Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Yehowa Ðasefo geɖe ɖua woƒe srɔ̃kpegbe ƒe ƒezãwo. Ƒezã ƒomevi aɖee dzigbezã hã nye si nye ŋkeke si dzi wodzi wò ƒe azã. Eyata nukata woaɖu srɔ̃kpegbe ƒe ƒezã evɔ womaɖu dzigbezã ya o?
Le nyateƒe me la, mehiã be Kristotɔ naɖu wo dometɔ aɖeke o. Gake mefia be gɔmesese ɖeka ye le wo ame evea ŋu alo be ele be Kristotɔwo nabu srɔ̃kpegbe ƒe ƒezãwo abe alesi wobua dzigbezãwoe ene o.
Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, ƒezãwoe evea siaa nye elabena “ƒezã” nye ‘ŋkeke si wotsɔ dea dzesi nudzɔdzɔ aɖe ƒe sia ƒe.’ Woate ŋu ade dzesi nudzɔdzɔ ɖesiaɖe dzɔgbe ne ƒe trɔ—ŋkeke si nèdze lɔrifɔku, nèkpɔ ɣe wòlé dzinu, nèkplɔ wò ƒomea de tsiƒuƒee, kple bubuwo. Eme kɔ kɔte be Kristotɔwo mewɔa nudzɔdzɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkeke wònyea ŋkeke tɔxɛ alo ɖua eƒe ‘azã’ o. Ele be míabu nudzɔdzɔ si tɔgbe wònye ŋu eye míatso nya me le nusi míebu be esɔ ŋu.
Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Israel-viwo tẽ be woaɖu yeƒe dɔla si va to Israel-viwo ƒe aƒewo ŋu le Egipte kple eƒe amewo ƒe ʋuʋu le ƒe 1513 D.M.Ŋ. ƒe azã ƒe sia ƒe. (Mose II, 12:14) Esime Yudatɔwo, kple emegbe Yesu hã, ɖu azã sia ƒe sia ƒe la, wɔwɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi mee woɖui le, gake menye kple kplɔ̃ɖoɖo alo nunana amewo o. Yudatɔwo hã bu gbedoxɔa ŋu gbugbɔgakɔ ƒe ɣeyiɣia ƒezã tɔxɛ aɖee. Togbɔ be womede se na wo le Biblia me be woaɖu nudzɔdzɔ vevi sia ƒe azã o hã la, Yohanes 10:22, 23 me nyawo fia be Yesu metsi tre ɖe eŋu o. Mlɔeba la, Kristotɔwo wɔa kpekpe tɔxɛ aɖe tsɔ ɖua Yesu ƒe kuzãe. Gake sedede si dze le Mawu ƒe Nya la me kɔte dzi wɔwɔ tae woɖunɛ ɖo.—Luka 22:19, 20.
Ke le srɔ̃kpegbe ƒezãwo hã gome ɖe? Le dukɔ aɖewo me la, ebɔ be ŋutsu kple srɔ̃a nade dzesi ŋkeke si woɖe wo nɔewo ne ƒe trɔ, eye srɔ̃ɖeɖe nye nusi Mawu ɖo anyi. (Mose I, 2:18-24; Mateo 19:4-6) Le nyateƒe me la, Biblia meƒo nu gbegblẽ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Yesu de srɔ̃kpeƒe aɖe eye wòkpe asi ɖe dzidzɔkpɔkpɔ si yi edzi hã ŋu.—Yohanes 2:1-11.
Eyata mawɔ nuku o be atsu kple asi nadi ɣeyiɣi le ŋkeke si dzi woƒe srɔ̃ɖegbea dze me atsɔ aɖo ŋku dzidzɔ si wokpɔ le wɔna ma me dzi eye be woatsɔ ado ŋusẽ tame si woɖo kplikpaa be yewo ame evea yewoadze agbagba be yewoakpɔ dzidzedze. Ne atsu kple asia ɖeɖekoe aɖo ŋku dzidzɔŋkeke sia dzi alo woakpe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi ʋee aɖewo vɛ o, anye woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso. Mele be woana wɔna la nava nye nusita ame gbogbo siwo ŋu ŋku mate ŋu anɔ o nava kpe ta o. Le ŋkeke sia dzi la, Kristotɔwo adi be gɔmeɖose siwo dzi yewozɔna ɖo gbesiagbe le yewoƒe agbenɔnɔ me la nakplɔ yewo. Eyata ne ame aɖu srɔ̃kpegbe ƒe ƒezã alo maɖui o la, enye amea ŋutɔ ƒe nya.—Romatɔwo 13:13, 14.
Ke dzesidede ame ƒe dzigbe etɔxɛe ya ɖe? Ðe woƒo nu tso azã siawo tɔgbe ɖuɖu ŋu le Biblia mea?
Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, ɖua dzigbezã nyateƒe. Agbalẽvi si nye Daily Heavenly Manna (Gbesiagbe Dziƒo Mana) nɔ wo dometɔ geɖe si. Gbesiagbe mawunyakpukpuiwoe nɔ agbalẽ sia me, eye Kristotɔ geɖe faa foto suewo ɖe agbalẽ sia me tsɔ dea dzesi wo hati Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe dzigbewoe. Azɔ hã, February 15, 1909, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gblɔ be le takpekpe aɖe si wowɔ le Jacksonville, Florida, U.S.A., me la, amewo nɔ Nɔviŋutsu Russell, si nye Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi ŋu wokplɔe yi nuƒolanɔƒeae. Nukatae? Wotsɔ dzigbenunana si mele mɔ kpɔm na o siwo nye atɔtɔ kple aŋuti siwo wode aɖaka me vɛ nɛ. Esia na míekpɔ alesi nuwo yi edzii tsã vie. Be míagblɔe wòasɔ la, de dzesii be le ɣeyiɣi mawo me la, Biblia Nusrɔ̃viwo hã ɖua December 25 lia be eyae nye Yesu dzidzi ƒe azã, alo eƒe dzigbezã. Eye kura gɔ̃ hã enye nu koŋ nɔ anyi be woɖoa Kristmaskplɔ̃ tɔxɛ le Brooklyn Betel.
Gake tso ɣemaɣi ke la, Mawu ƒe amewo tsi le gbɔgbɔ me le nu geɖe me. Le ƒe 1920-awo me la, nyateƒea ƒe kekeli si me kɔ ɖe edzi na wova kpɔ nusiwo gbɔna la dze sii:
Menye December 25 lia, si nye trɔ̃subɔlawo ƒe azãɖuɣi, dzie wodzi Yesu o. Yesu ƒe kugbe dzie Biblia gblɔ na mí be míaɖo ŋkui, ke menye be míaɖu eya alo ame bubu aɖeke ƒe dzigbezã o. Ŋkuɖoɖo Yesu ƒe ku dzi wɔ ɖeka kple Nyagblɔla 7:1 me nyawo kpakple nyateƒe si wònye be alesi nuteƒewɔla ƒe agbenɔnɔ wu enui la le vevie sã wu eƒe dzigbe. Womeŋlɔ nu tso subɔla nuteƒewɔla aɖeke ŋu le Biblia me be eɖu eƒe dzigbezã o. Trɔ̃subɔlawo ƒe dzigbezãɖuɖu ŋuti nuŋlɔɖiwo koe le eme, eye egblɔ be wowɔ ŋutasẽnuwo le wo ɖuɣi. Mina míaku dzigbezãɖuɖu siawo me akpɔ.
Gbãtɔe nye Farao ƒe dzigbezãɖuɖu le Yosef ƒe ŋkekeawo me. (Mose I, 40:20-23) Wogblɔ nya sia tsɔ dze egɔmee le dzigbezãwo ɖuɖu ŋu le Hastings ƒe Encyclopædia of Religion and Ethics me be: “Dzigbezãɖuɖu ƒe kɔnuwo do ƒome kple ɣeyiɣibubu le gotagome, eye ne woage ɖe eme la, edo ƒome kple blemasubɔsubɔ aɖewo ƒe gɔmeɖosewo.” Emegbe numekugbalẽa yɔ nya tso nusi Aƒetɔ J. Gardner Wilkinson, si nye Egiptetɔwo ƒe blemanudzɔdzɔwo me kula ŋlɔ me be: “Egiptetɔ ɖesiaɖe dea asixɔxɔ gã aɖe ŋkeke, kple kura gɔ̃ hã gaƒoƒo si dzi tututu wodzii ŋu; eye anɔ eme be, abe alesi wònɔna le Persia ene la, amesiame ɖua eƒe dzigbezã kple aseyetsotso gã aɖe, exɔa exɔlɔ̃wo kple vividoɖeameŋunuwɔna vovovowo, kple kplɔ̃ɖoɖo kpeɖi si me nuɖuɖu damiwo nɔna fũ.”
Dzigbezãɖuɖu bubu si ŋu wogaƒo nu tsoe le Biblia mee nye Herodes tɔ, si me wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimela nu le. (Mateo 14:6-10) The International Standard Bible Encyclopedia (ƒe 1979 tɔ) na numekɔkɔ sia: “Helatɔ siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Aleksanda Gãtɔ ŋɔli la ɖua dzigbezã na mawuwo kple ame ŋkutawo. Woyɔa azãɖuɖu siawo le Helagbe me be genéthlia, eye nya genésia fia azã si woɖuna tsɔ ɖoa ŋku ame xɔŋkɔ aɖe si megali o ƒe dzigbe dzi. Le Maccabeewo II, 6:7 me la míeke ɖe genéthlia si woɖuna ɣleti sia ɣleti na Antiochus IV ŋu, eye wozia Yudatɔwo dzi le azã siawo ɖuɣi be ‘woaɖu vɔsanuawo.’ . . . Esime Herodes nɔ eƒe dzigbezã ɖum la, Helatɔwo ƒe kɔa tae wòɖunɛ ɖo; kpeɖodzi aɖeke meli be woɖu dzigbezãwo le Israel do ŋgɔ na Aleksanda Gãtɔ ƒe ɣeyiɣia me o.”
Nyateƒee, Kristotɔ vavãwo metsɔa nuwɔna alo kɔnyinyi ɖesiaɖe ƒe dzɔtsoƒe kple kadodo si ate ŋu anɔ wo kple blemasubɔsubɔwo kpakple kɔnyinyiwo dome la me kuku doa agba na wo ɖokui o, gake womelɔ̃na be yewoaŋe aɖaba aƒu dzesi siwo dze kɔte le Mawu ƒe Nya me hã dzi o. Eƒe ɖee nye be dzigbezã siwo ko ƒe nuŋlɔɖi dze le Biblia me la dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me eye wowɔ ŋutasẽnuwo le wo me. Eyata eme kɔ be Ŋɔŋlɔawo meƒo nu nyui aɖeke tso dzigbezãɖuɖu ŋu o, si nye nyateƒe si dzi anukware Kristotɔwo meŋea aɖaba ƒuna o.
Eyata togbɔ be ame ŋutɔ ƒe nyae wònye ne Kristotɔwo ɖoe be yewoaɖu yewoƒe srɔ̃kpegbezã ne ƒe trɔ hã la, susu nyuiwo li siwo ta Kristotɔ vavãwo meɖua dzigbezãwo ya o.