INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/15 axa 28-30
  • Karaitɔwo Kple Woƒe Nyateƒea Didi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Karaitɔwo Kple Woƒe Nyateƒea Didi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee?
  • Karaitɔwo Kple Rabiwo Do Go
  • Afɔ Kae Rabiwo Ðe?
  • Ŋusẽ Vɔ le Karai Habɔbɔa Ŋu
  • Se Siwo Wogblɔ Kple Nu Ko Nukata Wova Ŋlɔ Wo Ði?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Numekɔkɔ” Ku Ðe Biblia Ŋu Tso Russia Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Xoxotɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nukae Nye Talmud La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/15 axa 28-30

Karaitɔwo Kple Woƒe Nyateƒea Didi

“MIDZRO [Ŋɔŋlɔawo] me tsitotsito eye miganɔ te ɖe nye nukpɔsusu dzi o.” Ƒe alafa wuienyilia M.Ŋ. Karaitɔwo ƒe ŋgɔnɔla aɖee gblɔ nya mawo. Amekawoe nye Karaitɔwo? Ðe míate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖe tso woƒe kpɔɖeŋu mea? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, ele be míatrɔ yi ŋutinya me nyaʋiʋli xoxo si na woɖo Karai-ha la ŋu.

Aleke Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee?

Le ƒe alafa mamleawo do ŋgɔ na Mía Ŋɔli la, xexemenunya yeye aɖe to le Yudasubɔsubɔ me. Nufiafia lae nye be Se evee Mawu na le Sinai Toa dzi, woŋlɔ ɖeka eye wogblɔ ɖeka kple nu.a Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, nyaʋiʋli sesẽ aɖe ɖo amesiwo fia nufiafia yeye sia kple amesiwo gbee la dome. Farisitɔwoe nɔ efiam, eye Zadukitɔwo kple Essenetɔwo nɔ amesiwo tsi tre ɖe eŋu dome.

Esi nyaʋiʋli sesẽ sia nɔ edzi yim la, Yesu Nazaretetɔ la si nye Mesia si ŋugbe wodo la va do. (Daniel 9:24, 25; Mateo 2:1-6, 22, 23) Yesu tɔ gbe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo dzrewɔla mawo katã. Esi wònɔ nyawo me dzrom kpli wo la, eƒo nu tsi tre ɖe woƒe kɔnuwo tsɔtsɔ ɖi gbɔ Mawu ƒe nya lae ŋuti. (Mateo 15:3-9) Yesu fia gbɔgbɔ me nyateƒea hã le mɔ si nu Mesia ɖeka ko ate ŋu afiae le la nu. (Yohanes 7:45, 46) Gake Yesu yomedzela vavãwo koe ɖee fia be Mawu da megbe na yewo. Wova yɔ wo be Kristotɔwo.—Dɔwɔwɔwo 11:26.

Esi wotsrɔ̃ Yerusalem-gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Farisitɔwo koe nye subɔsubɔkɔmamã si susɔ. Fifia si nunɔlanyenye, vɔsasa, kple gbedoxɔa megali o la, Farisitɔwo ƒe Yudasubɔsubɔ te ŋu wɔ bubuwo tsɔ ɖo esiawo teƒe, si wɔe be kɔnyinyi kple sea gɔmeɖeɖe xɔ ɖe Se si woŋlɔ teƒe. Esia ʋu mɔ ɖe “agbalẽ kɔkɔe” yeyewo ŋɔŋlɔ ŋu. Gbãtɔe nye Mishnah, si me woŋlɔ se bubu siwo wode kple nu kpakple wo ŋuti numeɖeɖewo ɖo. Emegbe wogatsɔ nuŋɔŋlɔ bubuwo kpee eye woyɔe be Talmud. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Kristotɔ xɔsegbelawo va nɔ Yesu ƒe nufiafiawo trɔm. Ƒuƒoƒo eveawo siaa ɖo subɔsubɔnuɖoanyi sesẽwo anyi—rabiwo le akpa ɖeka eye haŋgɔnɔlawo hã le akpa keme.

Le masɔmasɔ si ɖo Yudatɔwo kple Roma-trɔ̃subɔlawo dome eye emegbe kple Roma “Kristotɔwo” dome ta la, woʋu Yudasubɔsubɔ ƒe ta yi Babilon. Afimae woxlẽ Talmud la to eme le bliboe keŋkeŋ. Togbɔ be rabiaawo gblɔ be Talmud la ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu fia nyuie wu hã la, Yudatɔ geɖe va kpɔe be rabiwo le ŋusẽ kpɔm ɖe yewo dzi, eye wodi vevie be woagblɔ Mawu ƒe nya si wotsɔ to Mose kple nyagblɔɖilawo dzi na yewo.

Le ƒe alafa enyilia M.Ŋ. ƒe afã mamlea me la, Yudatɔ siwo nɔ Babilon siwo gbe rabiwo ƒe nufiafia kple se si wode kple nu dzixɔxɔse la, va kplɔ kplɔla agbalẽnyala aɖe si ŋkɔe nye Anan ben David ɖo. Egblɔ be Yudatɔ ɖesiaɖe ƒe gomee nye be wòasrɔ̃ Hebri Ŋɔŋlɔawo faa be eya koe ahe subɔsubɔ vavãtɔ vɛ, eye womagabu rabiwo ƒe numeɖeɖe alo Talmud ɖe ɖeke me o. Anan fia nu be: “Midzro Torah la [Mawu ƒe se si woŋlɔ] me tsitotsito eye miganɔ te ɖe nye nukpɔsusu dzi o.” Le gbetete ɖe Ŋɔŋlɔawo xexlẽ dzi vevie alea ta la, wova yɔ Anan yomedzelawo be Qa·ra·ʼimʹ, si nye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “nuxlẽlawo.”

Karaitɔwo Kple Rabiwo Do Go

Karaitɔwo ƒe nufiafia si de tɔtɔ rabiwo dome ƒe ɖewo ɖe? Rabiwo de se ɖe lã kple notsi ɖuɖu ɖekae nu. Wogblɔ be alea se si wode kple nu fia le Mose II, 23:19 ŋu esime wògblɔ be: “Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.” Gake Karaitɔwo ya tsɔe be gɔmesese si le kpukpui sia ŋu koe nye ma wògblɔ—ɖeke mekpee o eye ɖeke medo le eme o. Wohe nya be amewo ƒe nuɖoɖoe rabiwo ƒe sededewo nye.

Le alesi woɖe Mose V, 6:8, 9 me nu la, rabiwo gblɔ be ele be Yuda-ŋutsuwo nabla tefillin ɖe ŋgonu ne woyina gbe do ge ɖa ahatsɔ mezuzah ati ɖe ʋɔtruti ɖesiaɖe nu.b Karaitɔwo bu mawunyakpukpui siawo be kpɔɖeŋu gɔmesesee koe le wo ŋu, eyata wogbe rabiwo ƒe ɖoɖo siawo.

Karaitɔwo ƒe nya me sẽ kpaɖii le nya bubuwo me wu rabiwo tɔ. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le alesi wobu Mose II, 35:3 ŋu kpɔ, esi xlẽ be: “Migado dzo ɖe miaƒe aƒe aɖeke me le dzudzɔgbe la dzi o.” Karaitɔwo de se be woagagblẽ akaɖi alo dzo aɖeke ɖi wòanɔ bibim ne wosii alo doe hafi Sabat ɖo gɔ̃ hã o.

Vevietɔ esi Anan ku la, zi geɖe la, Karai-ŋgɔnɔlawo ƒe gbe medze gbe dzi le alesi kple afisi woawɔ se aɖewo dzi ase ɖo ŋu o, eye zi geɖe la, woƒe nyawo me mekɔ o. Ðekawɔwɔ menɔ Karaitɔwo dome o elabena womele kplɔla aɖeke te o, ke boŋ wote gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple egɔmeɖeɖe le ame ɖokui si dzi, si to vovo na rabiwo ƒe nufiafia. Gake togbɔ be enɔ alea hã la, Karai-habɔbɔa keke ta hekpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔ siwo nɔ Babilon hã dzi, hekaka ɖe Titina Ɣedzeƒe katã. Woɖo Karaitɔwo ƒe dɔwɔƒe gã aɖe gɔ̃ hã ɖe Yerusalem.

Le ƒe alafa asieke kple ewolia M.Ŋ. la, Karai-nunyalagãwo wɔ ŋgɔyiyi yeye aɖe le Hebrigbe sɔsrɔ̃ me eye wova kpɔ dzidzedze geɖe. Woxɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo, ke menye kɔnyinyi si wogblɔ kple nu o, be wole kɔkɔe. Karaitɔ aɖewo va bi ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔ me. Le nyateƒe me la, Karaitɔwo ƒe dɔwɔnae de Masoret Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ƒe dzi ƒo na Yudatɔwo katã, si na wokpɔ Biblia ta nyuie wòli pɛpɛpɛ va ɖo egbea.

Esi Karai Yudatɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba la, wodze mawunyadɔgbededɔ gɔme gaglã le Yudatɔ bubuwo dome. Esia de rabiwo ƒe Yudasubɔsubɔ afɔku me.

Afɔ Kae Rabiwo Ðe?

Nyaʋa sesẽ aɖe wònye rabiawo wɔ le woƒe tsitretsiɖeŋua me, eye wotsɔ ayedzedze bɔbɔ woƒe nufiafiawo me hetrɔ asi le wo ŋu vie. Esi Anan kpe ŋgo kpli wo ƒe alafa ɖeka megbe la, rabiwo ƒe Yudasubɔsubɔ va xɔ Karaitɔwo ƒe nuwɔna aɖewo. Rabiwo va bi ɖe Ŋɔŋlɔawo yɔyɔ me ale gbegbe eye wotsɔ Karaitɔwo ƒe nuwɔna kple nuƒoƒo de wo tɔ me.

Kplɔla sesẽ si kpe nyaʋa sia kple Karaitɔwoe nye Saʽadia ben Joseph si va nɔ Yudatɔwo nu le Babilon le ƒe alafa ewolia M.Ŋ. ƒe afã gbãtɔ me. Samuel Rosenblatt ye ɖe Saʽadia ƒe agbalẽ vevitɔ si nye The Book of Beliefs and Opinions gɔme ɖe Eŋlisigbe me, eye wògblɔ le eƒe ŋgɔdonya me be: “Togbɔ be . . . eyae nya Talmud la wu le eƒe ŋkekea me hã la, Yudatɔwo ƒe ŋɔŋlɔ sia ƒe akpa sue aɖe koe [Saʽadia] zã, eye edze ƒã be esi wòdi be yeatsɔ Karaitɔ siwo xɔ Se si Woŋlɔ ɖeɖeko be esɔ la ŋutɔ ƒe nyawo aɖu wo dzii tae.”

Esi rabiwo ƒe Yudasubɔsubɔ dze Saʽadia ƒe afɔɖoƒe yome la, wova kpɔ ŋusẽ wu mlɔeba. Wowɔ esia to asitɔtrɔ geɖe wɔwɔ me ale gbegbe be Karaitɔwo megakpɔ nya boo aɖeke ahe ɖe wo ŋu o. Moses Maimonides, Talmud-nyala xɔŋkɔ si nɔ anyi le ƒe alafa 12 lia me ye gava gblẽ nu le wo ŋu mlɔeba. Alesi wòɖe mɔ ɖe Karaitɔ siwo wònɔ anyi kple le Egipte ƒe nuwɔnawo ŋu faa, kpakple le eƒe agbalẽnyanya si ŋu ɖikeke mele o ta la, eƒe nu va nyo wo ŋu eye wòxɔ ŋusẽ le woa ŋutɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo si.

Ŋusẽ Vɔ le Karai Habɔbɔa Ŋu

Fifia esi ɖekawɔwɔ kple ɖoɖowɔwɔ megale Karaitɔwo dome o ta la, ŋusẽ va vɔ le wo ŋu eye wo yomedzelawo ka hlẽ. Mlɔeba la, Karaitɔwo va trɔ asi le woƒe nukpɔsusuwo kple gɔmeɖosewo ŋu. Leon Nemoy si ŋlɔ nu tso Karai-habɔbɔa ŋu la ŋlɔe bena: “Togbɔ be wogade se ɖe Talmud la zazã nu kokoko hã la, wotsɔ talmud me nya aɖewo de Karaitɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo me dzaa.” Esia wɔe be Karaitɔwo bu woƒe gɔmedzetameɖoɖo eye wova xɔ rabiwo ƒe Yudasubɔsubɔ ƒe akpa gãtɔ.

Karaitɔ siwo ade 25,000 gale Israel. Woagate ŋu akpɔ akpe ʋee aɖewo hã le nuto aɖewo me, vevietɔ le Russia kple United States. Gake esi kɔnyinyi le woa ŋutɔwo si ta la, woto vovo na Karaitɔ gbãtɔwo.

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Karaitɔwo ƒe ŋutinya me? Eyae nye be enye vodada gã aɖe be ‘woagbe Mawu ƒe nya la le kɔnyinyiwo ta.’ (Mateo 15:6) Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ koe ana woavo tso amewo ƒe kɔnyinyi sesẽwo me. (Yohanes 8:31, 32; Timoteo II, 3:16, 17) Ẽ, amesiwo dina be yewoanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahawɔe la menɔa te ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi o. Ke boŋ wodzroa Biblia me vevie eye wowɔa Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ƒe nufiame siwo me viɖe le la ŋudɔ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Will There Ever Be a World Without War? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc ta la ƒe axa 8-11 hena numeɖeɖe bubuwo le yeaɖi se sia si wode kple nu ŋuti.

b Tefillin nye lãgbalẽɖakavi eve siwo me woŋlɔ Ŋɔŋlɔkpukpui aɖewo de. Le kɔnua nu la, miabɔ kple ŋgonue woblaa aɖakavi siawo ɖo le kwasiɖaŋkekewo ƒe ŋdigbedodoɖawo me. Mezuzah nye agbalẽxatsaxatsa sue aɖe si dzi woŋlɔ Mose V, 6:4-9 kple 11:13-21 me nyawo ɖo tsɔ de aɖaka sue aɖe me ti ɖe ʋutruti ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Karaitɔ aɖewo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etso agbalẽ si nye The Jewish Encyclopedia, 1910 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe