INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 9/1 axa 25-28
  • Mawu Ŋuɖoɖeŋutɔ La Subɔsubɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ŋuɖoɖeŋutɔ La Subɔsubɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Metsi le Greece
  • Le Dukɔmeviʋa Me
  • Alesi Meke Ðe Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi le Ŋu
  • Wolém De Game
  • Wotso Nunye ɖe Dzimetɔtrɔname Ta
  • Vinye ƒe Ku
  • Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
  • Domenyinu Nyui Aɖe
  • Meɖoe Kplikpaa be Maɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
  • Subɔsubɔ Le Yehowa Ƒe Beléle Lɔlɔ̃tɔe me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia
    Nyɔ!—1994
  • Nusi Yehowa Dze Na Tsɔtsɔ Nɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 9/1 axa 25-28

Mawu Ŋuɖoɖeŋutɔ La Subɔsubɔ

Abe alesi Kimon Progakis gblɔe ene

Fiẽ aɖe si me vuvɔ nɔ wɔwɔm ŋutɔ mee le ƒe 1955 me. Mía kple srɔ̃nye Giannoula míeva nɔ dzi tsim elabena mía viŋutsu George si xɔ ƒe 18 la metrɔ gbɔ tso xɔvi si me wòwɔa dɔ le la me o. Le vome la, kpovitɔ aɖe ƒo ʋɔ na mí. Egblɔ be: “Ʋu ƒo mia viŋutsua esime wònɔ eƒe gasɔ dzi gbɔna aƒeme, eye wòku.” Emegbe ebi ɖe ŋgɔ vie hedo dalĩ na mí be: “Woagblɔ na mi be lɔrifɔkue, gake magblɔe na mi lo, ɖe woɖoe wui.” Mía gbɔ nunɔla la kple yeaɖi asrafowo ƒe ŋgɔnɔla aɖewoe ɖo nugbe ɖe eŋu wui.

LE ƑE mawo me esime nuwo nɔ kakam ɖe eme le Greece le mamã kple nɔnɔme sesẽ ƒe ɣeyiɣiwo megbe la, afɔku nɔ eme ŋutɔ be woanye Yehowa Ðasefo. Nye ŋutɔ menya nu tso Greece Orthodɔks Ha la kple yeaɖi asrafowo ƒe habɔbɔ ƒe ŋusẽ ŋu nyuie elabena hamevi veviedonula menye nɔ wo dome kpɔ ƒe 15 sɔŋ. Mina magblɔ nusiwo he afɔku sia va míaƒe ƒomea dzi ƒe 40 kple edzivɔe nye si va yi la na mi.

Alesi Metsi le Greece

Wodzim ɖe kesinɔtɔwo ƒe ƒome aɖe me le ƒe 1902 me le kɔƒe sue aɖe si te ɖe Chalcis-dua ŋu me le Greece. Fofonye ƒo eɖokui ɖe mía gbɔ dunyahehe me vevie, eye míaƒe ƒomea nye Greece Orthodɔks Ha la me tɔ akuakuawo. Meva lɔ̃ dunyahehe kple mawusubɔsubɔ ƒe agbalẽwo xexlẽ vevie le ɣeyiɣi si me mía dedukɔ me tɔ akpa gãtɔ menya agbalẽ o.

Alesi ahedada kple numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔe le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la na medi vevie be xexe si me nɔnɔmewo nyo wu le nava. Mebu be ele be subɔsubɔhawo nate ŋu ana nɔnɔme wɔnublanui si me mía dedukɔ me tɔwo le la naka ɖe eme. Le mawusubɔsubɔ ƒe didi si nɔ menye ta la, míaƒe kɔƒea me ame tsitsiwo doe ɖa be mazu Greece Orthodɔks ƒe nunɔla le míaƒe nutoa me. Gake togbɔ be meɖi tsa yi saɖagaxɔ geɖe me eye meɖo dze kple bisiɔpwo kple saɖaganunɔlawo hã la, nyemese le ɖokuinye be mesu te alo di be maxɔ agbanɔamedzi sia o.

Le Dukɔmeviʋa Me

Ƒe aɖewo megbe, le April 1941 me la, Greece va nɔ Nazi ƒe ŋusẽ te. Esia na amewuwu, dɔwuame, nubuname, kple amegbetɔ ƒe fukpekpe manyagblɔ ƒe ɣeyiɣi wɔnublanui aɖe dze egɔme. Habɔbɔ sẽŋu aɖe si tsi tre ɖe wo ŋu la do, eye mege ɖe vivimeʋawɔha siwo kpe aʋa kple Nazitɔ siwo va afima la dometɔ ɖeka me. Esia na wotɔ dzo nye aƒe zi geɖe, woda tum de abi ŋunye, eye wogblẽ nye agblemenuwo. Le ƒe 1943 ƒe gɔmedzedze la, nusi mía kple nye ƒomea míate ŋu awɔ koe nye be míasi ayi to glidzaglidza aɖe dzi. Míenɔ afima vaseɖe esime Germaniatɔwo dzo le October 1944 me.

Le Germaniatɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, dunyahehe kple dukɔmeviwo dome mamã do mo ɖa. Vivimeʋawɔha si me menɔ la va zu aʋakɔ gã siwo kpe ŋgo le dukɔmeviʋaa me la dometɔ ɖeka. Togbɔ be Kɔmiunisttɔwo ƒe dzixɔse si nye dzɔdzɔenyenye, sɔsɔminasɔe, kple nɔviwɔwɔ dzɔ dzi nam hã la, alesi woƒe nuwɔnawo le ŋutɔŋutɔ ɖe dzi le ƒonye keŋkeŋ mlɔeba. Esi ɖoƒe kɔkɔ nɔ asinye le habɔbɔ ma me ta la, nye ŋutɔ mekpɔe kɔte be ŋusẽkpɔkpɔ gblẽa ame. Togbɔ be dzixɔse kple nukpɔsusu siwo nyo ŋutɔ anɔ anyi hã la, ɖokuitɔdidi kple blibomademade gblẽa dunyahehe me taɖodzinu nyuitɔ kekeake hã me.

Vevietɔ nusi wɔ mo yaa nam ye nye be Orthodɔks-sɔfo siwo le akpa eve siwo kpe ŋgo dzi la tsɔ aʋawɔnuwo wu amesiwo nye woa ŋutɔwo ƒe subɔsubɔha me tɔwo! Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke osɔfo siawo agblɔ be Yesu Kristo, amesi gblɔ be: “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe” la teƒee yewole?’—Mateo 26:52.

Le dukɔmeviʋa la me le ƒe 1946 me la, mebe ɖe afisi te ɖe Lamia-dua ŋu, le Greece ƒe titina. Nye awuwo vuvu keŋkeŋ, eyata meɖoe be mabua atrɔ ɖokuinye ahayi awutɔla aɖe gbɔ le dua me wòatɔ yeye aɖewo nam. Esi meva ɖo la, wonɔ nya ʋlim vevie eye eteƒe medidi o nye hã meva nɔ nu dem nya la me, menye le dunyahehe ŋu o, ke boŋ le nusi melɔ̃ tsã la ŋu, si nye mawusubɔsubɔ. Esi eteƒekpɔlawo de dzesii be nye nukpɔsusuwo nyo la, wodoe ɖa be maƒo nu kple ‘mawunyaŋununyafialagã’ aɖe. Woyi ɖayɔe vɛ enumake.

Alesi Meke Ðe Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi le Ŋu

Le numedzodzro si yi edzi me la, “nufialagã” la bia nusi dzi metu nye dzɔxɔsewo ɖo lam. Meɖo eŋu nɛ be: “Fofo Kɔkɔeawo kple Sɔlemehawo ƒe Osɔfowo ƒe Aɖaŋuɖoha ƒe nyawo dzie metui ɖo.” Le esi teƒe be wòatsi tre ɖe nye nyawo ŋu la, eʋu Mateo 23:9, 10, le eƒe Biblia sue la me eye wògblɔ nam be maxlẽ Yesu ƒe nya siawo: “Migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.”

Nya sia ʋu ŋku nam! Mekpɔe be nyateƒea gblɔm ŋutsu sia le. Esi wògblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye la, mebiae be wòana agbalẽ aɖem maxlẽ. Etsɔ agbalẽ si nye Light si ƒo nu tso Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ŋu la vɛ nam, eye mexɔe hetrɔ yi nye bebeƒea. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ma si nyemese nusi lã siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia me la fia gɔme o, gake fifia mesrɔ̃e be wotsi tre ɖi na míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me dunyahehabɔbɔwo. Meva nɔ egɔme sem be gɔmesese nyui le Biblia ŋu na míaƒe ɣeyiɣia eye be ele be masrɔ̃e ahatrɔ nye agbenɔnɔ ɖe nyateƒe siwo le eme ŋu.

Wolém De Game

Ema megbe kpuie la, asrafowo nyè zi va afisi mebe ɖo helém. Wodem gaxɔ doviviti aɖe me. Esi menye sedzimawɔla si dim wonɔ be woalé xoxoxo ta la, menɔ mɔ kpɔm be woawum. Ðasefo si ƒo nu nam zi gbãtɔ la va srãm kpɔ le gaxɔa me. Ede dzi ƒo nam be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, eye mewɔ nenema hã. Wohe to nam be mava nɔ aboyo me le Aegean-ƒukpo Ikaria dzi ɣleti ade.

Esi meva ɖo teti ko la, meɖe ɖokuinye fia be Yehowa ƒe Ðasefoe menye, ke menye Kɔmiunisttɔ o. Woɖe aboyo ame bubu siwo hã srɔ̃ Biblia me nyateƒea yi afima, eyata medi wo, eye míesrɔ̃ Biblia la ɖekae edziedzi. Wokpe ɖe ŋunye Ŋɔŋlɔawo me sidzedze geɖe su asinye eye meva se Yehowa, mía Mawu ŋuɖoɖeŋutɔ la, ƒe mɔwo gɔme nyuie wu.

Esi nye tohehea wu enu le ƒe 1947 me la, wobia tso asinye be mayi dukɔa ƒe amenutsola ƒe dɔwɔƒe. Egblɔ nam be nye agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ eye be ne edzɔ be wogaɖe aboyom ake la, mate ŋu agblɔ be woava bia gɔnyeme ase le ye gɔ. Esi meva ɖo Athens, afisi nye ƒomea ʋu yi le ɣeyiɣi ma me la, mete hadede kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe eye eteƒe medidi o mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ adzɔgbe si meɖe na Yehowa ƒe dzesii.

Wotso Nunye ɖe Dzimetɔtrɔname Ta

Wotso Yehowa Ðasefowo nu ƒe bla nanewo le Greece le se siwo wode le ƒe 1938 kple ƒe 1939 me si tsi tre ɖe dzimetɔtrɔname ŋu. Eyata tso ƒe 1938 vaseɖe ƒe 1992 me la, wolé Ðasefo 19,147 le Greece eye gaxɔmenɔnɔ ƒe to si ʋɔnudrɔ̃ƒeawo he na wo katã de ƒe 753, eye wotsɔ eme 593 nɔ gaxɔ me ŋutɔŋutɔ. Wolé nye ŋutɔ zi gbɔ zi 40 sɔŋ ɖe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ta, eye le ye katã me la, metsɔ ɣleti 27 nɔ gaxɔ vovovowo me.

Lɛta aɖe si meŋlɔ na Greece Orthodɔks sɔfo aɖe le Chalcis ye na wolém le ɣeyiɣi aɖe me. Le ƒe 1955 me la, woƒoe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo nu be woatsɔ agbalẽvi si nye Christendom or Christianity—Which One Is “the Light of the World”? na osɔfowo katã. Osɔfo aɖe si le ɖoƒe kɔkɔ si meŋlɔ lɛta na la tsɔ nya ɖe ŋunye be metrɔ dzime na ye akpasesẽe. Le nya la drɔ̃ɣi la, senyala ameteƒenɔla si nye Ðasefo kple nutoa me senyala la ʋli tanye aɖaŋutɔe, eye woɖe agba si le nyateƒe Kristotɔwo dzi be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea la me—Mateo 24:14.

Ʋɔnudrɔ̃la si nɔ zi me le ʋɔnudrɔ̃ƒea la bia subɔsubɔmega (sɔlememegã si ƒe ɖoƒe mede bisiɔp tɔ nu o) la be: “Ðe nèxlẽ lɛta kple agbelẽvi la?”

Eɖo eŋu sesĩe be: “Ao, esi meʋu letakotokua nu teti ko la, mevuvu wo ƒu gbe!”

Ʋɔnudrɔ̃la si nɔ zi me la biae be: “Ke aleke wɔ nègblɔ be ŋutsu sia trɔ dzime na ye akpasesẽe?”

Emegbe senyala si le mía teƒe la gblɔ nufialagã kple ame bubu siwo tsɔ agbalẽ gbogbowo na dutoƒogbalẽdzraɖoƒewoe ƒe kpɔɖeŋuwo. Ebia be: “Ðe nàgblɔ be ame mawo di be yewoatrɔ dzime na ame bubuwoa?”

Edze ƒã be nuwɔna sia menye dzimetɔtrɔname akpasesẽe o. Meda akpe na Yehowa esi mese afiatsotsoa be: “Meɖi fɔ o.”

Vinye ƒe Ku

Orthodɔks-sɔfowo na woɖe kpe na vinyeŋutsu George hã ɣesiaɣi. Wolé eya hã zi geɖe le sɔhɛ me dzɔnɔameme si wòtsɔ ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ta. Mlɔeba la, tsitretsiɖeŋulawo ɖoe be yewoabu mo nɛ, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, yewoado vɔvɔ na mí ame mamlɛawo ne míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe.

Kpovitɔ si va míaƒe aƒeme va gblɔ George ƒe ku na mí la gblɔ be Greece Orthodɔks nunɔla si le míaƒe nutoa me kple yeaɖi asrafowo ƒe amegã aɖewoe ɖo nugbe ɖe mía viŋutsua ŋu hewui. “Nuɖiɖeame” siawo bɔ ŋutɔ le afɔku ƒe ɣeyiɣi mawo me. Togbɔ be eƒe ku na míexa nu hã la, egado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi awɔ gbeƒãɖeɖedɔa eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la ɖe edzi.

Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Le ƒe 1960-awo ƒe domedome la, srɔ̃nye kple ɖeviawo tsɔa dzomeŋɔli ƒe ɣletiawo yia ƒutakɔƒe si nye Skala Oropos si didi kilometa 50 tso Athens gbɔ. Ðasefo aɖeke menɔ afima ɣemaɣi o, eyata míeɖi vomeɖase na aƒelikawo. Agbledela siwo nɔ afima la dometɔ aɖewo xɔ nya la nyuie. Esi ŋutsuawo wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe le woƒe agblewo me le ŋkekea me ta la, míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli wo le zãtsiƒe, eye wo dometɔ aɖewo va zu Ðasefowo.

Esi míekpɔ alesi Yehowa nɔ míaƒe agbagbadzedzewo yramee la, míeyi edzi zɔa mɔ yia afima kwasiɖe sia kwasiɖa ƒe 15 sɔŋ be míava wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃wo kple ɖetsɔlemetɔwo. Amesiwo de 30 kloe siwo míesrɔ̃ nu kpli wo le afima la wɔ ŋgɔyiyi hexɔ nyɔnyrɔ. Gbã la, míeɖo nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo anyi, eye wode dɔ asi nam be makpɔ kpekpeawo dzi. Emegbe ƒuƒoƒoa va zu hame, eye egbea Ðasefo siwo wu alafa ɖeka siwo tso nuto ma mee nye Malakasa Hamea. Edzɔa dzi na mí be amesiwo ŋu míekpe ɖo la dometɔ ene nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo fifia.

Domenyinu Nyui Aɖe

Esi metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa megbe teti la, srɔ̃nye va te gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Le yometiti ƒe ɣeyiɣi sesẽa me la, eƒe xɔse kpɔtɔ sẽ ŋu, enɔ te sesĩe eye meʋuʋu le eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Meto nyatoƒoe le nɔnɔme sesẽ geɖe siwo me wòto le nye gɔxɔmeyiyi enuenu ta ŋu gbeɖe o.

Le ƒeawo me la, míewɔ Biblia-nusɔsrɔ geɖe ɖekae, eye etsɔ eƒe numeɖeɖe bɔbɔe siwo me vividoɖeameŋu le la kpe ɖe amewo ŋu nyuie. Fifia la, magazine ƒe ademɔ aɖe le esi si dzi ame geɖe siwo wònaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! edziedzi le.

Vevietɔ le srɔ̃nye lɔlɔ̃a ƒe alɔdoame ta la, mía vi etɔ̃ siwo le agbe kple woƒe ƒometɔ siwo me mamayɔvi kple tɔgbuiyɔvi ade kpakple tɔgbuitɔgbuiyɔvi ene le la katã le vevie dom nu le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Togbɔ be wometo yometiti kple tsitretsiɖeŋu sẽŋu siwo mía kple srɔ̃nye míeto me o hã la, woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, eye woyia edzi zɔna le eƒe mɔwo dzi. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye na mí katã be míagawɔ ɖeka kple míaƒe lɔlɔ̃tɔ George ne etrɔ gbɔ le tsitretsitsia me!

Meɖoe Kplikpaa be Maɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Le ƒe siawo katã me la, mekpɔ alesi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le eƒe amewo dzii. Habɔbɔ si eƒe gbɔgbɔ le mɔ fiamee la kpe ɖe ŋunye mekpɔe be míate ŋu aɖo ŋu ɖe amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Etsɔme si nyo wu ƒe ŋugbe siwo wodona la nye nu gbɔlo, enye aʋatso gã aɖe ko.—Psalmo 146:3, 4.

Togbɔ be metsi eye lãmegbegblẽ sesẽwo ɖea fu nam hã la, nye ŋku le Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzi. Le nyateƒe me la, eveam ŋutɔ be metsɔ ƒe aɖewo nɔ alakpasubɔsubɔ me eye medze agbagba be mahe nɔnɔme siwo nyo wu vɛ to dunyahehe me. Ne wònye ɖe magadze agbenɔnɔ gɔme yeyee la, ɖikeke aɖeke mele eme o be magaɖoe be masubɔ Yehowa, Mawu ŋuɖoɖeŋutɔ la.

(Nyitsɔ laa koe Kimon Progakis dɔ alɔ̃ le ku me. Anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le esi.)

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Kimon kple srɔ̃anyɔnu, Giannoula, ƒe foto si woɖe nyitsɔ laa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe