“Mefɔ Lotamekpe ɖe Sika Teƒe”
ABE ALESI MICHALIS KAMINARIS GBLƆE ENE
Esi menɔ South Africa ƒe atɔ̃, afisi meyi be madi sika le megbe la, nusi xɔ asi wu ye su asinye metsɔ le aƒe yimee. Mina magblɔ kesinɔnu si su asinye fifia si medi be mana amewo la ŋuti nya na mi.
WODZIM le ƒe 1904 me le Greece-ƒukpo si nye Cephalonia dzi le Ionia Ƒua titina. Dzinyelawo ku le ema megbe teti, eyata tsyɔ̃evie menye tso ɖevime. Media kpekpeɖeŋu ŋutɔ, eye medoa gbe ɖa na Mawu zi geɖe. Togbɔ be medea Greek Orthodɔks Sɔleme hã la, nyemenya Biblia koŋ o. Nyemekpɔ akɔfafa aɖeke o.
Le ƒe 1929 me la, meɖoe be maʋu aɖadi agbe si nyo wu anɔ. Medzo le míaƒe ƒukpo mawɔnua dzi eye meɖo meli to England ɖo ta South Africa. Le ƒu dzi nɔnɔ ŋkeke 17 megbe la, meva ɖo Cape Town, South Africa, afisi mía deŋutsu aɖe xɔm ɖe eƒe dɔ me le. Gake ŋutilãmekesinɔnuwo mefa akɔ nam o.
Nane si Xɔ Asi Wu
Menɔ South Africa ade ƒe eve esime Yehowa Ðasefo aɖe va míaƒe dɔwɔƒe eye wòna Greecegbe me Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewom. Wo dometɔ aɖewoe nye Where Are the Dead? kple Oppression, When Will It End? Megaɖoa ŋku dzitsitsi si metsɔ xlẽwoe kple alesi meléa mawunyakpukpui siwo katã woyɔ la ɖe ta me la dzi kokoko. Gbeɖeka megblɔ na nye velia aɖe be: “Meke ɖe nusi dim menɔ ƒe geɖe enye sia la ŋu. Sika diƒee meva le Afrika, gake mefɔ lotamekpe ɖe sika teƒe.”
Dzi dzɔm ale gbegbe esi meva nya be ŋkɔ le Mawu si si nye Yehowa, be eɖo eƒe Fiaɖuƒe anyi xoxo le dziƒo, kple be míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛwo me. (Psalmo 83:19; Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10; 24:3-12; Timoteo II, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:7-12) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye esi meva nya be Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ahe yayra manyagblɔwo vɛ na ameƒomeviwo katã! Nya bubu si gawɔ dɔ ɖe dzinye enye be wole gbeƒã ɖem nyateƒe xɔasi siawo le xexeame godoo.—Yesaya 9:5, 6; 11:6-9; Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Eteƒe medidi o meke ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Cape Town ƒe adrɛs ŋu eye megaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe. Dzi dzɔm wu esi Biblia su nye ŋutɔ asinye. Nusi mexlẽ la ʋãm medi be maɖi ɖase. Medze egɔme nɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖom ɖe ƒonyemetɔwo, xɔlɔ̃wo, kple amenyanyɛwo le mía de Lixoúrion. Vivivi la, meva se egɔme to nye nusɔsrɔ̃wo me be ele be ame naɖe adzɔgbe na Yehowa hafi ate ŋu adze eŋu. Eyata mewɔe enumake le gbedodoɖa me.
Ɣeaɖeɣi la, mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe, gake esi nyemese Eŋlisigbe o ta la, nyemese nya ku ɖeka hã gɔme o. Esi mese be Greecetɔ geɖe le Port Elizabeth la, meʋu yi afima, gake nyemete ŋu ke ɖe Ðasefo aɖeke si doa Greecegbe ŋu o. Eyata meɖoe be matrɔ ayi Greece ale be mate ŋu azu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla. Meɖo ŋku edzi be megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ne avetɛ mee matsi hafi ayi Greece hã la, matrɔ ayi kokoko.’
Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ le Greece
Le ƒe 1934 ƒe adame la, meɖo Italytɔwo ƒe meli si nye Duilio. Meva ɖo Marseilles, France, eye le afima nɔnɔ ŋkeke ewo megbe la, megaɖo meli si nye Patris ɖo ta Greece. Esime míenɔ ƒua dzi la, ʋua ƒe mɔ̃ aɖewo nɔ fu ɖem, eye woɖe gbe le zã ma me be woaɖiɖi tɔdziʋu suewo katã ɖe ƒua dzi. Afimae meɖo ŋku nya si megblɔ be matsi avetɛ me ayi Greece dzi le. Gake mlɔeba la, Italytɔwo ƒe meliheʋu aɖe va he mí yi Naples, Italy. Emegbe míeva ɖo Piraiévs (Piraeus), Greece mlɔeba.
Metso le afima ɖo ta Athens ɖakpɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea ɖa. Le dzeɖoɖo me kple Athanassios Karanassios, si nye alɔdzea dzikpɔla la, mebia be woana mɔm mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ. Ŋufɔke la, medze mɔ yi Peloponnisos, si le Greece-nyigba ŋutɔŋutɔ ƒe anyiehekpa dzi. Nuto sia katãe nye anyigbamamã si wode asi nam!
Dzo si nɔ menye metsɔ dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme la gba go ale gbegbe be medze egɔme yia tso du me yi du me, tso kɔƒe yi kɔƒe, tso agbledzi yi agbledzi, kple tso saɖagaƒe me yi saɖagaƒe me. Medidi o Michael Triantafilopoulos va kpe ɖe ŋunye, amesiae nyrɔm le ƒe 1935 ƒe dzomeŋɔli me—si nye ƒe ɖeka kple edzivɔ tso esime medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme megbe! Ʋu menɔ anyi míaɖo o, eyata afɔe míezɔna yia afisiafi. Subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo wɔa nusianu si woate ŋui be yewoatsɔ axe mɔ na mí la ƒe tsitretsiɖeŋue nye míaƒe kuxi gãtɔ kekeake. Ewɔe be wobua nazã ɖe mía ŋu ŋutɔ. Togbɔ be wodo kplamatse na mí hã la, míeɖi ɖase, eye míeɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ wòde didiƒe ke.
Tsitretsiɖeŋu Nu Nɔnɔ
Gbeɖeka ŋdi esi menɔ gbeƒã ɖem le Arcadia-nuto si nye tonyigba dzi me la, meva ɖo Magouliana-kɔƒe me. Esi meɖi ɖase gaƒoƒo ɖeka megbe la, mese be sɔlemegawo nɔ ɖiɖim eye medidi o medze sii be nye tae wonɔ wo ƒom ɖo! Nuvlowɔha aɖe ƒo ƒu eye Greek Orthodɔks nunɔla aɖe (enye sɔlememegã si ƒe ɖoƒe kplɔ bisiɔp tɔ ɖo) nɔ wo nu. Metu nye gbeƒãɖekplo enumake eye medo gbe ɖa dzaa na Yehowa. Ðevi gbogbo aɖewo nɔ nunɔla la yome eye woɖo ta gbɔnye. Edze ɣlidodo gɔme be, “Eyae nye ma! Eyae nye ma!”
Ðeviawo ƒo xlãm kpikpikpi, eye nunɔla la do va eye wòtsɔ eƒe ƒodo gã nɔ tutuyem, henɔ gbɔgblɔm be yemedi be yeaka asi ŋunye o ‘ɖewohĩ ɖi le ŋunye.’ Edo aƒa be, “Miƒoe! Miƒoe!” Kasia kpovitɔ aɖe va do eye wòkplɔ mí ame evea yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee. Wobu fɔ nunɔla la ɖe nuvlowɔhawo dɔdɔ ta eye wodo fe drachma 300 nɛ tsɔ kpe ɖe ʋɔnuyifewo ŋu. Woɖe asi le ŋunye.
Esi míeva ɖo nuto yeye me la, du si lolo wu mee míedzena koŋ hafi wɔa míaƒe dɔa, eye míetsoa afima ɖakpea anyigbamamã si míezɔna afɔ gaƒoƒo ene hafi dena la katã ɖo. Efia be míedzea mɔ le fɔŋli me eye míetrɔ gbɔna esi xexeme nɔ tsyɔtsyɔm, zi geɖe míedea kɔƒe ɖeka alo eve me gbesiagbe. Ne míekpe kɔƒe siwo le nutoa me ɖo vɔ la, míeɖea gbeƒã le du si me míedze la me hafi gayia afi bubu. Woléa mí zi geɖe elabena subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo dea adã amewo me ɖe mía ŋu. Le Greece titina, le Parnassus-nutome la, kpovitɔwo dim ɣleti geɖe. Gake woƒe asi mesu dzinye kpɔ gbeɖe o.
Mía kple Nɔviŋutsu Triantafilopoulos míenɔ gbeƒã ɖem le Mouríki-kɔƒe si le Boeotia-nutome gbeɖeka. Míemã kɔƒea ɖe akpa eve me eye esi wònye nyee nye ɖevitɔ ta la, mexɔ afisiwo le to ŋu. Kasia mese ɣlidodo tso aga me ɖaa. Esi menɔ aga ɖim kple du la, menɔ gbɔgblɔm na ɖokuinye be, ‘Wole Nɔviŋutsu Triantafilopoulos ƒom ɖaa.’ Kɔƒea me tɔwo ƒo ƒu ɖe afima ƒe tiidzraƒe, eye nunɔla aɖe nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm abe nyitsu dzeaglã ene. Enɔ ɣli dom be: “Amesiawo be míenye ‘Ƒli ƒe dzidzimeviwo.’ ”
Nunɔla la tsɔ atizɔti ƒo ta na Nɔviŋutsu Triantafilopoulos wòŋe xoxo eye ʋu nɔ tsatsram le mo nɛ. Esi metutu ʋua nɛ vɔ la, míedzo. Míezɔ afɔ gaƒoƒo etɔ̃ hafi ɖo du si nye Thebes me. Woɖo atike abia me nɛ le kɔ aɖe dzi le afima. Míegblɔ nusi dzɔ na kpovitɔwo, eye wotsɔ nyaa yi ʋɔnui. Gake nunɔla la wɔ babla kple amewo eyata woɖe asi le eŋu mlɔeba.
Esi míenɔ dɔ wɔm le Leukas-du me la, nutoa me dunyahela aɖe yomedzelawo “lé” mí eye wokplɔ mí yi kɔƒea ƒe tiidzraƒe, afisi míekpɔe le be ʋɔnu manɔsenu ye wonɔ fɔ bum mí le. Dunyahela la kple etɔwo ɖɔa li wo nɔewo zɔna toa mía ŋgɔ henɔa nu ƒom—wonɔ bublum vevie—eye woŋlɔ kɔ nɔ dodom ɖe mía gbɔ. Wo katã womu. Wonɔ bublum ɖe mía ta tso keke ŋdɔ vaseɖe ɣeɖoto, gake míenɔ anyi kpoo eye míeɖo nukomo hafi nɔ gbɔgblɔm be míewɔ naneke o eye míenɔ gbe dom ɖa dzaa na Yehowa Mawu be wòaxɔ na mí.
Kpovitɔ eve va xɔ na mí le asiƒomeflibuɣi. Wokplɔ mí yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe eye wowɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Ŋufɔke la, dunyahela la va be yeaɖe eɖokui nu eye wòtsɔ nya ɖe mía ŋu be míele nya vɔ̃wo gblɔm ɖe Greece Fia ŋu. Eyata kpovitɔ la na ŋutsu eve kplɔ mí yi Lamia-du me bene woagabia gbe mí le afima. Wotu mí ŋkeke adre sɔŋ eye emegbe wode kɔsɔkɔsɔ alɔnu na mí hekplɔ yi Larissa-du me bene woadrɔ̃ ʋɔnu mí.
Mía nɔvi Kristotɔ siwo le Larissa siwo se nya la do ŋgɔ nɔ mía lalam hafi míeva ɖo. Lɔlɔ̃ gã si woɖe fia mí nye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na mía ŋu dzɔlawo. Wonya míaƒe senyala, amesi nye Yehowa Ðasefo, kple asrafomegã tsã la, nyuie le dua me. Esi wòva ʋɔnua va ƒo nu ɖe mía nu la, eva dze ƒã be nya siwo wotsɔ ɖe mía ŋu la nye alakpanya, eye woɖe asi le mía ŋu.
Alesi Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpɔ dzidzedzee la na tsitretsiɖeŋua nu gasẽ ɖe edzi. Wode sewo le ƒe 1938 kple 1939 me ɖe dzimetɔtrɔ na amewo nu, eye mía kple Michael míeyi ʋɔnu zi geɖe le nya sia ta. Emegbe alɔdzedɔwɔƒea ɖo aɖaŋu be míaɖe vovo tso mía nɔewo gbɔ hafi awɔ dɔa ale be susu maganɔ míaƒe dɔwɔna ŋu boo o. Esesẽ nam be zɔhɛ megale asinye o. Gake esi meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, mete ŋu zɔ afɔ wɔ dɔ le Attica, Boeotia, Phthiotis, Euboea, Aetolia, Acarnania, Eurytania nutowo me kple Peloponnisos nutome.
Nya nyui siwo hakpala la gblɔ le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me ye kpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi sia me: “Wòe li kplim meƒua du ɖe aʋakɔwo dzi; nye Mawu li kplim metia kpo flɔa gli. Mawu tsɔ ŋusẽ bla ali dzi nam, eye wòna be, fɔɖiɖi aɖeke mele nye mɔ ŋuti o. Ewɔ nye afɔ abe zinɔwo tɔ ene, eye wòtsɔm ɖo nye kɔkɔƒe.”—Psalmo 18:30, 33, 34.
Italy ho aʋa ɖe Greece ŋu le ƒe 1940 me, eye emegbe kpuie la, Germany-srafowo dze dukɔa dzi. Asrafoawo de se, eye wode se ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo nu. Ɣeyiɣi mawo sesẽ na Yehowa Ðasefowo le Greece; ke hã la, wodzi ɖe edzi ale gbegbe—tso Ðasefo 178 le ƒe 1940 me va ɖo 1,770 le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu le ƒe 1945 me!
Dɔwɔwɔ le Betel
Wokpem le ƒe 1945 me be mava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Athens. Aƒe si wohaya le Lombardou Mɔdodo dzi ye Betel, si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe” la nɔ. Agbalẽtaƒe nɔ xɔgɔme xɔ me, eye ɔfiswo nɔ edzi. Agbalẽtamɔ̃ sue aɖe kple agbalẽtsomɔ̃ ɖeka ye nɔ agbalẽtaƒea. Gbã la, ame eve koe nɔ dɔ wɔm le agbalẽtaƒea, gake medidi o lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nɔ aƒeme tsom va nɔ asi kpem ɖe dɔa ŋu.
Kadodo gava nɔ mía kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, dome ake le ƒe 1945 me, eye ƒe ma me míegadze Gbetakpɔxɔ tata gɔme le Greece ɖe ɖoɖo nu. Míeʋu míaƒe alɔdzedɔwɔƒea yi 16 Tenedou Mɔdodo dzi le ƒe 1947 me, gake agbalẽtaƒea ganɔ Lombardou Mɔdodo dzi. Emegbe míegaʋu agbalẽtaƒea tso Lombardou Mɔdodo dzi yi Ðasefo aɖe ƒe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe si gbɔ didi ade kilometa atɔ̃. Eyata ɣeaɖeɣi la, míenɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm le teƒe etɔ̃ dome.
Meɖo ŋku edzi be medzona le míaƒe nɔƒe le Tenedou Mɔdodo dzi hafi fɔŋli ɖona heyia agbalẽtaƒea. Ne mewɔ dɔ le afima vaseɖe ŋdɔ ga 1:00 la, meyina Lombardou Mɔdodo dzi afisi míetsɔa agbalẽ ɖeɖe siwo dzi míeta nu ɖo la yinae. Afimae woxatsaa wo lena wozua magazinewo, wotɔa wo kpena, eye wotsɔa asi tsoa wo nui. Emegbe míetsɔa magazine siwo míeta vɔ la yia posudɔwɔƒee, míetsɔa wo yia tuɖedzi evelia dzi, míekpena ɖe posudɔwɔlawo ŋu míetia wo me, eye míetua posugagbalẽviwo agbalẽkotokuawo dzi hena wo ɖoɖoɖa.
Le ƒe 1954 me la, Ðasefo siwo le Greece ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi gbɔ 4,000 ŋu, eye dɔwɔƒe gãwo va hiã. Eyata míeʋu yi Betel-ƒe yeye si nye dziƒoxɔ tuɖedzi eve me le Athens dua me le Kartali Mɔdodo dzi. Wobia tso asinye le ƒe 1958 me be makpɔ dzodoƒe dzi, eye emae nye nye dɔ vaseɖe ƒe 1983 me. Ɣemaɣiwo le ƒe 1959 me la, meɖe Eleftheria, amesi zu kpeɖeŋutɔ nuteƒewɔla nam le Yehowa subɔsubɔ me.
Tsitretsiɖeŋu Nu Nɔnɔ Ake
Asrafowo va xɔ dziɖuŋusẽ le ƒe 1967 me, eye wogade se ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu ake. Gake esi míeto alesi woxe mɔ ɖe míaƒe dɔwɔnawo nu kpɔ me ta la, míetrɔ ɖe eŋu enumake eye míeyi dɔ dzi dzidzedzetɔe le adzame.
Amewo ƒe aƒewo mee míewɔa kpekpewo le eye míedzea aye le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔwɔ me. Gake woléa mía nɔviwo edziedzi, eye ʋɔnunyawo nɔa dzidzim ɖe edzi. Míaƒe senyalawo nɔ mɔ zɔzɔ dzi be yewoakpɔ míaƒe ʋɔnunyawo gbɔ le dukɔa ƒe akpa vovovowo. Togbɔ be tsitretsiɖeŋua nɔ anyi hã la, Ðasefo akpa gãtɔ nɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi ɣesiaɣi, vevietɔ le kwasiɖanuwuwuwo.
Ne míewu míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Memleɖa alo Kwasiɖagbe mawo tɔgbe dzi la, míeléa ŋku ɖe mía dome kpɔna be amekae bu le mía me hã. Zi geɖe la, kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe si te ɖe afima ŋue woléa amesiwo bu la yinae. Eyata míetsɔa kuntruwo kple nuɖuɖu yina na wo hedea dzi ƒo na wo. Míekaa nya ta na míaƒe senyalawo hã, amesiwo yia amesamala gbɔ le Dzoɖagbe be yewoaɖe amesiwo wolé la nu. Míetsɔa dzidzɔ nɔa nya siawo nui elabena nyateƒea tae míenɔ fu kpem ɖo!
Míedzudzɔ míaƒe agbalẽtadɔwo le Betel esime woxe mɔ ɖe mía nu. Eyata aƒe si me mía kple Eleftheria míenɔ le Athens gbɔto lae va zu abe agbalẽtaƒe ene. Eleftheria ƒoa Gbetakpɔxɔ me nyatiwo le agbalẽŋlɔmɔ̃ kpekpe aɖe dzi. Etsɔa agbalẽ ɖeɖe ewo dea agbalẽŋlɔmɔ̃a me le ɣeyiɣi ɖeka me eye ele be wòaƒoe sesĩe hafi nuŋɔŋlɔa naɖe ɖe wo katã dzi. Emegbe meƒoa agbalẽ ɖeɖeawo nu ƒu hetɔa wo kpena. Míewɔa nusia fiẽ ɖesiaɖe vaseɖe keke zãtiƒe ke. Kpovitɔ aɖe nɔ xɔ siwo le mía te la ɖeka me, eye míenya nukata mesusu naneke o.
Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Takeke ƒe Dziyiyi Ŋu
Wogaɖo demokrasi anyi le Greece le ƒe 1974 me, eye míegava nɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le gaglãgbe ake. Gake le ƒe adre siwo wode se ɖe míaƒe dɔa nu me la, Ðasefo yeye 6,000 kple edzivɔ gava kpe mí nukutɔe, ale be míeɖo Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 17,000 kple edzivɔ.
Míegadze míaƒe agbalẽtadɔ gɔme ake le alɔdzedɔwɔƒea. Ewɔe be Betel-dɔwɔƒe si nɔ Kartali Mɔdodo dzi la megalolo na mí kura o. Eyata míeƒle anyigba agbleka 2.5 aɖe le Athens ƒe gbɔtodu si nye Marousi me. Míetu Betel-dɔwɔƒe yeye si me xɔdɔme 27, agbalẽtaƒe, ɔfiswo, kple dɔwɔƒe bubuwo nɔ. Wokɔ wo ŋu le October 1979 me.
Eteƒe medidi o nɔƒe geɖe gahiã mí. Eyata wogaƒle anyigba agbleka 54 le afisi gbɔ didi ade kilometa 60 le Athens ƒe dziehe gome. Teƒea le Eleona, ele to ŋu eye àte ŋu anɔ towo kple bali siwo me tsi bɔ ɖo la kpɔm. Afimae míegakɔ dɔwɔƒe si lolo wu si me xɔ 22 le, eye ame enyi ate ŋu anɔ ɖesiaɖe me la ŋu le le April 1991 me.
Togbɔ be mewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ wu ƒe 60 fifia hã la, ŋusẽ gale ŋunye kokoko. Dzidzɔtɔe la, ‘megale ku tsem le tsitsime.’ (Psalmo 92:15) Medaa akpe na Yehowa, vevietɔ be menɔ agbe eye nye ŋutɔ nye ŋkuwo kpɔ esubɔla vavãwo ƒe dzidziɖedzi gã sia teƒe. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dzidziɖedzi ma ŋu nya ɖi be: “Wò agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na wò.”—Yesaya 60:11.
Kpɔ alesi wònyoe ɖa be ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me le zi ƒom ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa me eye wole nusi woawɔ atsi agbe ato xaxa gã la me age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me fiam wo! (Petro II, 3:13) Mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa xɔ asi nam wu nusianu si le xexe sia me. Ẽ, menye kesinɔnu si nye sikae mefɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ me lotamekpe si na nye agbe nyo ɖe edzi wu gbɔgblɔ ye.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Michalis kple Eleftheria Kaminaris
(Nuɖusime) Agbalẽtaƒe si le Lombardou Mɔdodo dzi