Dɔléle Si Ŋu Ŋɔdzi Nɔ Wu Le Ƒe 1800 Ƒeawo Me
Le ƒe 1854 me la, kolera dɔlélea gadze ame gbogbo aɖewo ŋutɔ dzi le London—enye dɔ aɖe si gblẽa nu le dɔkaviwo me, eye wònana ame nɔa mĩtsi nyem kabakaba, eye wòvɔa tsi lã me na ame vevie. Dɔa kaka kabakaba ŋutɔ. Ame geɖe siwo fɔ ŋdi le lãmesẽ me la, kaka zã nado la woku. Eye atike aɖeke menɔ anyi ɣemaɣi si danɛ o.
DƆ SIA ŋue ŋɔdzi nɔ wu le ƒe alafa ma me, gake ame aɖeke menya nu si hee vae o. Ame aɖewo susui be ne ame aɖe se nu si vó ƒe ʋeʋẽ la, eyae ana wòaxɔ koleradɔa. Míate ŋu ase nu si tae wosusui nenema ɖo la gɔme. Thames Tɔsisia si to London me, eye wònɔ ʋeʋẽm kũu. Tɔsisia ƒe ʋeʋẽ gbɔe dɔlélea tsoa?
Ƒe atɔ̃ do ŋgɔ la, ɖɔkta aɖe si ŋkɔe nye John Snow gblɔ be menye ya gbegblẽ gbɔe dɔlélea tsona o, ke boŋ tsi si me dɔlékuiwo le gbɔe wòtsona. Ðɔkta bubu, si ŋkɔe nye William Budd, xɔe se be dɔlékui tɔxɛ aɖe gbɔe dɔa tsona.
Le ƒe 1854 ƒe dɔvɔ̃a me, esime Snow nɔ agbagba dzem be yeanya nenye be nu si yesusu la le eteƒe hã la, elé ŋku ɖe ame siwo le London ƒe nuto si nye Soho me la, ƒe nuwɔnawo ŋu. Ebia eɖokui be: ‘Nu kae ɖe dzesi le wo katã ŋu?’ Snow ƒe numekukua na wòva de dzesi nu vevi aɖe. Ame siwo katã ŋu kolera nɔ le nuto ma me la kua tsi le pɔmpi ɖeka ma ke to, eye kolera dɔlékuia nɔ tsia me le esi dua me ƒe tsi ƒoɖiwo ge ɖe eme ta!a
Le ƒe ma ke me la, wowɔ ŋgɔyiyi ɖedzesi aɖe le atikewɔnyawo me esi Filippo Pacini, si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala tso Italy, ŋlɔ agbalẽ aɖe si ƒo nu tso dɔlékui si gbɔ koleradɔa tso la ŋu. Ke hã, ame akpa gãtɔ ŋe aɖaba ƒu nu siwo ŋu wòke ɖo le eƒe numekukua me la dzi, eye alea kee wònɔ le Snow kple Budd tɔwo hã gome. Le ɣeyiɣi ma ke me la, kolera dɔvɔ̃a yi edzi nɔ nu gblẽm va se ɖe ƒe 1858 me.
“Ʋeʋẽ Kũu Ƒe Ɣeyiɣiwo”
Le esi teƒe be Sewɔtakpekpea nawɔ kaba ana woaɖe do yeye siwo me tsi ƒoɖiwo ato ale be Thames Tɔsisia me nakɔ la, wonɔ megbelele hem, gake esi dzogbɔgbɔa nu sẽ le ƒe 1858 ƒe dzomeŋɔlia me la, eƒoe ɖe wo nu be wowɔ afɔɖeɖe. Ʋeʋẽ si nɔ dodom tso tɔsisia, si si to Sewɔtakpexɔa gbɔ la nu sẽ ale gbegbe be eƒoe ɖe dunyahelawo nu be woade atike woƒe fesrenuvɔwo me kple susu be wòatsi ʋeʋẽa nu. Alea wòdzɔe be wòva zu dzizizi na Sewɔtakpekpea be woawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu le ɣeyiɣi mawo, si woyɔna be Ʋeʋẽ Kũu Ƒe Ɣeyiɣiwo la, me. Le ŋkeke 18 pɛ ko me la, wode se be woaɖe do yeye siwo me dua me ƒe tsi ƒoɖiwo ato.
Woɖe do gãwo be woatrɔ mɔ na dua me ƒe tsi ƒoɖiwo bena womagage ɖe tɔsisia me o, ke boŋ be tsiawo nasi ayi ɖe London ƒe ɣedzeƒe aɖage ɖe atsiaƒu me bene wòakplɔe adzoe. Emetsonua ɖe dzesi ŋutɔ. Esi wonya ɖe mɔ na London ƒe tsi ƒoɖiawo be woage ɖe do yeyeawo me vɔ ko la, kolera dɔvɔ̃a megado mo ɖa azɔ o.
Fifia ɖikeke aɖeke mele eme o be menye ya gbegblẽ gbɔe koleradɔa tsona o, ke boŋ tsi kple nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo ge ɖo gbɔe wòtsona. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu vevi si ana woaxe mɔ ɖe dɔlélea nu la hã me va kɔ—eyae nye dzadzɛnyenye.
Se Deŋgɔ Aɖe
Ƒe akpe geɖe hafi kolera dɔvɔ̃a nagblẽ nu le London la, Mose kplɔ Israel dukɔa tso Egipte. Togbɔ be wozɔ Sinai gbe dzi ƒe 40 sɔŋ hã la, dɔvɔ̃wo abe kolera ene, meɖe fu na Israel viwo kpɔ o. Nu ka gbɔe wòtso?
Wode se na dukɔa be woaɖi nugodo ɖe adzɔge le asaɖa godo, ale be dɔlékuiwo nagage ɖe wo dome alo age ɖe woƒe tsidzɔƒewo me o. Se ma dze le Biblia me le 5 Mose 23:13, 14, afi si gblɔ be:
“Ðo agboti ɖe asaɖa godo, afi ma nàde afɔdzi ɖo. Eye nàkpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, nàtsɔe aɖe doe, emegbe nàtsɔe axe ke ɖe edzi.”
Se bɔbɔe ma kpɔ Israel viwo ta tso dɔléle siwo nɔ nu gblẽm le dukɔ siwo ƒo xlã wo ŋu la me. Dzadzɛnyenye ƒe gɔmeɖosewo abe esia ene dzi wɔwɔ kpɔ amewo ƒe agbe ta le míaƒe ŋkekeawo hã me.b Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.
“Dɔ Vɔ̃ Aɖeke Meɖo Mía Dome Kpɔ O”
Le ƒe 1970 ƒe ƒeawo me la, yometiti wɔe be Yehowa Ðasefo geɖe ʋu dzo le Malawi. Woyi ɖatsi Mozambique, si nye dukɔ aɖe si ɖo liƒo kple Malawi, afi si ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi 30,000 kple edzivɔ nɔ sitsoƒedilawo ƒe asaɖa vovovo ewo me le. Abe ale si wòle nyanya me na ame geɖe ene la, dɔ siwo amewo xɔna to tsi ƒoɖiwo zazã me la gblẽa nu le sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo me zi geɖe. Eya ta aleke nuwo nɔ na Ðasefoawo le nɔnɔme mawo me?
Lemon Kabwazi kple ame 17,000 bubuwo nɔ asaɖa gãtɔ me le Mlangeni. Egblɔ bena: “Míekpɔ egbɔ be ɣeawokatãɣi la, asaɖaa me nɔa dzadzɛ. Míeɖe agboti ɖe asaɖaa godo, eye míeɖe mɔ na ame aɖeke be wòaɖe eya ŋutɔ ƒe nugododeƒe ɖe asaɖaa me o. Míeɖe do siwo me míanɔ gbeɖuɖɔ kɔm ɖo la hã ɖe teƒe siwo le adzɔ ge tso asaɖaa gbɔ. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo kpɔa dzadzɛnyenye ƒe dɔ vovovoawo gbɔ, wokpɔa egbɔ be tsi si tsoa vudo siwo míeɖe ɖe teƒe bubu le asaɖaa godo la le dzadzɛ. Togbɔ be míexaxa hã la, míelé Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu la me ɖe asi, eya ta dɔ vɔ̃ aɖeke meɖo mía dome kpɔ o, eye kolera hã meɖe fu na ame aɖeke kpɔ o.”
Nublanuitɔe la, le xexea ƒe akpa aɖewo la, do siwo me tsi ƒoɖiwo tona si sɔ la mele aƒe geɖe me o. Dɔ siwo kakana nenye be womekpɔ amegbetɔwo ƒe nugodo gbɔ nyuie o la wua ɖevi 5,000 gbe sia gbe le xexea me godoo.
Togbɔ be woate ŋu axe mɔ ɖe kolera kple dɔléle bubu siwo le abe eya ke ene la nu, eye nu nyuiwo do tso agbagba siwo dzem amewo le be yewoanɔ dzadzɛ me hã la, Biblia ka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o, dɔlélewo katã nu ayi keŋkeŋ. Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ be ne Mawu Fiaɖuƒea va le mía dzi ɖum la, “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.” Biblia do ŋugbe be ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.—g10-E 10.
Be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nu siwo Mawu Fiaɖuƒea awɔ na amegbetɔƒomea ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia kple 8 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Togbɔ be afɔdzido siwo wozãa tsi na la nɔ anyi le ƒe 1854 me hã la, dua me ƒe tsi ƒoɖiwo toƒe, siwo nɔ anyi tso gbea aɖe gbe ke la mee amegbetɔwo ƒe nugodo sina tona heɖagena ɖe Thames Tɔsisia me tẽe, evɔ tɔsisi ma mee ame akpa gãtɔ kpɔa tsinono tsonɛ.
b Esi wònye be nuɖuɖu alo tsi si me dɔlékuia ge ɖo gbɔe wòtsona be ame naxɔ koleradɔa ta la, nu vevi si axe mɔ ɖe dɔa xɔxɔ nue nye be ame nakpɔ nyuie le nu sia nu si age ɖe eƒe nu me la ŋu. Mɔ vevi siwo dzi ame ato akpɔ eɖokui tae nye be wòana eƒe tsiwo nanɔ dzadzɛ, eye wòaɖa nuɖuɖuwo woabi nyuie.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
Thames Tɔsisia si to London me, eye tsi ƒoɖi siwo me kolera dɔlékuia nɔ la gblẽe. Nutala siwo nɔ anyi le ɣemaɣi la wɔ esia ŋuti nɔnɔmetata geɖewo
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi 30,000 kple edzivɔ nɔ sitsoƒedilawo ƒe asaɖa vovovo ewo, siwo me nɔa dzadzɛ ɣeawokatãɣi la, me le Mozambique
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Death on Thames: © Mary Evans Picture Library; anyigbatata: University of Texas Libraries