INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 8/1 axa 3-4
  • Ðe Luʋɔ Nye Nu Makumakua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Luʋɔ Nye Nu Makumakua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biabia Ðefuname Aɖewo
  • Ðe Agbe Gale Ku Megbea?
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Aleke Gbegbee Nèxɔ Tsitretsitsia Dzi Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Luʋɔ La
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 8/1 axa 3-4

Ðe Luʋɔ Nye Nu Makumakua?

XƆLƆ̃WO kple ƒometɔwo zɔ to aɖaka si woʋu ɖi la ŋu le ɖoɖoezizi me. Wonɔ ŋutsuvi ƒe 17 vi aɖe ƒe kukua kpɔm dũ. Exɔlɔ̃ siwo tso suku mele ekpɔm dze sii o. Dɔdamɔnu si nye Chemotherapy na ɖa vɔ le ta nɛ, cancer na wòɖi ku glaŋglaŋ. Wo xɔlɔ̃ la ŋutɔŋutɔe nye esia? Kwasiɖa ʋee aɖewo do ŋgɔ la, nyawo nɔ tame nɛ, nyabiasewo nɔ esi, ŋusẽ nɔ eŋu—agbe nɔ eme! Ŋutsuvia dada tsɔ avi nɔ gbɔgblɔm enuenu be: “Dzi le Tommy dzɔm fifia wu. Mawu di be Tommy nava nɔ ye gbɔ le dziƒo.”

Esi vinɔ sia si ƒe dzi gbã susu be ye viŋutsua gale agbe le mɔ aɖe nu ta la, mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa aɖe su esi. Wofiae le sɔleme be luʋɔ la mekuna o, be enye amenyenye, tamesusu, ŋkuɖoɖonudzi ƒe tsoƒe—enye “amea ŋutɔ.” Exɔe se be ye viŋutsua ƒe luʋɔ meku kura o; enye gbɔgbɔmeme si le agbe, eye wòdo go le eƒe ŋutilã la me le ku me heyi dziƒo be wòaɖanɔ anyi kple Mawu kpakple mawudɔlawo.

Esi ne nya dzɔ ɖe amegbetɔ dzi la, eƒe dzi kuna ɖe mɔkpɔkpɔnya suetɔ kekeake ŋu ta la, nusita dzixɔse sia dzea ame geɖe ŋu kpɔkpɔ dze sii mesesẽ o. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ alesi mawunyaŋununyala J. Paterson-Smyth gblɔ eƒe nukpɔsusu le The Gospel of the Hereafter mee la ɖa: “Ne míetsɔ ku sɔ kple nusi vana ɖe eyome la, nu sue aɖe koe ku nye—xexeme nyui, nyui, nyui ma si me Ku kplɔa mí yinae.

Le xexeame godoo kple le subɔsubɔha kpakple dekɔnu geɖe me tɔwo dome la, amewo xɔe se be luʋɔ si mekuna o la le ame me, enye gbɔgbɔ si yia edzi nɔa agbe le ŋutilã la ƒe kuku vɔ megbe. Dzixɔse sia le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha kple kɔmamã akpe geɖeawo dometɔ ɖesiaɖe me kloe. Enye nufiafia si dzi woda asi ɖo le Yuda-subɔsubɔha hã me. Hindutɔwo xɔe se be wowɔ atman, alo luʋɔ la le agbedzɔɣi, wosikae ɖe ŋutilã la me le edziɣi, eye wòyia edzi madzudzɔmadzudzɔe gagbugbɔ dzɔna ɖe ŋutilã bubuwo me le ku megbe. Moslemtɔwo xɔe se be luʋɔ kple ŋutilã lae dzɔna ɖekae eye wòyia edzi nɔa agbe ne ŋutilã la ku vɔ megbe. Xɔse bubu me tɔwo—Afrikatɔ trɔ̃subɔlawo, Shintotɔwo, Buddhatɔwo gɔ̃ hã le mɔ aɖe nu—fiaa nyati ɖeka sia ke le mɔ vovovowo nu.

Biabia Ðefuname Aɖewo

Togbɔ be ɖikeke aɖeke mele eŋu o be woxɔ luʋɔ makumaku nufiafia la dzi se le xexeame katã kloe hã la, efɔ biabia ɖefuname aɖewo ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, amewo dea ŋugble le afisi lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe luʋɔ ayi ne amea menɔ agbe nyui o la ŋu. Ðe wòagbugbɔ adzɔ anye lã aɖe ƒomevia? Alo ɖe woaɖoe ɖe ŋutiklɔdzo me, afisi woatsɔ dzo aklɔ eŋui vaseɖe esime wokpɔ be eŋuti kɔ na dziƒoyiyia? Vloetɔ wu la, ɖe woafia fui tegbee le dzomavɔ ƒe dzobibi mea? Alo abe alesi trɔ̃subɔsubɔha geɖewo fianae ene la, ɖe wòzu gbɔgbɔ si wòle be woalé avuia?

Nukpɔsusu mawo naa nusiwo agbagbeawo kpɔa mɔ na zua agba na wo. Ðe wòle be míalé avu míaƒe lɔlɔ̃tɔ kukuwo ƒe gbɔgbɔ ne woagava bia hlɔ̃ mí oa? Ðe wòle be míakpe ɖe wo ŋu be woado le ŋutiklɔdzo dziŋɔ aɖe mea? Alo ɖe wòle be ŋɔ nadzi mí míanɔ ƒoƒom kpakpakpa kple susu be wole fu kpem le dzomavɔ mea? Alo ɖe wòle be míawɔ nu ɖe lã gbagbe aɖewo ŋu abe ɖe ame kukuawo ƒe luʋɔ le wo me enea?

Biabia siwo fɔna ɖe te ku ɖe Mawu ŋutɔ ŋu mefaa akɔ na ame kura o. Le kpɔɖeŋu me, ne dzila geɖe, abe vinɔ si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me ene susu be Mawu “kplɔ” wo vi ƒe luʋɔ makumakua yi dziƒo be wòanɔ ye gbɔ la, efaa akɔ na wo gbã gbɔ. Gake le ame geɖe gome la, eteƒe medidina hafi wova dzea tamebubu gɔme be Mawu kae ana ɖevi si mele ɖeke nyam o nadze dɔ vɔ̃ɖi aɖe, eye wòadu lɔlɔ̃tɔ ma le dzila siwo ƒe dzi gbã la si me akplɔe ayi dziƒo kpata nenema. Afikae Mawu ma ƒe dzɔdzɔenyenye, lɔlɔ̃, kple nublanuikpɔkpɔa le? Ame aɖewo tɔa gbe Mawu ma ƒe nunya. Wobiana be, nenye be luʋɔ siawo katã ava yi dziƒo mlɔeba ɖe, ke nukata Mawu si nya nu la ava da wo ɖe anyigba dzi gbã? Ðe mafia be anyigba la wɔwɔ nye agbagbadzedze dzodzro gã aɖe oa?—Tsɔe sɔ kple Mose V, 32:4; Psalmo 103:8; Yesaya 45:18; Yohanes I, 4:8.

Eyata edze ƒã be, amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la, aleke kee woɖafiaa nu siae o la, biabia siwo tɔtɔa amee wòfɔna ɖe te, esiwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu gɔ̃ hã. Nukata? Kuxia akpa gãtɔ tso afisi nufiafia sia dzɔ tsoe gbɔ. Ne èdzro dzɔtsoƒe siawo me kpuie la, nu geɖe me ava kɔ na wò; eye nusi Biblia ŋutɔ gblɔ le luʋɔ ŋu la awɔ nuku na wò. Egblɔ ku megbe ƒe mɔkpɔkpɔ si nyo sasasã wu esi xexeame ƒe subɔsubɔhawo fiana.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe