Ènyaa?
(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 17. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)
1. Le Yesu ƒe vɔsa ta la, ŋkɔ kae Yohanes Amenyrɔɖetsimela yɔ na Yesu? (Yohanes 1:29)
2. Anyigba si le ‘dziehe kekeake’ ka dzie Gog ƒe aʋakɔ dranyi la atso ava? (Xezekiel 38:2, 15)
3. Nukae “habɔbɔ vɔ̃wo” gblẽna? (Korintotɔwo I, 15:33)
4. Aleke amesiwo tsi zu blibo la wɔna ‘naa hehe woƒe sidzedzeŋutetewo be woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome?’ (Hebritɔwo 5:14)
5. Nukae Absalom kple Adoniya wɔ esi wodi be yewoaxɔ fianyenye la akpasesẽe? (Samuel II, 15:1; Fiawo I, 1:5)
6. Le Paulo ƒe nya nu la, nukae mate ŋu agblɔ na asi be: ‘Wò koe mele vevie nam o’? (Korintotɔwo I, 12:21)
7. Amekae nye Yosua fofo? (Yosua 1:1)
8. Nuka ŋue Mixa gblɔ ɖi be ‘Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ’ le ŋkeke mlɔeawo me? (Mixa 4:1)
9. Afikae woƒu kpe Axan kple eƒemetɔwo le? (Yosua 7:24)
10. Esi Paulo nɔ gbe tem ɖe alesi xɔse hiãe dzi la, nuka dzie wògblɔ be ele be woaxɔ ase le Mawu ŋuti? (Hebritɔwo 11:6)
11. Amekae nye Kain ƒe tɔgbuiyɔvi? (Mose I, 4:18)
12. To ka mee Fia Saul tso? (Samuel I, 9:21)
13. Nyagblɔɖila ka dzie Mawu to tsɔ tohehe etɔ̃ ɖo Dawid ŋkume be wòakpɔ wo dome atsɔ ɖeka esi wòxlẽ dukɔ la le esi mele be wòaxlẽ wo hafi o ta? (Kronika I, 21:9-12)
14. Amekawoe ɖi ahasiwɔwɔ kple Babilon Gã la ƒe fɔ? (Nyaɖeɖefia 17:2)
15. Dzinu kae Yehowa tia be wòanye gbãtɔ le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi? (Ester 3:7)
16. Amekae nɔ ŋgɔ na fia siwo wɔ ɖeka va lé Abraham ƒe tɔgãyɔvi Lot? (Mose I, 14:9)
17. Nudodo eve kawoe woyɔ si na be Axazya te ŋu nya be Eliya ye nye amesi ɖo du ɖa be fia la ƒe dɔba azu eƒe kuba? (Fiawo II, 1:8, NW)
18. Dɔ ka nue Sulamit ɖetugbi la nɔviŋutsuwo tsɔe ɖoe si na be eƒe ŋutigbalẽ nyɔ? (Hawo ƒe Ha 1:6)
19. Mawu ƒe ŋkɔa ŋɔŋlɔ ka dzie agbalẽnyala geɖewo da asi ɖo?
20. Ŋkɔ kae woyɔ na Fia Aʋawɔla Yesu, si wogaŋlɔ ɖe eƒe awu hã dzi? (Nyaɖeɖefia 19:16)
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo
1. “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina”
2. Magog
3. “Nuwɔna nyuiwo”
4. “To ŋudɔwɔwɔ me”
5. Wo dometɔ ɖesiaɖe di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui hekpe ɖe ŋutsu 50 siwo anɔ du ƒum le wo ŋgɔ ŋu.
6. Ŋku
7. Nun
8. “Agbɔ towo ŋu”
9. Le Axor-bali me
10. “Be Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie”
11. Irad
12. Benyamin-to
13. Gad
14. “Anyigba dzi fiawo”
15. Nisan
16. Kedorlaomer, Elam-fia
17. Lãfuwu kple alidziblanu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe
18. Weingbleŋudzɔdzɔ
19. Yahweh
20. “Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ”