INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/99 axa 8
  • Nya Kae Nàgblɔ na Buddhatɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Nàgblɔ na Buddhatɔ?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖonyanutsinyawo Ŋui
    Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii
  • Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ale Si Míakpe Ðe Ame Siwo Mesu Te Na Biblia Ƒe Nufiafia Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Haɖe O Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Èle Agbalẽ Gbadza Siawo Zãma?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 8/99 axa 8

Nya Kae Nàgblɔ na Buddhatɔ?

1 Le dukɔ aɖewo me la, amesiwo va le nyɔnyrɔ xɔm dometɔ siwo wu afã nye Buddhatɔwo tsã. Nukae le amesiawo hem va nyateƒea me? Aleke nàwɔ agblɔ nyanyuia na Buddhatɔ?

2 Ðe Ðetsɔleme Vavãtɔ Fia: Ame geɖe siwo nye Buddhatɔwo tsã gblɔ be menye numedzodzro deto aɖee he yewo va nyateƒea me o. Ke boŋ ɖetsɔleme vavãtɔ si woɖe fia yewoe wɔ dɔ ɖe yewo dzi. Xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔvinyɔnu aɖe ɖe fia Asia-nyɔnu aɖe si gbɔ wòyi le United States la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòlɔ̃ be yeasrɔ̃ nu. Mete ŋu doa Eŋlisigbe nyuie o, gake nɔvinyɔnua gbɔ dzi ɖi nɛ. Ne ɖeɖi te nyɔnua ŋu alo mate ŋu asrɔ̃ nua o la, nɔvinyɔnua va srãnɛ kpɔ hewɔa ɖoɖo ɖe nua sɔsrɔ̃ ɣebubuɣi ŋu. Mlɔeba la, nyɔnua, viaŋutsu eve, kple dadaa si nye nyagãɖeɖi va xɔ nyɔnyrɔ. Egbugbɔ yi wo de va kpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. Viaŋutsuawo dometɔ ɖeka le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒe fifia. Yayra gbogbo kawoe nye esi do tso Yehowa ƒe “dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃” ɖeɖefia me!—Tito 3:4.

3 Buddhatɔwo ƒe Nukpɔsusu: Ne míagblɔe gbadzaa la, Buddhatɔwo lɔ̃na sea nukpɔsusu bubuwo, gake wobu be mehiã be yewoalé ɖe nufiafia tɔxɛ aɖe koŋ ŋu o. Eyata nusi amesiame xɔ se to vovo. Buddha nufiafia ƒe alɔdze ɖeka ƒe dzixɔse vevi aɖee nye be fukpekpe bɔ le agbe me, gake ne ame aɖe ɖo blibodede kɔkɔtɔ gbɔ la, ate ŋu avo tso gbugbɔgadzɔ yi agbe maɖɔʋu si yia edzi ɖaa la me. Wogblɔ be hafi woavo tso gbugbɔgadzɔ si yia edzi ɖaa sia me la, ele be woaɖo Nirvana, si nye nɔnɔme si womate ŋu aɖɔ o elabena menye teƒe alo nudzɔdzɔe wònye o, ke boŋ nɔnɔme si me fukpekpe alo vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele o ye wònye. (Kpɔ Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, axa 9-10.) Nukae esia fia mí? Be viɖe manɔ eŋu be míanɔ nya hem kple amewo le Buddhatɔwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu o. Ƒo nu tso kuxi siwo amesiame doa goe boŋ ŋu.

4 Ƒo Nu tso Nusi Ŋu Mi Ame Evea Miaƒe Susu Wɔ Ðeka le Ŋu: Esi Buddhatɔwo buna be fukpekpe koe anɔ anyigbadzigbenɔnɔ me ta la, agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi aɖi susumanɔmenya le wo gbɔ. Ke hã mí katã míedina be míakpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me, be woaɖe fukpekpe ɖa, eye be míanya gɔmesese si le agbe ŋu. De dzesi alesi míate ŋu aƒo nu tso nusiawo siwo hiã mí katã ŋui.

5 Àte ŋu azã ŋgɔdonya sia:

◼ “Míele xexe si me ame maɖifɔ geɖe kpea fu le egbea. Nukae nèxɔ se be ehiã be woawɔ atsɔ aɖe vevesese kple nɔnɔme wɔnublanuiwo ɖa na amesiame? [Na wòaɖo eŋu.] Ŋugbedodo aɖe li tso blema si faa akɔ nam ale gbegbe. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.] Enye nyateƒe be ɣeyiɣi ma meva haɖe o ya, gake ne eva la, ɖe míadi be míakpɔe oa?” Azɔ nae agbalẽ si ɖe nu me le alesi woaɖe fukpekpe ɖae ŋu.

6 Àte ŋu aƒo nu na ame tsitsi ale:

◼ “Ðewohĩ nukpɔsusu ɖigbɔ siwo bɔ kple ŋusẽ si kpɔm wole ɖe mía viwo dzi ɖea fu na wò abe alesi wòɖea fu na nye hã ene. Nukatae sɔhɛwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ dzi ɖe edzi alea gbegbe? [Na wòaɖo eŋu.] Ènya be wogblɔ nya sia ɖi le agbalẽ aɖe si ŋɔŋlɔ gɔme wodze xoxoxo hafi wova ɖo Moslemtɔwo, Kristotɔwo, kple Hindutɔwo ƒe subɔsubɔ anyi mea? [Xlẽ Timoteo II, 3:1-3.] De dzesii be nɔnɔme siawo kpɔtɔ li togbɔ be agbalẽnyanya va bɔ hã. [Xlẽ kpukpui 7 lia.] Agbalẽ sia kpe ɖe ŋunye mese nyateƒe si ame geɖe mese kpɔ o la gɔme. Adzɔ dzi na wò be yeaxlẽa?” Tsɔ agbalẽ alo agbalẽ gbadza si sɔ nɛ.

7 Buddhatɔ akpa gãtɔ dea bubu Biblia ŋu be enye agbalẽ kɔkɔe. Eyata xlẽ nyawo tso eme tẽ. (Heb. 4:12) Ne Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖea fu na amea la, gblɔ nɛ be Asiatɔwoe Biblia-ŋlɔlawo katã nye.

8 Agbalẽ Kawoe Wɔa Dɔ Nyuie Wu? Gbeƒãɖela geɖe zã agbalẽ siwo gbɔna wòdze edzi na wo: agbalẽ siwo nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, kple Questions Young People Ask—Answers That Work; agbalẽ gbadza siwo nye “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” kple Tameɖoɖo Kae le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?; kple Fiaɖuƒe Ŋutinya 35 lia, Ðe Amewo Katã Ava Lɔ̃ Wo Nɔewo Gbaɖegbea? ne ɖe gali. Buddhatɔ siwo le nyateƒea srɔ̃m fifia dometɔ akpa gãtɔ srɔ̃a Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa gbã eye wosrɔ̃a Sidzedze-gbalẽa kplɔnɛ ɖo.

9 Togbɔ be wogblɔ be Buddha mawunyadɔgbedelawo yi Atene anɔ ƒe 400 hafi Paulo va ɖe gbeƒã le afima hã la, míenya ne edo go ame aɖe si si Buddhatɔwo ƒe nukpɔsusu nɔ kpɔ o. Gake míenya alesi Paulo se le eɖokui me le ɖaseɖiɖi na ame ɖesiaɖe ƒomevi ŋu. Ewɔ eɖokui “amewo katã ƒe dɔla” bene yeaɖe “wo dome ame aɖe kokoko.” (Kor. I, 9:19-23) Míawo hã míate ŋu awɔe nenema ne míetsɔ ɖe le eme na amewo eye míete gbe ɖe woƒe mɔkpɔkpɔ si sɔ kple mía tɔ dzi ne míele ɖase ɖim na amesiame si míado goe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe