɔa alɔ̃ le ŋkeke me. Asiatɔwo kple ameyibɔwo menyina kura le nuto si me míele me o. Nuvlowɔwɔ kple atikevɔ̃ɖizazã bɔ ɖe afima. Gbeɖeka ŋdi srɔ̃nye nyɔm ŋdi ga ewo be ameyibɔ aɖe tsi tre ɖe míaƒe ʋɔtrua nu. Dzidzi ƒoe elabena esusu be mía fi gee wòva. Melé ŋku ɖe eŋu to mɔ vi aɖe si le ʋɔtrua me me eye mekpɔ ameyibɔ ŋutsu aɖe si dzra ɖo nyuie eye wòtsɔ akplo ɖe asi, wo kpakple yevu aɖee. Nyemebui be vɔ̃ aɖeke dzie wova ɖo o.
Mebiae se be nuka dzram wònɔ hã. Etsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo fiam. Nyemese nya si wogblɔ ƒe ɖeke gɔme o. Medi be magbe gbã elabena ɣleti aɖewo va yi la, woblem meƒle agbalẽ atɔ̃ siwo xɔ $165 le Protestanttɔ nudzrala aɖe gbɔ. Gake ameyibɔa fia foto siwo le magazineawo me lam. Fotoawo dze ani hedo dzidzɔ na ame! Eye ŋutsua ɖo nukomo ŋutɔ, xɔlɔ̃wɔwɔ dze le eŋu. Eyata mexe $1 eye mexɔ wo.
Anye kwasiɖa eve megbe la, etrɔ va eye wòbiam be Cambodiagbe Biblia le asinye hã. Edzɔ be ɖe si mexɔ le Nazaret sɔle aɖe me nɔ asinye, ɖeko nyemesea emenyawo me o. Gake ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be ŋutigbalẽ ƒe amadede vovovo me tɔ eve nava gbɔnye. Ebiam be, “Àdi be yeasrɔ̃ Eŋlisigbea?” Edzrom ya, gake meɖe eme nɛ be ga mele asinye ɖe efiafia ta o. Egblɔ nam be yeatsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe afiaem, naneke maxɔmaxɔe. Togbɔ be nyemenya ha si me tɔ wònye o hã la, mebui be, ‘Ne eglo la, nyemele fe xe ge o, eye masrɔ̃ Eŋlisigbe xexlẽ kple eŋɔŋlɔ ya teti.’
Eŋlisigbe Kple Biblia Sɔsrɔ̃
Menɔ tsɔtsɔm o. Ne efia Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔm la, meyɔnɛ le Cambodiagbe me be, “Lo ca bat.” Ne egblɔ be “Biblia” la, megblɔna be, “Compee.” Meva nɔ ŋgɔ yim, eye dzo ɖo menye ɖe esɔsrɔ̃ ŋu. Metsɔa nye Cambodia kple Eŋlisigbe nyagɔmeɖegbalẽ, Gbetakpɔxɔ, New World Translation Biblia, kple nye Cambodiagbe Biblia ɖe asi yia dɔ mee. Le nye ɖiɖiɖemeɣiwo la, mesrɔ̃a Eŋlisigbe, metsɔa agbalẽawo sɔna kple wo nɔewo tsɔ nɔa nyawo srɔ̃m ɖekaɖekae. Nusɔsrɔ̃ sia si menɔ tsɔtsɔm o, tsɔ kpe ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa tɔwo ŋu, la xɔ wu ƒe etɔ̃. Gake mlɔeba, meva nya Eŋlisigbe xexlẽ!
Srɔ̃nye ganɔ Buddhatɔwo ƒe gbedoxɔ me dem, eye enɔa nuɖuɖu gblẽm ɖi na tɔgbui kukuwo kokoko. Gake tagbatsuwo koe wòɖea vi na! Nɔnɔme gbegblẽ geɖe tsi asinye tso nye asrafodɔ kple Buddha-subɔsubɔ me nɔɣi ke. Esime menye saɖaganunɔla la, amewo tsɔa vɔsanuwo vɛ, wotsɔa sigarɛt hã kpenɛ. Wobunɛ be ne saɖaganunɔla la no sigarɛta la, esɔ kple alesi yewo tɔgbui kukuwo nanoe. Ewɔe be atamanono va tsi asinye. Eye esi menɔ asrafodɔ me hã la, menoa ahatsu ŋutɔ eye meyɔa atikevɔ̃ɖi si nye opium be wòana mate ŋu awɔ kalẽ le aʋagbedzi. Eyata esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, tɔtrɔ geɖe nɔ anyi wòle be mawɔ. Ɣemaɣie mekpɔ be gbedodoɖa nye kpekpeɖeŋu gã aɖe. Le ɣleti ʋee aɖewo me la, meɖu nye nutsiamesi gbegblẽawo dzi. Aleke gbegbe esia dzɔ dzi na nye ƒomea enye si!
Mezu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ le ƒe 1989 me, le Minnesota. Le ɣemaɣi lɔƒo la, mese be Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si doa Cambodiagbe kple Cambodiatɔ gbogbo aɖewo le Long Beach, California. Esi mía kple srɔ̃nye míebu eŋu kpɔ la, míetso nya me be míaʋu ayi Long Beach. Enye tɔtrɔ vevi aɖe ŋutɔ! Ƒenyee xɔ nyɔnyrɔ gbã, emegbe nɔgãnye (si xɔ ƒe 85 fifia) eye srɔ̃nye kplɔe ɖo. Vinye etɔ̃awo hã xɔe ɖe wo yome. Ƒenye va ɖe Ðasefo aɖe si nye hamemegã fifia.
Le United States afisia la, míeto fukpekpe geɖe me. Gakuxi sesẽwo kple lãmegbegblẽwo ɖe fu na mí gake le Biblia ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi ta míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Eyra ɖe nye agbagbadzedze le gbɔgbɔmenuwo ŋu dzi. Woɖom subɔsubɔdɔwɔlae le hamea me le ƒe 1992 me, eye mezu hamemegã le Long Beach afisia le ƒe 1995 me.
Fifia mɔ didi si zɔzɔ gɔme medze tso esime menye Buddhatɔwo ƒe saɖaganunɔla kple esime menye asrafomegã le aʋagbedzi le Cambodia la va wu enu le ŋutifafa kple dzidzɔ me le aƒe kple dukɔ yeye si zu mía de la me. Eye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo dzixɔse yeye si ŋu míeva ke ɖo hã le mía si. Eveam be amewo gale wo nɔewo wuwu dzi le Cambodia. Esiawo katã nye nusiwo ta mía kple nye ƒomea míekpɔnɛ be ele be míakpɔ mɔ na xexe yeye si ƒe ŋugbe wodo, si me aʋawɔwɔ ɖesiaɖe nu ayi eye amewo katã alɔ̃ wo haviwo le nyateƒe me abe wo ɖokui ene eye míanɔ gbeƒã ɖemee!—Yesaya 2:2-4; Mateo 22:37-39; Nyaɖeɖefia 21:1-4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Pol Pot ye nye Kɔmiunisttɔ si nye Khmer Rouge srafowo ƒe ŋgɔnɔla, woawoe ɖu aʋa la dzi eye woxɔ Cambodia.
[Map/Picture on page 28]
VIETNAM
LAOS
THAILAND
CAMBODIA
Battambang
Phnom Penh
Ƒe siwo me menye saɖaganunɔla le Buddha-subɔsubɔ me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Mía kple nye ƒomea le Fiaɖuƒe Akpata xa