Ènyaa?
(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 25. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me.)
1. Ŋkɔ ka hãe woyɔna na Galilea Ƒua, si wogayɔna na du si le eƒe ƒuta le ɣetoɖoƒe gome? (Yohanes 6:1; 21:1)
2. Afikae wòva hiã be Dawid ƒe aʋawɔla 600 dometɔ 200 natsi le ɖeɖiteameŋu ta esime wonɔ Amalekitɔ amedzidzela siwo lé Dawid srɔ̃ eveawo dzoe yome tim? (Samuel I, 30:9, 10)
3. Nukae Raxab zã tsɔ ɣla Israel-vi ŋkutsala eveawo? (Yosua 2:6)
4. Nukae Paulo gblɔ be akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woate ŋu “asubɔ Mawu wòadze eŋu”? (Hebritɔwo 12:28)
5. Le Mose ƒe Sea me la, nukae kluvi ƒe aƒetɔ awɔ ne eƒe kluvi medi be yeadzo anɔ ye ɖokuisi o? (Mose II, 21:6)
6. Edom-du kae xɔ ŋkɔ le nunya me? (Yeremya 49:7)
7. Ati kae wotsɔ kpa Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea ƒe ʋɔtruwo? (Fiawo I, 6:31-33)
8. Nu adre kawoe Lododowo 6:17-19 gblɔ be Yehowa lé fui?
9. Ŋɔŋlɔdzesi kae nye mamletɔ le Hebri-ŋɔŋlɔdzesiwo dome? (Psalmo 119:169, kpɔ etamenya le New World Translation me)
10. Nukae Paulo gblɔ be edzɔna ɖe amesiwo ƒã nu le nuveve me dzi, si to vovo na amesiwo ƒã nu le yayra me? (Korintotɔwo II, 9:6)
11. Esime Satana nɔ nya hem ɖe Yehowa ŋu be wòaɖe eƒe yayra ɖa le Hiob dzi la, nukae wògblɔ be Hiob awɔ? (Hiob 1:11)
12. Nukae ava dzɔ ɖe ‘ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ’ dzi? (Lododowo 10:7)
13. Esi Yesu na anyidzela ewo ŋuti kɔ la, wo dometɔ nenie meda akpe o? (Luka 17:17)
14. Nukae Israel-viwo wɔ hafi Yerixo-gliwo mu? (Yosua 6:5)
15. Se kae wode na Israel-viwo ne woke ɖe xevi si tsyɔ akɔ ɖe viawo dzi ŋu? (Mose V, 22:6, 7)
16. Nukatae Yehowa lɔ̃ Israel-viwo etɔxɛe? (Yesaya 41:8)
17. Amegã nenie nye aɖaŋudelawo na Fia Axasweros le fɔbubu Fianyɔnu Wasti me? (Ester 1:14)
18. Vɔ si wosana na Yehowa si me lãa ƒe akpa aɖeke menyea tadeagula la tɔ o. (Mose III, 1:4)
19. Nu eve kawoe Paulo gblɔ be ele be ame nawɔ hafi akpɔ xɔxɔ? (Romatɔwo 10:9)
20. Anye ɣeyiɣi didi kae Salomo tsɔ tu gbedoxɔae? (Fiawo I, 6:1, 38)
21. Nukae wowɔna ɣeaɖewoɣi le blema tsɔ xɔa ŋusẽ le futɔ si wolé si? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 1:6)
22. Afikae Mose dzra kpe siwo dzi woŋlɔ Seawo ɖo la ɖo zi gbãtɔ? (Mose V, 10:1-5)
23. Biblia gbalẽ kae ƒo nu tso Petro kple Paulo ƒe dɔwɔwɔwo ŋu gbã?
24. Nyɔnudɔla si se Petro ƒe gbe eye dzi dzɔe ale gbegbe be meʋu agboa nɛ o ke boŋ wòƒu du yi ɖagblɔe na ame bubuawo be Petro le tsitre ɖe agboa nu la ƒe ŋkɔ ɖe? (Dɔwɔwɔwo 12:13, 14)
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo
1. Tiberia-ƒu
2. Besor-tɔʋu nu
3. Ðetifu
4. “Mawusosroɖa kple evɔvɔ̃”
5. ‘Aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnu’
6. Teman
7. Amiti
8. “Dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple amesi dea dzre nɔviwo dome”
9. Taw
10. Woaxa nu le nuveve me nenema ke
11. Agbe nu le Yehowa gbɔ
12. Anyunyɔ
13. Asieke
14. Wodo ɣli
15. Woate ŋu alé viawo, gake ele be woaɖe asi wo dada ŋu
16. Wonye Yehowa xɔlɔ̃ “Abraham ƒe ƒome”
17. Adre
18. Numevɔsa
19. Ele be ame naʋu eme be Yesu nye Aƒetɔ eye wòaxɔe se be Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome
20. Ƒe adre
21. Wolãa eƒe asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo ɖa
22. Aɖaka si wotsɔ xéti kpa mee
23. Dɔwɔwɔwo
24. Roda