INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 7/8 axa 3
  • Alesi Nènɔa Agbee Afɔku Kawoe Le Eme?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nènɔa Agbee Afɔku Kawoe Le Eme?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ si Nyo Wu Yea?
  • Lãmesẽnyawo Nyo Ðe Edzi Le Xexeame Godoo—Gake Menye na Amesiame O
    Nyɔ!—1999
  • Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta
    Nyɔ!—1999
  • Xexeame Ƒe Lãmesẽnyawo—Vovototo Si Le Lolom Ðe Edzi
    Nyɔ!—1995
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 7/8 axa 3

Alesi Nènɔa Agbee Afɔku Kawoe Le Eme?

LE MƆ geɖe nu la, lãmesẽnyawo menyo tsã de fifia tɔ nu o. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ le ƒe 1998 me be: “Ne mede ɖeke o hã la, atikewɔwɔ, tsinono nyui kpɔkpɔ kple dzadzɛnyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ vi aɖe ya kokoko su ame geɖe si fifia wu le ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe si va yi me.” Enye nyateƒe be agbenɔnɔ mede xexeamenɔla gbogbo aɖewo dzi o kokoko, gake abe alesi Britain Radiodɔwɔƒe ka nya tae ene la, “le ƒe 50 siwo va yi me la, ahedada dzi ɖe kpɔtɔ le xexeame wu ƒe 500 siwo do ŋgɔ.”

Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikewɔnyawo me le xexeame la wɔe be le xexeame katã la, ƒe siwo wosusu be ame ƒe agbenɔƒe axɔ le mama dedie nu la dzi ɖe edzi le ɖeviwo dziɣi. Le ƒe 1955 me la, ame ƒe agbenɔƒe le mama dedie nu nye ƒe 48. Va ɖo ƒe 1995 me la, edzi ɖe edzi va ɖo ƒe 65. Nusiwo gbɔ dzidziɖedzi sia tso dometɔ ɖekae nye ŋgɔyiyi siwo wowɔ le ɖeviwo ƒe dɔlélewo dada me.

Ƒe 40 kple edzivɔ koe nye sia la, amesiwo katã kuna dome ame 40 le alafa me nyea ɖevi siwo metsi xɔ ƒe atɔ̃ haɖe o. Gake va ɖo ƒe 1998 me la, abɔtasisi na ɖevi gbogbo aɖe le xexeame katã na be womegaxɔa ɖevimedɔ bɔbɔwo o. Ewɔe be alesi ɖeviwo kuna hafi xɔa ƒe atɔ̃ dzi ɖe kpɔtɔ ɖo alafa memama 21. Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be “ɖikeke mele eme o be nuwo de ame dzi be woanɔ agbe didi le lãmesẽ me fifia wu tsã.”

Gake agbedidinɔnɔ evɔ wòahanye agbe maɖɔʋu woanɔ la nye nu dzodzro. Ame geɖe tsia dzi ɖe ŋutilãmevivisese kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe kple susu be eyae ana agbea nanya nɔ na ame wu. Ke hã nusiwo gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu le agbe sia ƒomevi nɔnɔ me akplɔe ɖo.

Agbenɔnɔ si Nyo Wu Yea?

Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le hadomegbenɔnɔ kple ganyawo me he tɔtrɔ gãwo va amewo ƒe agbenɔnɔ me. Fifia le dukɔ deŋgɔwo me la, ame geɖe te ŋu ƒlea nusiwo tsã kesinɔtɔwo ko te ŋu ƒlena eye wonaa wowɔa dɔ siwo amesiwo si ga le wu koe biana be woawɔ na yewo la na wo. Eye togbɔ be ŋgɔyiyi siawo dometɔ aɖewo na wòde ame dzi be agbenɔƒe nadidi ɖe edzi hã la, wokplɔ ame geɖe de agbe siwo nye ameɖokuiwuwu nɔnɔ me.

Le kpɔɖeŋu me, ame miliɔn geɖe zãa ga si wokpɔ ɖe edzi tsɔ ƒlea nu maɖeviwo abe atikevɔ̃ɖi siwo zazã va maa ame, aha sesẽwo, kple atama ene. Nublanuitɔe la, àte ŋu anya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wo dzi godoo. World Watch magazine gblɔ be “menye dɔlélee nye nusi le nu gblẽm le amewo ƒe lãmesẽ ŋu kabakaba wu le xexeame o ke boŋ adzɔnuwoe.” Magazine la gblɔ kpee be: “Kaka ƒe 25 nava yi la, míele mɔ kpɔm be dɔléle siwo atamazazã hena vɛ la ava sɔ gbɔ wu dɔxɔleameŋu eye wòava nye nusi gblẽa amewo ƒe lãmesẽ dome wu le xexeame katã.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Scientific American gblɔ be: “Ewɔ nuku be atamazazã gbɔe kansa wuamewo ƒe alafa memama 30 tsona, eye kansaléle ƒe agbɔsɔsɔ ma ke tsona amewo ƒe agbenɔnɔ, vevietɔ nuɖuɖu kple kamemademade, gbɔ.”

Ðikekemanɔmee la, nyametsotso siwo míewɔna le alesi míenɔa agbee ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe lãmesẽ dzi. Esi wòle alea la, ke aleke míawɔ anɔ lãmesẽ me alo ana míaƒe lãme nagasẽ nyuie wu? Ðe nuɖuɖu dzi tsotso kple kamedede ɖeɖe sɔ gbɔa? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, akpa kae tamesusu kple gbɔgbɔmenuwo hã wɔna le agbenɔnɔ si dea lãmesẽ dzi me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe