Ta 51
Amewuwu le Dzigbezã aɖe Ðuƒe
ESI Yesu gblɔ nufiamenyawo na eƒe apostoloawo vɔ la, edɔ wo ɖo ɖe anyigbamamã la me evevee. Ðewohĩ Petro kple Andrea siwo nye nɔviwo la yi ɖekae, abe alesi Yakobo kple Yohanes, Filipo kple Bartolomeo, Toma kple Mateo, Yakobo kple Tadeo, kple Simon kple Yuda Iskariot yii ene. Nyanyuiegblɔlawo ƒe ha adeawo yi ɖagblɔ Fiaɖuƒe nyanyuiea eye woda gbe le amewo ŋu nukutɔe le afisiafi si woyi.
Gake le ɣeyiɣi sia me la, Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la ganɔ game kokoko. Ƒe eve kloe nye sia fifia si wòle afima. Àɖo ŋku edzi be Yohanes gblɔ le dutoƒo be mesɔ be Herodes Antipa naxɔ nɔviaŋutsu Filipo srɔ̃ Herodia o. Esi Herodes Antipa gblɔ be yewɔna ɖe Mose ƒe Sea dzi ta la, esɔ be Yohanes klo nu le woƒe ahasisrɔ̃ɖeɖea dzi. Eyata Herodes na wode Yohanes game, ɖewohĩ Herodia ye ƒoe ɖe enu.
Herodes Antipa nya be ame dzɔdzɔe ye Yohanes nye eye eƒe nyawo sese hã dzɔa dzi nɛ. Eyata etɔtɔ eye menya nusi wòawɔe o. Gake Herodia ya lé fu Yohanes eye wònɔ didim be yeana woawui. Mlɔeba la, mɔnukpɔkpɔ si wònɔ didim la va ɖo.
Ŋkeke ʋee aɖewo do ŋgɔ na ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuiea la, Herodes wɔ ɖoɖo be woaɖu azã gã aɖe le yeƒe dzigbezã dzi. Herodes ƒe dziɖuɖumegãwo kple asrafomegãwo katã kpakple Galileatɔ xɔŋkɔwoe nye amesiwo ƒo ƒu ɖe azã la ɖuƒe. Esi azãɖuɖua nɔ edzi yim fiẽ ma la, wodɔ Salome, si nye nyɔnuvi dzaa aɖe si Herodia dzi na srɔ̃a xoxoa Filipo ɖa be wòayi aɖaɖu ɣe na amedzroawo. Alesi wòɖu ɣeae dzɔ dzi na nukpɔla siwo nye ŋutsuwo ʋuu kakaka.
Herodes kpɔ dzidzɔ ɖe Salome ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Bia nusi ke nèlɔ̃ lam, eye mana wò.” Eka atam kura gɔ̃ hã be: “Nusi ke nabiam la, mana wò vaseɖe nye fiaɖuƒe la ƒe akpa afã dzi.”
Hafi Salome naɖo eŋu la, eyi ɖabia dadaa se gbã. Ebia be: “Nuka mabia mahã?”
Mɔnukpɔkpɔa va ɖo mlɔeba! Herodia mehe ɖe megbe kura hafi gblɔ be: “Bia Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela], ƒe ta” o.
Salome trɔ yi Herodes gbɔ enumake eye wòbia be: “Medi bena, natsɔ Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela] ƒe ta nam le agba me fifi laa si.”
Eve Herodes vevie ŋutɔ. Gake esi amesiwo wòkpe vɛ se eƒe atamkaka la ta la, ewɔ ŋukpe nɛ be yemanɛ o, togbɔ be esia fia be wòawu ame maɖifɔ hã. Edɔ amewula ɖo ɖe gaxɔa me enumake kpakple eƒe nya siwo ŋu ŋɔdzi le. Kasia etrɔ gbɔ kple Yohanes ƒe ta le agba gbadzɛ me xoxo, eye wòtsɔe na Salome. Eya hã tsɔe yi na dadaa. Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nusi dzɔ la, wova tsɔ eƒe kukua yi ɖaɖi, eye emegbe woyi ɖagblɔ nya la na Yesu.
Emegbe esi Herodes se alesi Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu eye wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le wo me la, dzika tso eƒo eye wònɔ vɔvɔ̃m be Yesue nye Yohanes si fɔ tso ame kukuwo dome. Le ema megbe la, edi vevie be yeakpɔ Yesu, menye le eƒe gbeƒãɖeɖe sese ta o, ke boŋ be yeakpɔe ɖa be nyateƒee nusi yenɔ vɔvɔ̃m na la nye hã. Mateo 10:1-5; 11:1; 14:1-12; Marko 6:14-29; Luka 9:7-9.
▪ Nukatae Yohanes le game ɖo, eye nukatae Herodes medi be yeawui o?
▪ Aleke Herodia na wowu Yohanes mlɔebae?
▪ Le Yohanes ƒe ku megbe la, nukatae Herodes di be yeakpɔ Yesu?