TA 29
Kplɔ̃ɖoɖo Ðesiaɖee Dzea Mawu Ŋua?
Nukata Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe azãɖuɖu sia ŋu?
KPLƆ̃ÐOƑEWO dede dzɔa dzi na wòa?— Woate ŋu ado dzidzɔ na mí ale gbegbe. Èsusu be Nufiala Gã la adi be míade kplɔ̃ɖoƒewoa?— Ẽ, eya ŋutɔ hã de wɔna si míate ŋu ayɔ be kplɔ̃ɖoƒe esi ame aɖe nɔ srɔ̃ ɖem, eye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo hã yi kplii. Yehowae nye ‘dzidzɔ Mawu la,’ eyata edzea eŋu ne míedo dzidzɔ na mía ɖokui le kplɔ̃ɖoƒe nyuiwo.—Timoteo I, 1:11; Yohanes 2:1-11.
Agbalẽ sia ƒe axa 29 lia gblɔ na mí be Yehowa ma Ƒudzĩa me eye wòna Israel-viwo to eme. Èɖo ŋku edzi be míexlẽ ŋutinya ma?— Esi woto ƒua me do dedie vɔ megbe la, wodzi ha, ɖu ɣe, heda akpe na Yehowa. Enɔ abe azã wònye woɖu ene. Dukɔa kpɔ dzidzɔ ale gbegbe, eye míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu hã kpɔ dzidzɔ.—Mose II, 15:1, 20, 21.
Anye ƒe 40 kloe megbe la, Israel-viwo gade kplɔ̃ɖoƒe gã bubu aɖe. Gake esia ya menye amesiwo subɔa Yehowa ye kpe wo va kplɔ̃ɖoƒea o. Le nyateƒe me la, amesiwo dea ta agu na mawu bubuwo eye wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ kple amesiwo menye wo srɔ̃wo o me lae kpe wo. Èsusu be enyo be woayi kplɔ̃ɖoƒe mawo tɔgbea?— Ema medze Yehowa ŋu o, eye wòhe to na Israel-viwo vevie ɖe eta.—Mose IV, 25:1-9; Korintotɔwo I, 10:8.
Biblia ƒo nu tso dzigbezãɖuɖu eve aɖewo hã ŋu. Nufiala Gã la ƒe dzigbezãe wo dometɔ ɖeka nyea?— Kura o. Ŋutsu siwo mesubɔa Yehowa o lae ɖu dzigbezã eve siawo katã. Ðeka nye Fia Herodes Antipa ƒe dzigbezã. Eyae nye Galilea nutome dziɖula le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ afima.
Fia Herodes wɔ nu baɖa geɖewo. Exɔ nɔviaŋutsu srɔ̃. Nyɔnua ŋkɔe nye Herodia. Mawu ƒe subɔla Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ na Herodes be mesɔ be wòawɔ nu ma o. Gake nya si wògblɔ la mevivi Herodes nu o. Eyata ena wolé Yohanes de gaxɔ me.—Luka 3:19, 20.
Esime Yohanes nɔ gaxɔa me la, ŋkekea ɖo edzi na Herodes be wòaɖu eƒe dzigbezã. Herodes ɖo kplɔ̃ gã aɖe. Ekpe bubume geɖewo. Wo katã woɖu nu, no nu, hekpɔ dzidzɔ. Ɣemaɣi Herodia ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na wo. Amesiame kpɔ dzidzɔ ɖe eƒe ɣeɖuɖua ŋu ale gbegbe be Fia Herodes ɖoe be yeana nu nyui aɖee. Egblɔ na nyɔnuvia be: ‘Nusianu si nàbiam la, manae wò, ne eganye nye fiaɖuƒea ƒe afã gɔ̃ hã.’
Nukae nyɔnuvi sia abia? Anye gae wòabia? awu dzeaniwoea? aƒe gã dzeani aɖe si azu etɔea? Nyɔnuvia menya nusi wòabia o. Eyata eyi dadaa Herodia gbɔ va biae be: “Nukae mabia?”
Nusi dzɔe nye be, Herodia lé fu Yohanes Amenyrɔɖetsimela la vevie. Eyata egblɔ na vianyɔnuvia be wòabia Yohanes ƒe ta. Nyɔnuvia trɔ yi fia la gbɔ va gblɔ be: ‘Medi be nàtsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba me vɛ nam fifi laa.’
Fia Herodes medi be yeawu Yohanes o elabena enya be ame nyui wònye. Gake Herodes do ŋugbe xoxo, eye evɔ̃ nusi ame kpekpe siwo va kplɔ̃ɖoƒea abu le ye ŋu nenye be yetrɔ susu. Le esia ta edɔ ame ɖo ɖe gaxɔa me be wòava tso ta le Yohanes nu. Eteƒe medidi o, amedɔdɔa trɔ gbɔ. Etso ta le Yohanes nu de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvia. Nyɔnuvia hã tsɔe yi na dadaa.—Marko 6:17-29.
Dzigbezã evelia si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la hã menyo kura o. Egipte-fia aɖee ɖo kplɔ̃a. Le kplɔ̃ɖoɖo sia hã me la, fia la na wotso ta le ame aɖe nu. Eyome ena wohe amea ƒe kukua ɖe ati ŋu be xewo naɖu! (Mose I, 40:19-22) Èsusu be azãɖuɖu eve mawo dze Mawu ŋua?— Ðe wòadzro wò be nàyi kplɔ̃ɖoƒe mawoa?—
Nukae dzɔ le Herodes ƒe dzigbezã ɖuɖu me?
Míenya be nane tae nusianu si le Biblia me la li ɖo. Dzigbezã eve siawo pɛ ko ŋue woƒo nu tsoe. Eye le wo dometɔ evea siaa me la, wowɔ nu vɔ̃ɖiwo le wo ɖuɖu me. Eyata nukae nàgblɔ be Mawu le gbɔgblɔm na mí tso dzigbezãɖuɖuwo ŋu? Ðe wònye Mawu ƒe didi be míaɖu dzigbezãwoa?—
Ele eme baa be wometsoa ame ta le dzigbezãwo ɖuɖu me egbea ya o. Gake amesiwo mesubɔa Mawu vavã la o gbɔe dzigbezãɖuɖu dzɔ tso. Numekugbalẽ si nye The Catholic Encyclopedia gblɔ le dzigbezãɖuɖu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu be: “Nuvɔ̃wɔlawo koe . . . wɔa dzidzɔdonameɖokuinuwo le woƒe dzigbeŋkeke dzi.” Ðe míadi be míaɖi ame mawoa?—
Ke Nufiala Gã la ŋutɔ ya ɖe? Ðe wòɖu eƒe dzigbezãa?— Ao, Biblia megblɔ nya aɖeke tso Yesu ƒe dzigbezãɖuɖu ŋu o. Le nyateƒe me la, Yesu yomedzela gbãtɔwo hã meɖu dzigbezã aɖeke nɛ o. Ènya nusita amewo va ɖoe emegbe be yewoaɖu dzigbezã na Yesu le December 25 lia dzia?—
Numekugbalẽ si nye The World Book Encyclopedia gblɔ be wotia ŋkeke ma elabena “enye ŋkeke si Romatɔwo ɖuna xoxo wònye Saturn ƒe Azã, si woɖuna be enye ɣea ƒe dzigbe.” Eyata woɖoe be yewoaɖu Yesu ƒe dzigbe le ŋkeke si dzi trɔ̃subɔlawo ɖua woƒe azã le xoxo dzi!
Ènya nusita mate ŋu anye December mee wodzi Yesu oa?— Elabena Biblia gblɔ be le ɣeyiɣi si me wodzi Yesu la, alẽkplɔlawo kpɔtɔ nɔ gbedzi le zã me. (Luka 2:8-12) Eye womate ŋu anɔ gbedzi le December ƒe ɣleti si nye vuvɔŋɔli kple tsidzaɣi la me o.
Nukatae Yesu ƒe dzigbe mate ŋu anye December 25 lia o?
Ame geɖe nyae be menye Yesu ƒe dzigbezãe Kristmas nye o. Wonya gɔ̃ hã be trɔ̃subɔlawoe ɖua azã siwo medze Mawu ŋu o le ŋkeke ma dzi. Gake ame geɖe gaɖua Kristmas kokoko. Wotsɔ ɖe le kplɔ̃ɖoɖo me wu be woadzro nu me anya alesi tututu Mawu buna tsoa wɔna sia ŋu. Gake míawo ya míadi be míawɔ nusi dzea Yehowa ŋu, alo?—
Eyata ne míele kplɔ̃ ɖom la, míadi be míaka ɖe edzi be enye kplɔ̃ɖoɖo si adze Yehowa ŋu. Míate ŋu akpɔ gome le kplɔ̃ɖoɖo me ɣesiaɣi le ƒea me. Mehiã be míalala ŋkeke tɔxɛ aɖe koŋ naɖo hafi o. Míate ŋu aɖu nu viviwo ahawɔ modzakaɖefefe dodzidzɔnamewo. Àdi be yeakpɔ gome le emea?— Ðewohĩ àte ŋu aɖo dze tso eŋu na dziwòlawo eye mia kpli wo miawɔ ɖoɖo ɖe kplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋu. Ðe manyo ŋutɔ oa?— Gake hafi miawɔ ɖoɖo ɖe kplɔ̃ɖoɖo ɖesiaɖe ŋu la, mikpɔ egbɔ be enye wɔna si adze Mawu ŋu.
Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míaƒe kplɔ̃ɖoɖowo dzea Mawu ŋu?
Wogaɖe vevienyenye si le nusi dzea Mawu ŋu la wɔwɔ ɣesiaɣi ŋu fia hã le Lododowo 12:2; Yohanes 8:29; Romatɔwo 12:2; kple Yohanes I, 3:22.