INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fg nusɔsrɔ̃ 12 biabiawo 1-5
  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?
  • Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
fg nusɔsrɔ̃ 12 biabiawo 1-5

NUSƆSRƆ̃ 12

Aleke Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu?

1. Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã?

Ŋutsu aɖe le gbe dom ɖa na Mawu

Mawu le dukɔwo katã me tɔwo kpem be woate ɖe ye ŋu to gbedodoɖa dzi. (Psalmo 65:3) Ke hã, menye gbedodoɖawo katãe wòɖoa toe o. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe ƒe ŋlɔmiwɔwɔ le srɔ̃a ŋu ate ŋu axe mɔ na eƒe gbedodoɖawo. (1 Petro 3:7) Nenema kee esi Israel viwo yi nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi atraɖii la, Mawu gbe be yemase woƒe gbedodoɖawo o. Edze kɔtɛe be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee gbedodoɖa nye. Ke hã, ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã trɔ dzi me la, Mawu aɖo to woƒe gbedodoɖawo.​—Xlẽ Yesaya 1:15; 55:7.

Kpɔ video si nye Ðe Mawu Ðoa To Gbedodoɖawo Katã?

2. Aleke wòle be míado gbe ɖae?

Gbedodoɖa nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe, eya ta mía Wɔla Yehowa koe wòle be míado gbe ɖa na. (Mateo 4:10; 6:9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi míede blibo o ta la, ele be míado gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me, elabena eku ɖe mía ta. (Yohanes 14:6) Yehowa medi be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me alo aŋlɔ wo ɖi agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm o. Edi be míado gbe ɖa na ye tso dzi me.​—Xlẽ Mateo 6:7; Filipitɔwo 4:6, 7.

Mía Wɔla la tea ŋu sea gbe siwo míedona ɖa le susu me gɔ̃ hã. (1 Samuel 1:12, 13) Ekpe mí be míado gbe ɖa na ye le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, abe le ŋkekea ƒe gɔmedzedze kple nuwuwu, nuɖuɣiwo, kple xaxaɣiwo ene.​—Xlẽ Psalmo 55:23; Mateo 15:36.

3. Nu ka tae Kristotɔwo kpena ɖekae ɖo?

Wole Biblia xlẽm le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe

Menɔa bɔbɔe be míate ɖe Mawu ŋu o le esi míele ame siwo mexɔ Mawu dzi se o, siwo ɖea alɔme le ŋugbe si wòdo be yeahe ŋutifafa ava anyigba dzi ŋu la, dome ta. (2 Timoteo 3:1, 4; 2 Petro 3:3, 13) Eya ta ehiã be míanɔ ha dem kple haxɔsetɔwo ahanɔ mía nɔewo tum ɖo.​—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.

Hadede kple ame siwo lɔ̃ Mawu ana mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be ame bubuwo ƒe xɔse natu mí ɖo.​—Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.

4. Aleke nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu?

Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm le ɖiɖiɖemeɣi

Àte ŋu ate ɖe Yehowa ŋu ne èdea ŋugble le nu siwo nèsrɔ̃na tso eƒe Nyaa me ŋu. Nɔ ŋugble dem le eƒe dɔwɔwɔwo, aɖaŋuɖoɖowo kple ŋugbedodowo ŋu. Ŋugbledede kple gbedodoɖa nana míekpɔa ŋudzedze deto ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nunya ŋu.​—Xlẽ Yosua 1:8; Psalmo 1:1-3.

Ne èɖo ŋu ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se ko hafi nàte ŋu ate ɖe eŋu. Ke hã ehiã be nànɔ xɔse sia tum ɖo abe ale si ko nu gbagbewo hiãa nuɖuɖu edziedzii ene. Ele be nànɔ ŋugble dem le kpeɖodzi siwo le wò dzixɔsewo ŋu la ŋuti edziedzi atsɔ anɔ wò xɔse tum ɖo.​—Xlẽ Mateo 4:4; Hebritɔwo 11:1, 6.

5. Viɖe kawoe nàkpɔ ne ète ɖe Mawu ŋu?

Yehowa léa be na ame siwo lɔ̃e. Ekpɔa wo ta tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le woƒe xɔse kple agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu la si me. (Psalmo 91:1, 2, 7-10) Exlɔ̃a nu mí ku ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋuti la ŋu. Mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo lae Yehowa fiaa mí.​—Xlẽ Psalmo 73:27, 28; Yakobo 4:4, 8.

Xɔlɔ̃wo le fefem ɖekae

Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 17 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe