INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ll akpa 13 axa 28-29
  • Aleke Míawɔ Míaƒe Nu Nadze Mawu Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Míawɔ Míaƒe Nu Nadze Mawu Ŋu?
  • Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Xɔlɔ̃wo Tsria Nu Gbegblẽ Wɔwɔ
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Ðe Mawu agatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo akea?
    Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
  • Nukae wòle be nàwɔ?
    Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
  • Nuwɔna Siwo Mawu Lé Fui
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
ll akpa 13 axa 28-29

AKPA 13

Aleke Míawɔ Míaƒe Nu Nadze Mawu Ŋu?

Tsri nu gbegblẽ wɔwɔ. 1 Korintotɔwo 6:9, 10

Nuwɔna siwo Mawu lé fui—fififi, ahatsunono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, kɔdada, gbedodoɖa na kpetatawo, kple trɔ̃subɔsubɔ

Ne míelɔ̃ Yehowa la, míawɔ nu siwo wòlé fui o.

Yehowa medi be míafi fi, amu aha, alo azã atike vɔ̃ɖiwo o.

Etsri amewuwu, fuɖeɖe, kpakple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ. Medi be míanye ŋuklẽlawo, alo anɔ dzre wɔm kple amewo o.

Mele be míasubɔ legbawo alo akpɔ gome le gbɔgbɔyɔyɔ me o.

Eteƒe madidi o, anyigbaa azu Paradiso, gake womaɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔla aɖeke be wòanɔ Paradisoa me o.

  • Nya kae Mawu gblɔ tso akunyawɔwɔ ŋu?—5 Mose 18:10-12.

  • Nu ka tae mele be míasubɔ legbawo o?—Yesaya 44:15-20.

Wɔ nu nyui. Mateo 7:12

Nuwɔna siwo dzea Mawu ŋu—amelɔlɔ̃, anukwareɖiɖi, tsɔtsɔke

Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míadze agbagba asrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo.

Lɔ̃ amewo, nyo dɔme na wo, eye nàna nu wo faa.

Ele be nàɖi anukware.

Kpɔ nublanui, eye natsɔ amewo ƒe vodada ake wo.

Yehowa Ðasefo eve le gbeƒã ɖem na ŋutsu aɖe

Ƒo nu tso Yehowa kple eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu na amewo.—Yesaya 43:10.

  • Srɔ̃ Yehowa.—1 Petro 1:14-16.

  • Ðe lɔlɔ̃ fia amewo.—1 Yohanes 4:7, 8, 11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe