4. Lé Ŋku Ðe Nu Ŋu Ne Èle Nu Ðum Le Gbɔdome
Jeff, si xɔ ƒe 38, si ŋu ŋusẽ le eye wòle lãmesẽ me la, kplɔ eƒe ƒomea woyi ɖaɖu nu le nuɖuɖudzraƒe aɖe si gogo Pittsburgh, Pennsylvania, U.S.A. Le ɣleti ɖeka megbe la, Jeff ku le dɔléle aɖe si gblẽ nu le eƒe aklã ŋu ta. Nu ka gbɔe wòtso? Sabala aɖe si me aklãdɔlékui (hepatitis A) le lae wòɖu.
LE Ɣetoɖoƒedukɔ aɖe me la, wozãa ga siwo katã wozãna ɖe nuɖuɖu ŋu la ƒe afã kloe le nuɖuɖudzraƒewo. Gake le dukɔ ma ke me la, nu siwo wodzrana le nuɖuɖudzraƒewo la mee amewo xɔa dɔlékui siwo nɔa nuɖuɖu me la le wu.
Enye nyateƒe be le nuɖuɖudzraƒe la, ame bubuwoe ƒlea nuɖanuawo, dzraa dzodoƒea ɖo heɖaa nuawo. Ke hã wò ŋutɔe atso nya me le afi si nàɖu nu le, nu si nàɖu kple nu si me nàbla nuɖuɖu si nàdi be yeatsɔ ayi aƒe mee ɖo la ŋu.
● Lé ŋku ɖe teƒea ŋu nyuie.
Daiane, si le Brazil gblɔ be: “Ne míeyi nuɖuɖudzraƒe aɖe zi gbãtɔ la, meléa ŋku ɖe teƒea ŋu hekpɔnɛ ɖa be kplɔ̃awo, kplɔ̃dzivɔwo, agbaawo kple kplɔ̃ŋusubɔlawo le dzadzɛ eye nuawo le ɖoɖo nu hã. Ne mele nenema o la, míedzona yia nuɖuɖudzraƒe bubu.” Le dukɔ aɖewo me la, enuenu lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo yina ɖaléa ŋku ɖe nuwo ŋu le nuɖuɖudzraƒewo henaa dzeside esiwo le dzadzɛ wu, eye woklãa numekukua me tsonuwo ɖi amewo va xlẽna.
● Ðɔ ŋu ɖo le akplo siwo me nèblaa nuɖuɖu siwo susɔ ɖo la ŋu.
United States ƒe Nuɖuɖu Kple Atike Nyawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe xlɔ̃ nu be: “Ne màte ŋu atsɔ nuɖuɖu si nèƒle, si xɔ dzo ɖo dzidzenu Celsius 32 ayi aƒe mee le gaƒoƒo eve me o la, ke mègatsɔ esi susɔ la yi aƒe mee o.” Tsɔ nuɖuɖu si susɔ la yi aƒe me enumake eye nàdee nufamɔ me.
Ne èwɔ ɖe mɔfiame ene siwo dze le nyati siawo me dzi la, wò nuɖuɖu anɔ dedie wu.—g12-E 06.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
NA HEHE VIWÒWO: “Míefia mía viwo be woaƒo asa na nuɖuɖu siwo mele dedie be woaɖu o.”—Noemi, Philippines