INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 70
  • Aleke Mawɔ Aɖu Nye Seselelãmewo Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Aɖu Nye Seselelãmewo Dzi?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu si gbɔ wòtsona
  • Nu etɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ
  • 3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Kuxia: Seselelãme Ðefunamewo
    Nyɔ!—2015
  • 2 | “Akɔfafa Si . . . Tso Ŋɔŋlɔawo Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Vividodoɖeameŋu Kple Seselelãme
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 70
Sɔhɛ aɖe le dzidzɔmo kple nublanuimo tam

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖu Nye Seselelãmewo Dzi?

“Ne mele dzidzɔ kpɔm sẽ ko kasia megalé blanui. Nu siwo dze nu bɔbɔe aɖe nam etsɔ si va yi la va dzea nu gã siwo ŋu léƒe mele o nam egbea.”​—Carissa.

Ðe nèkpɔa dzidzɔ sẽ ko galèa blanui abe ale si mɔ dzekpodzeʋe le enea?a Ne nenemae la, nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò!

  • Nu si gbɔ wòtsona

  • Nu etɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Nu si gbɔ wòtsona

Dzidzɔkpɔkpɔ kple blanuiléle wòagbɔ eme nyea tɔtrɔ siwo vana le ƒewuime ƒe akpa aɖe. Ne èle wò ƒewuiwo me yina ɖe ƒewuiwo ƒe nuwuwu lɔƒo gɔ̃ ha la, awɔ nuku na wò be tɔtrɔ siawo aganɔ vavam kokoko, mànya nu si gbɔ wotso o.

Ne ètɔtɔ le ale si wò seselelãmewo trɔnae ŋu la, ɖo ŋku edzi be lãmetsiwo ƒe tɔtrɔ, vɔvɔ̃ kple makamakaɖeameɖokuidzi siwo vana ne ame le tsitsim gbɔe seselelãme siawo ƒe akpa gãtɔ tso. Nya nyuiae nye be, ate ŋu ase wò seselelãmewo gɔme ahanɔ te ɖe wo nu.

Nyateƒenya: Ele vevie be nàsrɔ̃ ale si nàɖu wò seselelãmewo dzi esime nènye ɖevi, elabe àva zã ŋutete sia le nɔnɔme vovovowo me ne ètsi.

Ðekakpui aɖe le asa ƒom na dowo le mɔ aɖe dzi

Seselelãme manyomanyowo le abe mɔ si dzi dowo le ene. Ne èdze aɖaŋu la, ate ŋu aƒo asa na gbegblẽawo eye nàyi wò mɔzɔzɔa dzi

Nu etɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ

Ƒo nu tso eŋu. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”​—Lododowo 17:17.

“Xɔlɔ̃ aɖe le míaƒe ƒomea si, si ŋu mete ŋu tena ɖo. Eɖoa tom vevie ne mele nya aɖe gblɔm nɛ, eye meɖea dzi ɖi gblɔa nye nyawo nɛ. Ne meɖe nye susu gblɔ eye wònyo la, ekpɔa dzidzɔ ɖe ŋunye, eye ne susua menyo o la, eɖɔam ɖo le mɔ nyuitɔ nu.”​—Yolanda.

Kpekpeɖeŋu: Le esi nànɔ nu ƒom tso wò seselelãmewo ŋu na hawòtiwo​—siwo ɖewohĩ woawo hã le nɔnɔme ma ke me​—ɖeɖeko teƒe la, ɖo dze tso eŋu na dziwòlawo loo alo ame bubu si dzi nèka ɖo.

Ŋlɔ nu tso eŋu. Biblia gblɔ be esi dzi ɖe le Hiob ƒo vevie la, egblɔ be: “Matrɔ nye dzimaɖitsitsiwo aƒo ɖi bababa. Maƒo nu le nye vevesese helĩhelĩ la ta!” (Hiob 10:1) Tsɔ kpe ɖe nuƒoƒo tso kuxia ŋu na ame aɖe ŋu la, mɔ bubu si nu ‘nàƒo nu’ lee nye be nàŋlɔ nu tso ale si nèle sesem le ɖokuiwò me ŋu la ɖi.

“Agbalẽvi aɖe nɔa ŋunye ɣesiaɣi. Ne nane dzɔ si do dziku nam la, meŋlɔnɛ ɖi. Nuŋɔŋlɔ alea nana nye dzi dzea eme ŋutɔ.”​—Iliana.

Kpekpeɖeŋu: Agbalẽvi aɖe nenɔ asiwò si me nàte ŋu anɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me, nu si nana nèsena le ɖokuiwò nenema, kple ale si nàte ŋu aɖu wo dzi la ŋlɔm ɖo. Dɔwɔgbalẽvi si kpe ɖe nyati sia ŋu la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Do gbe ɖa tso eŋu. Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.”​—Psalmo 55:22.

“Medoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi ne dzi ɖe le ƒonye. Ne megblɔ nye dzimenyawo nɛ vɔ la, nye dzi dzea eme.”​—Jasmine.

Kpekpeɖeŋu: Togbɔ be àtsi dzimaɖi hã la, bu nu etɔ̃ siwo ta nàda akpe ɖo le wò agbe me la ŋu. Ne èdo gbe ɖa na Yehowa la, bia kpekpeɖeŋu, eye mègaŋlɔ be nàda akpe nɛ ɖe yayra siwo su asiwò la ta o.

Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Daniel

“Filipitɔwo 4:6 gblɔ na mí be míado gbe ɖa tso míaƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu eye míatsɔ ‘akpedada’ hã kpe ɖe eŋu. Ne mele gbe dom ɖa la, medzea agbagba be mada akpe, eye mebua nu yeye siwo tae mada akpe na Yehowa ɖo la ŋu. Mekpɔe be esia ɖea nye dzimaɖitsitsiwo dzi kpɔtɔ.”​—Daniel.

Jessica

“Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna nam be magblɔ nye nyawo na Yehowa, gake medzea agbagba ɖea wo gblɔna nɛ. Gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye mekpɔa ale si gbegbe Yehowa lɔ̃m eye be madidi o ‘atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le míaƒe ŋkume’ abe ale si Biblia gblɔe ene le Nyaɖeɖefia 21:4.”​—Jessica.

a Nyati sia dzro seselelãme ƒe tɔtrɔ siwo me sɔhɛwo tona zi geɖe la me. Ne èle tagbɔdɔ si nana wowɔa nu kple dzonɔameme si gbɔ eme alo blanuiléledɔ bubu aɖe lém la, kpɔ nyati si nye “Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Blanuiléledɔ Nu?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe