INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/1 axa 4-7
  • Ɣeyiɣi Nyuiwo Le Ŋgɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣi Nyuiwo Le Ŋgɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wogblɔ Ði be Nuɖuɖu Ave
  • Yehowa Lé Be na Esubɔlawo le Blema
  • Mawu Léa Esubɔlawo Ðe Te Egbea
  • Ɣeyiɣi Nyuiwo Le Ŋgɔ
  • Woda Ahe Ganye Kesinɔtɔwo—Aleke Wòate Ŋu Adzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Èɖɔ Agbebolo La Kpɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Nuɖuɖu Le Vevem Egbea Ŋu?
    Nyati Bubuwo
  • Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/1 axa 4-7

Ɣeyiɣi Nyuiwo Le Ŋgɔ

NYƆNU aɖe gblɔ be: “Ŋdi-kple-fiẽ koe míeléa dze.”

Exɔlɔ̃ ɖo eŋu be: “Tɔnye vɔ̃ɖi wu. Fiẽ me koe nye ya meléa dze.”

Le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe akpa aɖewo la, mehiã be woaɖe dzeɖoɖo mawo tɔgbe me o. Le esi teƒe be woaɖu nu zi etɔ̃ gbeɖeka (ŋdi-ŋdɔ-fiẽ) la, zi eve ko amesi ɖua nu ŋdi-kple-fiẽ ate ŋu aɖu nu—zi ɖeka le ŋdi me eye zi ɖeka le fiẽ me. Ðekakpui aɖe si ɖua nu le fiẽ me ko la gblɔ tso eƒe nɔnɔmea ŋu be: “Gbeɖeka zi ɖekae meɖua nu. Tsi ɖeɖekoe le nye fridge me. Gari ye meɖuna le fiẽ me hafi mlɔa anyi. Nenemae mele asi trɔm le nɔnɔmea ŋui.”

Aleae amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi la le fu kpemee egbea. Nuwo ƒe asi yi dzi bobobo, eye ga ƒe kpekpeme le to yim gbesiagbe.

Wogblɔ Ði be Nuɖuɖu Ave

Mawu gblɔ nɔnɔme sesẽ siwo me ame geɖe le egbea la ɖi le ŋutega vovovowo me na apostolo Yohanes. Ðekae nye nuɖuɖu ƒe veve. Yohanes gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, eye amesi doe la, lé nudanu ɖe asi.” (Nyaɖeɖefia 6:5) Sɔ kple edola vɔ̃ɖi sia tsi tre ɖi na dɔwuame—nuɖuɖu ave ale gbegbe be ɖe woadae le nudanu dzi hafi amãe na amewo.

Apostolo Yohanes gagblɔ be: “Mese gbe aɖe . . . hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxɔ denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka.” Le Yohanes ƒe ŋkekea me la, lu dzidzenu ɖekae nye ŋkeke ɖeka ƒe nuɖuɖu na asrafo, eye denario ɖekae nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Eyata Richard Weymouth ƒe gɔmeɖeɖea ɖe kpukpui sia gɔme be: “Ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu aƒle abolo ɖeka, eye ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu aƒle ƒobolo etɔ̃.”—Nyaɖeɖefia 6:6.

Nukae nye ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu egbea? State of World Population, 1994 ƒe nyatakaka gblɔ be: “Dɔlar 1 nu koe amesiwo ade biliɔn 1.1, siwo anye dukɔ madeŋgɔwo me nɔlawo ƒe akpa 30 le alafa me nɔa agbe ɖo gbesiagbe.” Esia ta míagblɔ be le ame dahe siwo le xexeame gome la, abolo ɖeka alo esi wu ema alo le sue wu ko woƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu ate ŋu aƒle.

Le nyateƒe me la, nya sia meɖi nya aɖeke le hiãtɔ kolikoliwo gbɔ o. Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Yevuboloa! Amekae gaɖua yevubolo? Hotsuitɔwo koe gate ŋu ƒlea yevubolo fifia!”

Nukutɔe la, nuɖuɖu mele vevem hafi o. Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nya nu la, xexeame ƒe nuɖuɖugbledede dzi ɖe edzi zi 24 le alafa me le ƒe ewo siwo va yi me, si sɔ gbɔ wu amesiwo katã le xexeame ƒe xexlẽme. Gake menye amesiamee kpɔa nuɖuɖu gbogbo siawo ɖuna o. Le kpɔɖeŋu me le Afrika la, nuɖuɖugbledede ɖiɖi zi 5 le alafa me, evɔ amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi 34 le alafa me. Eyata togbɔ be nuɖuɖu le xexeame fũ hã la, nuɖuɖu le vevem le dukɔ geɖe me kokoko.

Nuɖuɖu ƒe veve fia be woƒe asi yi dzi. Dɔmakpɔmakpɔ, fetu sue xɔxɔ, kple nuwo ƒe asixɔxɔ na ga si woatsɔ aƒle nui kpɔkpɔ zu dɔ. Human Development Report 1994 gblɔ be: “Menye esi nuɖuɖu meli o tae dɔ wua amewo ɖo o—ke esi womate ŋu aƒlee o tae.”

Mɔkpɔkpɔbuɖeame, dziɖeleameƒo, kple yametsitsi va bɔ. Glory si le Ɣetoɖoƒe Afrika la gblɔ be: “Amewo sena le wo ɖokui me be nuwo me menyo egbea o, gake etsɔme avɔ̃ɖi wu.” Nyɔnu bubu hã gblɔ be: “Amewo kpɔnɛ be dzɔgbevɔ̃e aɖe tu yewo vɔ. Wosusuna be adzɔ gbeɖeka be naneke maganɔ asime o.”

Yehowa Lé Be na Esubɔlawo le Blema

Mawu subɔlawo nyae be Yehowa ɖoa eteƒe na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ to woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple ŋusẽdodo wo be woanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu me. Le nyateƒe me la, kaka ɖe Mawu ƒe ŋutete dzi be ana nu yewo la nye woƒe xɔse ƒe akpa vevi aɖe. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

Yehowa lé be na esubɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi. Esi dɔ to ƒe etɔ̃ kple afã la, Yehowa na nuɖuɖu nyagblɔɖila Eliya. Gbã la, Mawu de se na akpaviãwo be woatsɔ abolo kple lã vɛ na Eliya. (Fiawo I, 17:2-6) Emegbe Yehowa to nukumɔ dzi na ahosi aɖe ƒe wɔ kple ami gbe vɔvɔ eye wòna nuɖuɖu Eliya. (Fiawo I, 17:8-16) Le dɔtoto ma ke me, togbɔ be Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel na woti nyagblɔɖilawo yome vevie le mawusubɔsubɔ ta hã la, Yehowa kpɔ egbɔ be wona nuɖuɖu kple tsi wo.—Fiawo I, 18:13.

Emegbe esi Babilon-fia ɖe to ɖe Yerusalem si gbe xɔse la, eva hiã be woatsɔ “vɔvɔ̃ aɖu abolo ɖe dada nu.” (Xezekiel 4:16) Nɔnɔmea nu va sesẽ ale gbegbe be nyɔnu aɖewo lé woa ŋutɔwo ƒe viwo ɖa ɖu. (Konyifahawo 2:20) Gake togbɔ be wode nyagblɔɖila Yeremya mɔ le eƒe gbeƒãɖeɖe ta hã la, Yehowa kpɔ egbɔ be “wotsɔa abolo ɖeka [na Yeremya] gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me.”—Yeremya 37:21.

Ðe Yehowa ŋlɔ Yeremya be esime aboloa vɔa? Edze ƒã be meŋlɔe be o, elabena esi dukɔa dze Babilontɔwo si me la, ‘wotsɔ mɔ dzi nuɖuɖu kple nunana na Yeremya, eye wodo mɔe wòdzo.’—Yeremya 40:5, 6; kpɔ Psalmo 37:25 hã.

Mawu Léa Esubɔlawo Ðe Te Egbea

Alesi Yehowa lé esubɔlawo ɖe tee va yi la, nenema ke wòléa be na wo le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa egbea. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusi teƒe Lamitunde si le Ɣetoɖoƒe Afrika kpɔ ŋuti kpɔ. Egblɔ be: “Koklonyiƒe gã aɖe nɔ asinye. Gbeɖeka la, adzogliwo va dze kokloawo dzi fi akpa gãtɔ, wofi elektrikŋusẽmɔ̃ kple ga si nɔ mía si hã dzoe. Emegbe kpuie la, dɔ dze koklo kpɔtɔeawo dzi woku. Ema na nye koklonyidɔa tɔ. Medi dɔ ƒe eve sɔŋ do kpoe. Nuwo va te kame ŋutɔŋutɔ, gake Yehowa lé mí ɖe te.

“Nyanya be Yehowa ɖea mɔ nuwo dzɔna ɖe mía dzi wòtsɔ dzraa mí ɖoe la kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe nɔnɔme sesẽawo nu. Mía kple srɔ̃nye míeyi míaƒe ƒome Biblia sɔsrɔ̃ dzi, eye nusia kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ. Gbedodoɖa hã nye ŋusẽtsoƒe gã aɖe. Ɣeaɖewoɣi la, gbedodoɖa medzroam o, gake ne medoe ɖa la, nye dzi dzea eme vie.

“Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, mesrɔ̃ ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo ŋu ƒe vevienyenye. Mebua ta me le Psalmo 23 si yɔ Yehowa be mía Kplɔla la ŋu ŋutɔ. Mawunyakpukpui bubu si hã de dzi ƒo nam ye nye Filipitɔwo 4:6, 7 si ƒo nu tso ‘Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta’ la ŋu. Petro I, 5:6, 7, hã do ŋusẽm, esi gblɔ be: ‘Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.’ Mawunyakpukpui siawo katã kpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Ne èdea ŋugble la, àte ŋu aɖe nusiwo na woléa blanui siwo anɔ susu me na wò la ɖa.

“Fifia megakpɔ dɔ, gake nyateƒe wotona, mefia be nuwo ka ɖe eme o. Abe alesi Biblia gblɔe ɖi le Timoteo II, 3:1-5 ene la, ‘ŋkeke mamle siwo me nɔnɔ sesẽ la’ mee míele. Míate ŋu atrɔ nya si mawunyakpukpuia gblɔ o. Eyata nyemekpɔa mɔ be nɔnɔmea aka ɖe eme o. Gake mekpɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le kpekpem ɖe ŋunye mele te nɔm ɖe enu.”

Togbɔ be ɣeyiɣi sesẽwo mee míele hã la, ŋu makpe amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Fiavi, Kristo Yesu, ŋu o. (Romatɔwo 10:11) Yesu ŋutɔ ka ɖe edzi na mí be: “Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo tɔ o mahã? Eye amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã?”—Mateo 6:25-28.

Ðokuimedzodzro ƒe biabia ŋutɔŋutɔwoe nya mawo nye le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Gake Yesu gblɔ kakaɖedzinya siawo yi edzi be: “Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o; ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etsɔ kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo! Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mateo 6:28-33.

Ɣeyiɣi Nyuiwo Le Ŋgɔ

Edze ƒã be ganyawo kple hadomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ agblẽ ɖe edzi le xexeame ƒe teƒe geɖe. Gake Mawu ƒe amewo nya be nɔnɔme siawo manɔ anyi ɖaa o. Fia Salomo ƒe ŋutikɔkɔe dziɖuɖu nye vɔvɔli na Fia si lolo wu Salomo, si aɖu anyigba bliboa dzi la, ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe. (Mateo 12:42) Fia mae nye Kristo Yesu si nye “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!”—Nyaɖeɖefia 19:16.

Psalmo 72 si va eme zi gbãtɔ ɖe Fia Salomo dzi la ɖe alesi Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu gã la anɔ fia. Se nu nyui siwo ŋu nya wògblɔ ɖi be woanɔ anyigba dzi le etsɔme le Kristo si nye Fia la te dometɔ aɖewo ɖa.

Ŋutifafa Axɔ Xexeame Katã: “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”—Psalmo 72:7, 8.

Ðetsɔleme na Ame Ðihiãwo: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12-14.

Nuɖuɖu Abɔ: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe Ayɔ Anyigba Bliboa Dzi: “Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo! Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ!”—Psalmo 72:18, 19.

Eyata ɣeyiɣi nyuiwo le ŋgɔ nyateƒe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe