INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/01 axa 1
  • Nye Toɖola Nyui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Toɖola Nyui
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Lé Ŋku Ðe Alesi Nèɖoa Toe Ŋuti’
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Aleke Mawɔ Nye Susu Nanɔ Nu Ŋu?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 1/01 axa 1

Nye Toɖola Nyui

1 Ebia ɖokuimamla be míate ŋu aɖo to nyuie. Ebia hã be toɖola nadi be yeasrɔ̃ nu tso nya si wòse me be wòaɖe vi nɛ. Eyata Yesu te gbe ɖe alesi wòhiã be ‘míalé ŋku ɖe alesi míeɖoa toe ŋu’ dzi.—Luka 8:18.

2 Esia hiã vevietɔ ne míeyi hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple takpekpe gãwo. Ele be míaɖo to nyuie le ɣeyiɣi siawo me. (Heb. 2:1) Nya siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò be nànye toɖola nyui le Kristotɔwo ƒe kpekpe siawo me.

◼ Kpɔ kpekpeawo ƒe vevienyenye dze sii. Wonye mɔ vevi siwo dzi ‘Yehowa tona fiaa nu’ mí to “xɔnuvi nuteƒewɔla” la dzi.—Yes. 54:13; Luka 12:42.

◼ Dzra ɖo do ŋgɔ. To nyati si me woava dzro la me, eye kpɔ egbɔ be yetsɔ Biblia kple agbalẽ si woava srɔ̃ la ɖe asi.

◼ Dze agbagba vevie be wò susu nanɔ nyaawo ŋu le kpekpeawo me. Tsri nuƒoƒo na amesiwo nɔ anyi ɖe axawò kple nusi wɔm nyasela bubuwo le kpɔkpɔ. Te kpɔ be màgana nusi nàva wɔ le kpekpeawo megbe alo ame ŋutɔ ƒe nya bubu aɖe ŋu bubu nahe wò susu o.

◼ Dzro nya siwo wogblɔ me. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke nya sia kamee? Ɣekaɣie matsɔe awɔ dɔe?’

◼ Wɔ nuŋlɔɖi kpuiwo le nya veviwo kple mawunyakpukpuiwo ŋu. Esia kpena ɖe ŋuwò be wò susu nɔa nya si gblɔm wole ŋu eye wòna nèɖoa ŋku nya veviawo dzi be nàzãe emegbe.

3 Fia Viwòwo be Woaɖo To: Ðeviwo hiã gbɔgbɔmenufiame. (Mose V, 31:12) Le blema la, ele be “amesiame, si ate ŋu ase [nu] gɔme” le Mawu ƒe amewo dome naɖo to ne wole Sea xlẽm na wo. (Nex. 8:1-3) Ne dzilawo kpɔa gome le kpekpewo me heɖoa to nyuie la, anɔ bɔbɔe be wo viwo nawɔ nenema ke. Mesɔ be míatsɔ fefenuwo kple amadedegbalẽwo vɛ be míatsɔ ado dzidzɔ na ɖeviwo o. Aɖuɖɔɖɔƒe yiyi edziedzi si mehiã o hã menana woɖoa to o. Esi “bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu” ta la, ele be dzilawo nadze agbagba vevie akpɔ egbɔ be yewo viwo nɔ anyi se nya le kpekpeawo me.—Lod. 22:15.

4 Ne míeɖoa to nyuie la, míeɖenɛ fiana be míenye nunyalawo nyateƒe eye míedi be ‘míaxɔ nufiame geɖe wu.’—Lod. 1:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe