Yehowa Ðasefowo Russiatɔwo ƒe Sewɔtakpekpe Ʋli Wo Ta
YEHOWA ÐASEFOWO xɔa nyatakaka siwo dzena le nyadzɔdzɔgbalẽwo me ku ɖe wo ŋuti la kple dzidzɔ nenye be wo ŋlɔlawo wɔ numekuku nyuie le wo ŋuti hafi ŋlɔ wo. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Ðasefowo lɔ̃na faa be yewoaƒo nu tso yewo ɖokui ŋu agblɔ yewoƒe subɔsubɔdzixɔsewo kple dɔwɔnawo ŋuti nyateƒenyawo afia. Ke hã ne nyati siwo mesɔ o alo esiwo gblẽ wo ŋue wota la, Ðasefoawo biana tso dziɖuɖumegãwo si ɣeaɖewoɣi be yewoaʋli yewoƒe subɔsubɔ kple dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesiwo ta. De ŋugble le nyitsɔ laa ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ ko.
Le August 1, 1997, dzi la, Komsomolskaya pravda si nye Russiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe si wotana le St. Petersburg la ta nyati aɖe si ɖi gbɔ Yehowa Ðasefowo ale gbegbe. Le nyati si wona tanyae be: “Petersburg Kɔmamã. Dugã me Gbedoxɔ Anɔ Afisia” me la, etala Oleg Zasorin gblɔ be Yehowa Ðasefowo tsɔa woƒe dzixɔsewo gblẽa nui eye woƒe nuwɔnawo nye dada le Russiatɔwo ƒe Dukplɔsea dzi. Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi, le kpɔɖeŋu me, esiwo ku ɖe ʋudodo kple ƒomegbenɔnɔ ŋuti, si wotrɔ gboe ŋu koŋue wòtsɔ nya la ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, eyɔ Yehowa Ðasefowo be “kɔmamã” le nyatia me, hegblɔ be le ame aɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, woawoe “vɔ̃ɖi wu le kɔmamãwo katã dome.”
Yehowa Ðasefowo ƒe Habɔbɔa ƒe Nutome Dɔdzikpɔƒe si le Russia la bia tso Russia Dukɔa ƒe Sewɔtakpekpe me Numekuha si Dukplɔla Tia Hena Nyadzɔdzɔwo me Nyaʋiʋliwo Gbɔkpɔkpɔ si be wòagbugbɔ ŋku alé ɖe nya siwo wogblɔ ɖe nyatia me, si Yehowa Ðasefowo bu aʋatsoe la ŋu. Esi Sewɔtakpekpea xɔ anyinɔ ɖe nyaa ŋuti le February 12, 1998, dzi la, Yehowa Ðasefowo teƒenɔlawo nɔ anyi ɖo nya gbogbo siwo Sewɔtakpekpea me nɔlawo kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo kpakple senyalawo bia ŋu. Be woakpɔ nusiwo Yehowa Ðasefowo xɔ se hefiana tututu la, Sewɔtakpekpea me nɔlawo dzro agbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta la me tsitotsito, vevietɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona.
Russia Dukɔa ƒe Aɖaŋudeha Teƒenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ V. V. Borshchyov de dzesii be susu gbegblẽwo koŋ nue wozã nya “kɔmamãwo” ɖo. Aƒetɔ Borshchyov gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ [siawo ƒomevi] ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu kple nya ƒoɖiwo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu nye nusi ŋu afɔku le ŋutɔ. Sewɔtakpekpea ƒe lɔlɔ̃ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe biabia be woagbugbɔ ŋku alé ɖe nyaa ŋu dzi la nye nusi le vevie ŋutɔ. Ele be woatsi seselelãme sia ƒomeviwo kple nu si wodona ɖe mawusubɔsubɔha siwo ŋu se ɖe mɔ ɖo gbɔ la nu.”
Esi Sewɔtakpekpea kpɔ kpeɖodziawo katã vɔ la, wogblɔ be nyati si dze le Komsomolskaya pravda me la mele se nu o eye mesɔ hã o; ekpɔe hã be aʋatso sɔŋ koe nyatia ka eye kpeɖodzi aɖeke mele eŋu o. Sewɔtakpekpea gblɔ be: “Eŋlɔla la megblɔ nya aɖeke si ŋu kpeɖodzi le ale o. . . . Ðeko nyatia ŋlɔla la wɔ nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe gomenɔamesi la ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu tsɔ kaka nyasegblɔwo sɔŋ abe nyateƒee wonye ene.” Ðe nusiwo nyadzɔdzɔgbalẽa me nyatia kaka teƒe la, Sewɔtakpekpea va kpɔe dze sii be sedziwɔlawoe Yehowa Ðasefowo nye eye be wofiaa woƒe hameviwo be woanɔ anyi le ŋutifafa me kple woƒe ƒomewo kpakple wo xɔlɔ̃ siwo mexɔ nusiwo dzi woxɔ se o la hã.
Esi Sewɔtakpekpea se ɖaseɖiɖi mamlɛa la, ewɔ eƒe nyametsotso le gaƒoƒo ɖeka megbe be:
“1. Be woabu nyati ‘Petersburg Kɔmamã. Dugã me Gbedoxɔ Anɔ Afisia’ la tata be enye Russia Dukɔa ƒe ‘Nyadzɔdzɔgblɔmɔnu Vovovowo’ ŋuti Se 4, 49, kple 51 lia dzi dada.
“2. Be yewoabia tso Russia Dukɔa ƒe Agbalẽtata Dzikpɔkɔmiti la si be wòagbugbɔ ŋku alé ɖe alesi wobia be woade se na Komsomolskaya pravda nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe numetolawo la ŋu.
“3. Be woaka mo na nyadzɔdzɔŋlɔla O. Zasorin.
“4. Be yewoabia tso Komsomolskaya pravda nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe numetolawo si be woabia tsɔtsɔke ɖe nyati si ŋu kakaɖedzi kple kpeɖodzi mele o, si ƒo ɖi Yehowa Ðasefowo ƒe ha la tata ta.”
Sewɔtakpekpea ƒe nyametsotso sia wɔ ɖeka kple nya si mawusubɔsubɔnyawo ŋunyala kple xexemenunyasrɔ̃la Sergei Ivanenko gblɔ. Le nusɔsrɔ̃ nyuie tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo kple hadede kpli wo vɔ megbe la, Aƒetɔ Ivanenko, amesi menye Yehowa Ðasefo o, ŋlɔ nyatia aɖe si dze le February 20-26, 1997, ƒe Moscow News me.a Aƒetɔ Ivanenko ƒo eta be: “Dzixɔse sẽŋu si le Yehowa Ðasefowo si be yewoanɔ agbe ɖe Biblia nu la ɖe wo ɖe vovo. . . . Biblia lae nye dukplɔse, dukɔmeviwo ƒe se kple nyateƒe si ƒo ɖesiaɖe ta na Yehowa Ðasefowo. . . . Alesi Yehowa Ðasefowo tsɔ wo ɖokui na Biblia me nyateƒea kple woƒe lɔlɔ̃ faa be yewoaʋli yewoƒe dzixɔsewo ta ɖokuitɔmadimadii nye nusi woate ŋu abu abe kpɔɖeŋu ene na wo hati dukɔmeviwo.”
Sewɔtakpekpea ƒe nyametsotso kple Aƒetɔ Ivanenko ƒe numeɖeɖe gaɖo kpe edzi ake be Kristotɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ha la menye afɔku na ameƒomea o, ke viɖee wònye na amesiwo katã si dzi dzɔdzɔe le la boŋ. Yehowa Ðasefowo gakpɔtɔ le ‘klalo be yewoana ŋuɖoɖo amesiame si abia nya aɖe yewo tso mɔkpɔkpɔ si le yewo si la ŋuti, gake yewoawɔe le dɔmefafa kple bubu deto me.’—Petro I, 3:15.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míegbugbɔ Aƒetɔ Ivanenko ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Yehowa Ðasefowoa?” la ta ɖe September 8, 1997, Nyɔ! ƒe axa 24-9 me le eƒe mɔɖeɖe nu.