Ðe Agbe Gale Ku Megbea?
“Mɔkpɔkpɔ li na ati; ne wolãe la, ekema egadzena yeye . . . Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?”—MOSE, BLEMA NYAGBLƆÐILA.
1-3. Aleke ame geɖe dia akɔfafae ne woƒe ame vevi aɖe ku?
LE New York City la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nɔ fli me le ɖoɖoezizi me le kuƒe aɖe me nɔ amekukuɖaka si dzi woʋu me kpɔm. Wonɔ ame kukua, si nye ŋutsuvi si xɔ ƒe 17 la kpɔm. Exɔlɔ̃ sukuviwo mete ŋu kpɔe dze sii o. Atike siwo wotsɔ nɔ dɔ dam nɛ na eƒe taɖa vɔ; kansa na wòɖi ku. Wo xɔlɔ̃ la ŋutɔŋutɔe nye esia? Ɣleti ʋee aɖewo do ŋgɔ la, susu kple biabia geɖe nɔ esi, ŋusẽ nɔ eŋu—agbe nɔ eŋu! Ŋutsuvia dada si ƒe dzi gbã la dze agbagba be yeakpɔ mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa to susu wɔwɔ me be ye viŋutsuvia gale agbe le mɔ aɖe nu. Etsɔa avigbe gblɔa nusi wofiae la enuenu be: “Fifia Tommy le dzidzɔ kpɔm wu. Mawu di be Tommy nava ye gbɔ le dziƒo.”
2 Le afisi anye kilometa 11,000 tso afisia, si nye Jamnagar, le India la, ŋutsu asitsala aɖe si xɔ ƒe 58 viŋutsu etɔ̃ na kpekpeɖeŋu woda wo fofo kukua ɖe nake si dzi wotɔa dzo ame kuku le dzi. Ŋdɔ nɔ ʋuʋum nyuie ŋdi ma esime ŋutsuvi tsitsitɔ dze dzotɔtɔ ame kuku ƒe wɔna la gɔme esi wòtsɔ akakati de dzo nakeawo me eye wòkɔ atike vovovo siwo wotsaka kple lifi wòʋena lilili la ɖe fofoa kukua dzi. Hindu-nunɔla si nɔ wɔnaa dzi kpɔm ƒe gbe de dzi esi dzoa nɔ bibim wònɔ gbe dom ɖa le Sanskritgbe me eye wògblɔ nya siwo gɔmee nye: “Luʋɔ si mekuna gbeɖe o la nayi eƒe agbagbadzedze dzi be wòava wɔ ɖeka kple amesi ƒo nusianu ta.”
3 Esi nɔvi etɔ̃awo nɔ dzotɔtɔ ame kukua teƒe kpɔm la, wo dometɔ ɖesiaɖe bia nya sia eɖokui le susu me be, ‘Ðe mexɔe se be agbe gale ku megbea?’ Esi xexeame ƒe akpa vovovoe wonɔ de suku ta la, amesiame kple alesi wòɖo nya la ŋui. Ðevitɔ ka ɖe edzi be yewo fofo lɔlɔ̃a agbugbɔ adzɔ ava nɔ ɖoƒe si kɔkɔ wu le agbe me. Amesi yome wòdzɔ ɖo xɔe se be ame kukuwo dɔ alɔ̃ le gɔmesese aɖe nu, eye womenya naneke kura o. Tsitsitɔ ya bui ko be ele be míatsɔ nusianu si ku ahe vɛ la nenema, elabena esusu be ame aɖeke mate ŋu anya nusi tututu dzɔna ɖe mía dzi le ku me o.
Biabia Ðeka, Ŋuɖoɖo Geɖe
4. Nyabiabia kae tɔtɔ ameƒomea le ɣeyiɣiawo me?
4 Biabia si nye, Ðe agbe gale ku megbea? tɔtɔ ameƒomea ƒe akpe geɖe. Katolikotɔ agbalẽnyala Hans Küng gblɔ be: “Mawunyaŋutinunyalawo gɔ̃ hã tɔtɔna ne wobia [nya sia] wo.” Amewo bu nya la ŋu kpɔ le teƒe ɖesiaɖe le ɣeyiɣiawo me, eye ŋuɖoɖo si wona la sɔ gbɔ.
5-8. Nukae subɔsubɔha vovovowo fiana le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?
5 Ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la xɔ dziƒo kple dzomavɔ me yiyi dzi se. Gake gbugbɔgadzɔ dzie Hindutɔwo ya xɔ se. Esi Amir Muawiyah si nye dɔnunɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le Islam subɔsubɔnyadzikpɔƒe aɖe nɔ nu ƒom tso nukpɔsusu si le Moslemtɔwo si ŋu la, egblɔ be: “Míexɔe se be ʋɔnudrɔ̃ŋkeke aɖe li le ku megbe, esime nàdo ɖe Mawu, Allah ŋkume, si anɔ abe alesi woakplɔ wò ayi ʋɔnui ko ene.” Islam ƒe dzixɔse fia be ɣemaɣie Allah dzroa amesiame ƒe agbenɔnɔ me eye wòɖoa ame ɖe paradiso me loo alo ɖe dzomavɔ me.
6 Ne ame ku le Buddhatɔwo kple Katolikotɔwo siaa ƒe aƒe me le Sri Lanka la, woʋua woƒe ʋɔtru kple fesrewo ɖi gbadzaa. Wosia akaɖi, eye wodaa amekukuɖakaa ɖi trɔa ame kukua ƒe afɔwo ɖe ʋɔtrua nu. Woxɔe se be ne wowɔ nusiawo la, enaa ame kukua ƒe gbɔgbɔ, alo luʋɔ te ŋu doa go le aƒea me bɔbɔe.
7 Ronald M. Berndt si le Australia Ɣetoɖoƒe ƒe Yunivɛsiti gblɔ be Australiatɔ Dzɔleaƒewo xɔe se be “gbɔgbɔ le amegbetɔwo si si metsrɔ̃na o.” Afrika-to aɖewo me tɔwo xɔe se be ne ame tsɛwo ku la, wozua ŋɔliwo, eye ame ŋkutawo va zua tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔ siwo ŋu wodea bubui heɖea kuku na le esi wobui be wonye nutoa me gbɔgbɔmekplɔlawo ta.
8 Le dukɔ aɖewo me la, dzixɔse siwo ku ɖe luʋɔ si wogblɔ be ele ame kukuwo si ŋu nye wo gbɔ blemadzixɔse kple amesiwo wobuna Kristotɔwoe ƒe dzixɔse si wotsaka. Le kpɔɖeŋu me, le Katolikotɔ kple Protestanttɔ geɖe siwo le Ɣetoɖoƒe Afrika dome la, ebɔ be ne ame ku la, woatsyɔ nu ahuhɔ̃ewo ƒe ŋkume ale be ame aɖeke nagakpɔ ame kukua ƒe gbɔgbɔ le eme o. Azɔ ŋkeke 40 le amea ƒe ku megbe la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖua luʋɔa ƒe dziƒoyiyi ƒe ŋkeke.
Nya si Dze le Wo Katã Me
9, 10. Dzixɔse vevi ka dzie subɔsubɔha akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo?
9 Biabia si ku ɖe nusi dzɔna ne míeku ŋu ƒe ŋuɖoɖowo le vovovo abe alesi amesiwo gbɔ ŋuɖoɖoawo tso ƒe kɔnuwo kple dzixɔsewo hã le vovovoe ene. Ke subɔsubɔha akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe susu vevi ɖeka aɖe dzi: Nane le ame me—luʋɔ, gbɔgbɔ, ŋɔli—si mekuna o eye wòyia edzi nɔa agbe le ku megbe.
10 Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha kple kɔmamã akpe geɖe me tɔwo katã kloe xɔ luʋɔ makumaku dzi se. Enye nufiafia si dzi woda asi ɖo le Yuda-subɔsubɔ hã me. Dzixɔse sia dzi koŋue Hindutɔwo tu gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia ɖo. Moslemtɔwo xɔe se be luʋɔa kple ametia dzɔna zi ɖeka gake eyia edzi nɔa agbe le ametia ƒe ku megbe. Xɔseha bubuwo—Afrika-trɔ̃subɔlawo, Shintotɔwo, kple Buddhatɔwo hã—fiaa nu vovovowo le nya ɖeka sia ŋu.
11. Aleke agbalẽnyala aɖewo bua dzixɔse si nye be luʋɔ mekuna o lae?
11 Nukpɔsusu si to vovo ye le ame aɖewo si eye wobui be ku nye ame ƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu. Wobua dzixɔse si nye be seselelãme kple nunya yia edzi nɔa luʋɔ makpɔmakpɔ aɖe si do le ametia me eye amenyenye mele esi o me la be mesɔ o. Ƒe alafa 20 lia me Spaintɔ nuŋlɔla kple agbalẽnyala Miguel de Unamuno ŋlɔ bena: “Be woaxɔ luʋɔ makumaku dzi ase fia be wodi be luʋɔa nagaku hafi o, gake didi vevie be wòava eme alea mana woabu nu ŋu o eye mana gɔmesese nasu ame si o.” Amesiwo mexɔ edzi se be yewoƒe luʋɔ maku o dometɔ aɖewoe nye blema xexemenunyala xɔŋkɔ siwo nye Aristotle kple Epikuro, atikewɔla Hippocrates, Scotlandtɔ xexemenunyala David Hume, Arabiatɔ agbalẽnyala Averroës, kple India dumegãwo ƒe tatɔ gbãtɔ le woƒe ɖokuisinɔnɔ xɔxɔ vɔ megbe, Jawaharlal Nehru.
12, 13. Biabia vevi kawoe fɔ ɖe te le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia ŋu?
12 Biabia lae nye be, Ðe luʋɔ aɖe le mía me si mekuna oa? Ne nyateƒe wònye be luʋɔa kuna la, ke aleke wòdzɔe be subɔsubɔha siwo li egbea ƒe akpa gãtɔ lé alakpanufiafia sia me ɖe asi vevie? Afikae dzixɔse la dzɔ tso? Eye ne enye nyateƒe be luʋɔa meganɔa agbe le ku megbe o la, ke mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo?
13 Ðe míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe hefaa akɔ na ame na biabia siawoa? Ẽ! Woaɖo biabia siawo kple bubuwo ŋu le axa siwo kplɔe ɖo dzi. Gbã la, mina míadzro eme akpɔ alesi luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la wɔ dze egɔmee.