TA 32
Alesi Wokpɔ Yesu Tae
YEHOWA wɔa nu wɔnukuwo ɣeaɖewoɣi tsɔ kpɔa amesiwo metsi o kple amesiwo mate ŋu akpɔ woa ŋutɔwo ɖokui ta o la ta. Ne èyi kɔƒenutowo me eye nèle tsa ɖim le gbeme la, ɖewohĩ àkpɔ mɔ siwo nu Yehowa wɔa esia le la dometɔ ɖeka teƒe. Gake gbã la, ɖewohĩ màse nusi tututu le dzɔdzɔm la gɔme o.
Xevi aɖee nye ma nèkpɔ wòva dze ɖe ŋgɔwò. Ewɔ abe nuvevie wɔe ene. Èɖe afɔ be yeate ɖe eŋu, eye wòke eƒe aʋala ɖeka me le etem le anyi yina. Ne èdze xevia yome la, eya hã anɔ ŋgɔwò vie ko anɔ yiyim ale be mète ŋu le etum o. Kasia zi ɖeka ko xevia dzo dzo le gbɔwò. Naneke mewɔ aʋala nɛ o! Ènya nusi wɔm xevia nɔa?—
Xevia ƒo vi ɖe afisi gogo teƒe si wòva dze ɖe ŋgɔwò le gbea me. Xevia nɔ vɔvɔ̃m be àva ke ɖe ye viwo ŋu awɔ nuvevi wo. Eyata ewɔ eɖokui abe nuvevie wɔe ene bene nàdze ye yome yeakplɔ wò adzoe le teƒe ma. Ènya amesi ate ŋu akpɔ mía ta abe alesi xevi kpɔa viawo tae enea?— Le Biblia me la, wotsɔ Yehowa sɔ kple xe aɖe si woyɔna be hɔ̃, si kpena ɖe viawo ŋu ŋutɔ.—Mose V, 32:11, 12.
Aleke xevi sia le viawo ta kpɔmee?
Vi si gbɔ Yehowa melɔ̃a nu le kura o ye nye Via lɔlɔ̃a Yesu. Esi Yesu nɔ dziƒo la, gbɔgbɔmemee wònye abe Fofoa ene eye ŋusẽ nɔ eŋu. Ate ŋu akpɔ eɖokui ta. Gake esime wova dzi Yesu ɖe anyigba dzi wònye vidzĩ la, mate ŋu akpɔ eɖokui ta o. Ele be woakpɔ eta.
Be Yesu nate ŋu awɔ nusita Mawu dɔe ɖe anyigba dzi la, ele be wòatsi aɖo ŋutsume. Gake Satana te kpɔ be yeawu Yesu hafi wòava tsi. Alesi wòdze agbagba be yeawu Yesu le eƒe ɖevime kple mɔ siwo dzi Yehowa to kpɔ etae la nye ŋutinya lédziname aɖe. Àdi be yeaseea?—
Ɣeyiɣi kpui aɖe le Yesu dzidzi megbe la, Satana na be nane do abe ɣletivi ene nɔ keklẽm le yame le Ɣedzeƒe. Amesiwo woyɔna be ɣletivimefakalawo, amesiwo srɔ̃a nu tso ɣletiviwo ŋu, dze ɣletivi ma yome kilometa alafa geɖe kaka va do ɖe Yerusalem. Wobia afisi woadzi amesi ava nye Yudatɔwo ƒe fia la le. Esi wobia amesiwo nya nusi Biblia gblɔ tso eŋu la, woɖo eŋu be: “Le Betlexem.”—Mateo 2:1-6.
Esi ɣletivimefakalawo va srã Yesu kpɔ la, nya kae Mawu gblɔ na wo si kpɔ Yesu ta?
Azɔ esi fia vɔ̃ɖi Herodes si le Yerusalem se nu tso fia yeye sia si wodzi teti le Betlexem si gogo afima ŋu vɔ la, egblɔ na ɣletivimefakalawo be: “Miheyi ɖadi ɖevi la vevie; eye ne miekpɔe la, migava ka eta nam.” Ènya nusita Herodes di be yeanya afisi woakpɔ Yesu lea?— Herodes di be yeanya elabena enɔ ŋu ʋãm, eye wòdi be yeawu ɖevia!
Aleke Mawu kpɔ Via tae?— Esi ɣletivimefakalawo yi va kpɔ Yesu la, wotsɔ nunanawo nɛ. Emegbe Mawu xlɔ̃ nu ɣletivimefakalaawo le drɔ̃e me be womegatrɔ yi Herodes gbɔ o. Eyata woto mɔ bubu dzo yi wo de eye womegatrɔ va to Yerusalem o. Esi Herodes kpɔ be ɣletivimefakalawo trɔ dzo la, dɔme vee ŋutɔ. Esi Herodes di be yeawu Yesu ta la, eɖe gbe be woawu ɖevi siwo katã le Betlexem siwo mexɔ ƒe eve haɖe o! Gake ɣemaɣi la, Yesu le didiƒe aɖe ke ɖaa.
Ènya alesi wowɔ tsɔ Yesu sii le afɔkua nua?— Esi ɣletivimefakalawo trɔ yina wo de la, Yehowa xlɔ̃ nu Maria srɔ̃ Yosef be wòatso kaba ne woasi ayi keke Egipte ke. Wokpɔ Yesu ta dedie le afima tso fia vɔ̃ɖi Herodes si me. Ƒe geɖe megbe esi Maria kple Yosef kplɔ Yesu tso Egipte wotrɔ gbɔna la, Mawu gana nuxlɔ̃ame bubu aɖe Yosef. Egblɔ nɛ le drɔ̃eƒe be woaʋu ayi Nazaret, afisi Yesu anɔ dedie le.—Mateo 2:7-23.
Aleke wogakpɔ Yesu tae ake esi wònye ɖevi?
Èkpɔ alesi Yehowa kpɔ Via taea?— Amekae nàgblɔ be ele abe xevi sue siwo wo nɔ ɣla ɖe gbeme, alo le abe Yesu ene esime wònye ɖevi sue? Ðe mèle abe woawo ke ene oa?— Amewo li siwo adi be yewoawɔ nuvevi wò hã. Ènya amesiwo wonyea?—
Biblia gblɔ be Satana le abe dzata si le gbe ɖem si le didim be yealé mí aɖu ene. Eye abe alesi dzatawo lɔ̃a ŋkutɔtɔ lã suewo ene la, nenema ke Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo hã lɔ̃a ŋkutɔtɔ ɖeviwoe. (Petro I, 5:8) Gake Yehowa sesẽ boo wu Satana. Yehowa ate ŋu akpɔ viawo ta alo aɖe wo tso nu vɔ̃ɖi siwo Satana awɔ wo la me.
Èɖo ŋku nusi Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dina be yewoana míawɔ, si ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia me dzia?— Ẽ, wodi be míakpɔ gome le gbɔdɔdɔ nuwɔna siwo Mawu be wonye nu gbegblẽ la me. Gake amekawo koe wòle be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me?— Nyateƒee, ame tsitsi eve siwo nye ŋutsu kple nyɔnu srɔ̃tɔ siwo ɖe wo nɔewo koe.
Gake ewɔ nublanui ŋutɔ be ame tsitsi aɖewo dina be yewoadɔ kple ɖeviwo. Ne wowɔ nusia kple ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la, ate ŋu ana be woava dze nu gbegblẽ siwo wosrɔ̃ tso ame tsitsi mawo gbɔ la wɔwɔ gɔme. Ana hã be woava nɔ woƒe vidzinuwo zãm ɖe mɔ gbegblẽ nu. Emae nye nusi dzɔ ɣeyiɣi didi aɖe enye si va yi le du si nye Sodom me. Biblia gblɔ be amesiwo nɔ afima, ‘tso ŋutsuviwo dzi vaseɖe ame tsitsiwo dzi,’ dze agbagba be yewoadɔ kple ŋutsu siwo va srã Lot kpɔ.—Mose I, 19:4, 5.
Eyata abe alesi wòhiã be woakpɔ Yesu tae ene la, ehiã be woakpɔ wò hã tawò tso ame tsitsi—kple ɖevi bubuwo gɔ̃ hã—siwo adi be yewoadɔ kpli wò la si me. Zi geɖe la, amesiawo awɔ wo ɖokui abe xɔ̃wòwo wonye ene. Woate ŋu agblɔ be yewoana nu wò ne èdo ŋugbe na yewo be yemagblɔ nusi woawɔ kpli wò la na ame aɖeke o. Gake ɖokuitɔdilawoe amesiawo nye, abe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo pɛpɛpɛ ene, eye alesi woawɔ be woawo ŋutɔ woase vivi ko dim wole. Eye wodina be yewoase vivi sia to ɖeviwo gbɔ dɔdɔ me. Nu gbegblẽ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋutɔe wònye!
Ènya nusi woate ŋu awɔ be woawo ŋutɔ woase vivia?— Woate ŋu adze agbagba be yewoanɔ asi lilim ɖe wò vidzinuwo ŋu. Alo kura gɔ̃ hã woate ŋu atsɔ woƒe vidzinuwo anɔ tɔwò ŋu lilim. Gake mele be nàɖe mɔ gbeɖe be ame aɖeke nafe kple wò ŋutsu alo nyɔnu o. Mele be nàɖe mɔ wò ŋutɔ nɔviwò alo nɔwò alo tɔwò gɔ̃ hã nawɔ nusia o. Wò ɖeka tɔwò koe wò ŋutilã ƒe akpa siawo nye.
Nya kae wòle be nàgblɔ ne ame aɖe di be yealili asi ɖe ŋuwò le mɔ gbegblẽ nu, eye nukae wòle be nàwɔ?
Aleke nàwɔ akpɔ wò ŋutilã ta tso amesiwo wɔa nu vɔ̃ɖi mawo si me?— Gbã la, mègaɖe mɔ na ame aɖeke be wòafe kple wò vidzinuwo o. Ne ame aɖe di be yeawɔ nusia la, gblɔe nɛ sesĩe kple ŋusẽ be: “Mègawɔe o! Meyina egblɔ ge!” Eye ne amea gblɔ be gbɔwòe vodadaa tso la, mègaxɔe se o. Mele eme o. Ameka ke wòɖanye o, wò ya yi nàva gblɔe! Ne egblɔ be nusi yedi be yeawɔ kpli wò la nye nya ɣaɣla si mele be ame bubu aɖeke nase kura o gɔ̃ hã la, ele be nàyi ava gblɔe kokoko. Nenye be amea do ŋugbe be yeana nu nyui aɖewo wò alo do vɔvɔ̃ na wò be ne ègblɔe yeawɔ nane wò alo nane adzɔ ɖe dziwò gɔ̃ hã la, ele be nàsi adzo eye nàva gblɔe godoo.
Mele be nàvɔ̃ kura o, gake ele be nàkpɔ ɖokuiwò dzi nyuie hã. Ne dziwòlawo xlɔ̃ nu wò tso ame aɖewo alo teƒe aɖewo siwo ate ŋu anye afɔku na wò ŋu la, ele be nàɖo to wo. Ne èwɔ esia la, àƒo asa na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuvevi wɔwɔ wò.
Xlẽ alesi nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me, le Mose I, 39:7-12; Lododowo 4:14-16; 14:15, 16; Korintotɔwo I, 6:18; kple Petro II, 2:14.