Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le June Me
Xlẽ Yesaya 42:8. Eyome nàgblɔ be: “Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, ŋkɔ le Mawu si. Èsusui be èle vevie be míazã Mawu ƒe ŋkɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si magazine sia gblɔ ɖa.” Tsɔ June 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te la me ɖekae. Tsɔ magazineawo nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
The Watchtower June 1
“Medi be manya wò susu le nya vevi aɖe ŋu. [Ʋu magazinea ƒe axa 3 lia, eye nàtsɔ nya vovovo ene siwo le ɖoɖo nu la afiae. Eyome biae be:] Nya siawo dometɔ kae sɔ kple ale si nèbua Biblia lae? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso eɖokui ŋu ɖa. [Xlẽ Romatɔwo 15:4.] Magazine sia dzro susu atɔ̃ siwo tae Biblia nye agbalẽ tɔxɛ aɖe la me, eye wòɖe ale si wòate ŋu aɖe vi na míi la me.”
Awake! June
“Ƒe sia ƒe le xexea me godoo la, ame miliɔn geɖe dzea dɔ esi woɖu nuɖuɖu manyomanyowo ta. Le wò susu nu la, ɖe nuɖuɖu siwo wodzrana le míaƒe nutoa me la le dediea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso mɔ ene siwo dzi míato akpɔ míaƒe ƒomea ta be woagaɖu nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo le o la ŋu. Eƒo nu tso ŋugbe si Biblia do be eteƒe madidi o, nuɖuɖu nyuiwo abɔ ame sia ame naɖu hã ŋu.” Xlẽ Psalmo 104:14, 15.