INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 11/15 axa 25-28
  • Mishnah La Kple Se si Mawu Tsɔ Na Mose

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mishnah La Kple Se si Mawu Tsɔ Na Mose
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yuda-subɔsubɔ si Si Gbedoxɔ Mele O
  • Ewɔwɔ be Ŋusẽ Nanɔ Se si Wogblɔ Kple Nu Ko Ŋu
  • Nusiwo me Woɖe Mishnah la Tsoe
  • Se Siwo Wogblɔ Kple Nu Ko Nukata Wova Ŋlɔ Wo Ði?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nukae Nye Talmud La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Se La Do Ŋgɔ Na Kristo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Yuda-subɔsubɔ—Mawu Didi le Ŋɔŋlɔ Kple Xotutu Me
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 11/15 axa 25-28

Mishnah La Kple Se si Mawu Tsɔ Na Mose

MÍEDZE egɔme kple susu be dze aɖe si ɖom wole tso nyati aɖewo siwo gɔme míate ŋu ase akpɔ gbeɖe o ŋu si gɔme wodze tso gbaɖegbe ke la mee míege ɖo . . . Ewɔna . . . na mí abe yameʋudzeƒexɔ si me mɔzɔlawo lalana le mee míele le anyigba didi aɖe dzi ene. Míese nya si gblɔm ameawo le gɔme, gake nya si tututu gblɔm wole kple nusiwo ŋu wotsi dzi ɖo gɔmesese tɔtɔ ɖe mí, vevietɔ alesi wole gbe tem ɖe nyaawo dzii.” Aleae Yudatɔ agbalẽnyala Jacob Neusner gblɔ alesi wòawɔ na nuxlẽla siwo le Mishnah la xlẽm zi gbãtɔ. Neusner gblɔ kpee be: “Mànya afɔgbɔ kple tagbɔ na Mishnah la o. Ðeko wòva wu enu kplo ko.”

Daniel Jeremy Silver yɔ Mishnah la le A History of Judaism me be “nusi dzi wotu Rabiwo ƒe Yuda-subɔsubɔ ɖo.” Le nyateƒe me la, eɖe nu me yi ŋgɔe be: “Mishnah la va xɔ ɖe Biblia teƒe zu [Yudatɔwo] ƒe hehenana dzi yiyi ƒe sukunusɔsrɔ̃ vevitɔ.” Nukatae agbalẽ si gɔmesese do viviti alea la va zu nu vevi nenema gbegbe?

Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa ƒe akpa aɖe le nya sia si wogblɔ ɖe Mishnah la me be: “Mose xɔ Torah la le Sinai tsɔ na Yosua, Yosua tsɔe na ametsitsiawo, eye ametsitsiawo hã tsɔe na nyagblɔɖilawo. Ke nyagblɔɖilawo hã tsɔe de asi na aɖaŋudeha gã la me tɔwo.” (Avot 1:1) Wogblɔ be nya siwo wogblɔ na Mose le Sinai Toa dzie le Mishnah la me—be enye Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Israel ƒe akpa si womeŋlɔ ɖi o. Wobua aɖaŋudeha gã (si wova yɔ emegbe be Sanhedrin) la me tɔwo be wonye agbalẽnyalagã alo nunyala, siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, siwo fia nanewo siwo wogblɔ kple nu ko tso dzidzime yi dzidzime vaseɖe esime wova ŋlɔ wo ɖe Mishnah la me mlɔeba. Gake nyateƒeea? Amekawo tututue ŋlɔ Mishnah la, eye ɖe nukata? Nya siwo Mose se le Sinai ye le emea? Ðe gɔmesese aɖe le eŋu na mí egbea?

Yuda-subɔsubɔ si Si Gbedoxɔ Mele O

Dzixɔse si nye be Mawu de se aɖewo kple nu ko kpe ɖe Se si wòŋlɔ na Mose ŋu la menɔ anyi le ɣeyiɣi si me wonɔ Ŋɔŋlɔawo ŋlɔm le gbɔgbɔ ƒe ameʋaʋã te o.a (Mose II, 34:27) Le ƒe alafa geɖe megbe Farisitɔwoe nye Yuda-subɔsubɔ me ƒuƒoƒo si ƒã dzixɔse sia ɖe amewo me eye woawoe nɔ megbe nɛ. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Zadukitɔwo kple Yudatɔ bubuwo tsi tre ɖe nufiafia sia si mesɔ kple Biblia ƒe nufiafia o la ŋu. Gake zi alesi gbedoxɔ si le Yerusalem nye Yuda-subɔsubɔha la ƒe tadeaguƒe la, wobua se si wogblɔ kple nu ko la nu tsɛ aɖee. Gbedoxɔ me tadedeagua nye ɖoɖo kple nu like si ŋu Yudatɔ ɖesiaɖe ate ŋu aziɔ ɖo le eƒe agbe me.

Gake le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Yuda-dukɔa ɖo subɔsubɔkuxi gã aɖe si míate ŋu akpɔ le susu me o la me. Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem, eye wowu Yudatɔ siwo wu miliɔn ɖeka. Gbedoxɔa si nye nusi dzi wotu woƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ ɖo la megali o. Womagate ŋu anɔ agbe ɖe Mose ƒe Sea, si bia nunɔlawo ƒe gbedoxɔ me vɔsa kple woƒe subɔsubɔdɔ, nu o. Yuda-subɔsubɔa ƒe gɔmeɖokpe megali o. Talmud-nyala Adin Steinsaltz ŋlɔ be: “Ƒe 70 M.Ŋ. me . . . ƒe tsɔtsrɔ̃ la wɔe be wòhiã vevie be woagbugbɔ asi atrɔ le woƒe subɔsubɔgbenɔnɔ bliboa gbugbɔɖoanyi ŋu.” Eye wogbugbɔ asi trɔ le eŋu hã.

Kura hafi woatsrɔ̃ gbedoxɔa la, Yohanan Ben Zakkai, si nye Farisitɔ kplɔla Hillel ƒe nusrɔ̃vi si ŋu wodea bubui, xɔ mɔɖeɖe tso Vespasian (si eteƒe medidi hafi wòzu fiagã o) gbɔ be yeaɖe Yuda-subɔsubɔa ƒe gbɔgbɔmenɔƒe kple Sanhedrin la tso Yerusalem tsɔ yi Yavneh. Abe alesi Steinsaltz ɖe nu mee ene la, le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, Yohanan Ben Zakkai “dze ŋgɔ kuxi si nye be wòaɖo teƒe yeye si anye vevitɔ na dukɔa eye wòakpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye siwo va li ŋu, si me wòle be woatrɔ mawusubɔsubɔ ƒe dzonɔameme ɖe nu vevi bubu ŋu fifia, esi Gbedoxɔ la megali o.” Nu vevi yeye mae nye se si wogblɔ kple nu ko.

Esi wogbã gbedoxɔa la, nu gobi bubu aɖeke meganɔ Zadukitɔwo kple Yuda-kɔmamã bubuwo si si dzi woanɔ te ɖo o. Farisitɔwo va zu Yuda-subɔsubɔha la ƒe kɔmamã vevitɔ eye ƒuƒoƒo siwo tsi tre ɖe eŋu tsã hã va wɔ ɖeka kpli wo. Esi wodi vevie be ɖekawɔwɔ neva ta la, rabi ŋkutawo megayɔa wo ɖokui be Farisitɔwo, si nye ŋkɔ aɖe si me kɔmamã kple dunyahehe ƒe akpa aɖe dzi nɔnɔ dze le, azɔ o. Woyɔa wo ko be rabiwo, “Israel-nunyalawo.” Nunyala siawo aɖo xɔse nuɖoanyi aɖe anyi si me woƒe se si wogblɔ kple nu ko ƒe dzixɔse la anɔ. Anye gbɔgbɔmexɔ si gbagbã manɔ bɔbɔe na amegbetɔ abe gbedoxɔa ene o.

Ewɔwɔ be Ŋusẽ Nanɔ Se si Wogblɔ Kple Nu Ko Ŋu

Togbɔ be rabisuku si le Yavneh (si le Yerusalem ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi eye wo dome didi kilometa 40) ye va zu tadeaguƒe vevitɔ hã la, wova nɔ suku bubu siwo nɔ se si wogblɔ kple nu ko fiam la ɖom ɖe Israel katã kple didiƒe ʋĩwo ke abe Babilon kple Roma ene. Gake esia he kuxi aɖe vɛ. Steinsaltz ɖe eme be: “Zi alesi wote ŋu ƒo nunyalawo katã nu ƒu ɖekae eye amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖekae wɔa agbalẽnyanyadɔ vevitɔa [le Yerusalem] la, wote ŋu lé kɔnyinyi la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi. Gake nufialawo ƒe dzidziɖedzi le afisiafi kple suku vovovowo ɖoɖo he . . . nyawo ɖoɖo kple wo gbɔgblɔmɔnu siwo sɔ gbɔ fũ akpa vɛ.”

Woyɔ se si wogblɔ kple nu ko la fialawo be Tannaimwo, esi nye Aramgbe me ŋkɔ si woɖe tso nya la ƒe agunu si fia be “srɔ̃ nu,” “gbugbɔ nya agblɔ,” alo “fia nu” la me. Esia na woƒe se si wogblɔ kple nu ko la sɔsrɔ̃ kple efiafia mɔnu dze ƒã, si nye be wotea gbe ɖe nyagbugbɔgagblɔ kple eléle ɖe susu me dzi vevie. Bene kɔnyinyi siwo wogblɔ kple nu ko nanya lé ɖe tame ta la, wotsoa sedede alo kɔnyinyi ɖesiaɖe dzi wòzua nyagbɔgblɔ kpui kpokploe aɖe ko. Nya siwo le kpui wu ŋue wokpɔa dzidzɔ ɖo wu. Wodze agbagba be woagblɔ wo ɖe hakpanya ƒe atsyãmɔ nu, eye zi geɖe la, wogbugbɔ gblɔa wo alo tsɔa wo dzia hae. Gake sededea menɔ ɖoɖo nu o, nufiala ɖesiaɖe kple etɔe.

Rabi gbãtɔ si va ɖo kɔnyinyi siwo wogblɔ kple nu ko ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nue nye Akiba ben Joseph (ƒe 50-135 M.Ŋ. lɔƒo). Steinsaltz ŋlɔ tso eŋu be: “Eƒe ɣeyiɣia me tɔwo tsɔ dɔ si wòwɔ sɔ kple apatɔ si yia agble ɖafɔa nusianu si ko ŋu wòke ɖo eye wògbɔna vaa aƒeme va ɖoa wo hamehamee la ƒe dɔ. Akiba srɔ̃ nu tso nyati vovovo siwo mele ɖoɖo aɖeke nu o ŋu eye wòɖo wo ɖe hatsotso ɖedzesiwo me.”

Le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me—ƒe 60 kple edzivɔ le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ megbe—la, Bar Kokhba nɔ ŋgɔ na Yudatɔwo le woƒe aglãdzedze gãtɔ evelia ɖe Roma ŋu me. Aglãdzedzea gagblẽ nu geɖe ake. Akiba kple eƒe nusrɔ̃viwo dometɔ geɖe nɔ Yudatɔ siwo esusɔ vie ko woade miliɔn ɖeka siwo tsi eme la dome. Mɔkpɔkpɔ si nɔ anyi be woagbugbɔ gbedoxɔa atu la dome gblẽ keŋkeŋ esi Roma Fiagã Hadrian de se be Yudatɔwo megakpɔ mɔ ayi Yerusalem o, negbe le gbedoxɔa gbagbã ƒe ƒezã ɖuɣi ko.

Tannaim siwo va nɔ anyi le Akiba megbe la mekpɔ Yerusalem ƒe gbedoxɔa kpɔ o. Gake se si wogblɔ kple nu ko si woɖo ɖe ɖoɖo nu sɔsrɔ̃ va zu woƒe “gbedoxɔ,” alo tadedeagu ƒe nu vevitɔ. Judah ha-Nasi si nye Tannaim mamlɛtɔ yi dɔ si gɔme Akiba kple eƒe nusrɔ̃viwo dze si nye egbɔkpɔkpɔ be ɖoɖo sia nali ke la dzi.

Nusiwo me Woɖe Mishnah la Tsoe

Judah ha-Nasi nye Hillel kple Gamaliel ƒe dzidzimevi.b Wodzii le Bar Kokhba ƒe aglãdzeɣia eye eva zu Yudatɔ siwo nɔ Israel ƒe tatɔ le ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo kple ƒe alafa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze. Dzesideŋkɔ ha-Nasi gɔmee nye “amegã,” si fia alesi wo detɔ Yudatɔwo bunɛ. Zi geɖe la woyɔnɛ ko be Rabi. Judah ha-Nasi nye suku si eya ŋutɔ ɖo ƒe tatɔ kple Sanhedrin la hã ƒe tatɔ, gbã le Bet She’arim eye emegbe le Sepphoris le Galilea.

Esi Judah ha-Nasi kpɔ be ne dzre gaɖo yewo kple Roma dome la, agblẽ nu le se si wogblɔ kple nu ko fiafia megbeviwo ŋu la, eɖoe be yeatrɔ asi le eŋu be wòanye nusi anɔ anyi ɖaa. Eƒo agbalẽnyala siwo nye ame ŋkutawo wu le eƒe ŋkekea me la nu ƒu ɖe eƒe sukua. Wodzroa se si wogblɔ kple nu ko kple kɔnyinyi la me nyati ɖesiaɖe ƒe nya siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu me. Woƒo numedzodzro siawo nu ƒu gblɔ ɖe nyagbɔgblɔ siwo le kpuie ale gbegbe me, eye wokpɔa egbɔ be wosɔ ɖe Hebritɔwo ƒe hakpanyaŋlɔɖoɖo sesẽ aɖe nu.

Woɖo nyataƒoƒo siawo ɖe memamã vevi alo Ðoɖo ade nu, le nyati si ŋu woku ɖo nu. Judah gbugbɔ mã wo ɖe numeɖeɖe tsitotsito alo akpa 63 me. Wowu gbɔgbɔmexɔa nu azɔ. Va ɖo ɣemaɣi la, nu koe wotsɔ gblɔa kɔnyinyi siawo na dzidzimeviwo. Gake woɖe afɔ mamlɛtɔ si nye tɔtrɔ vevitɔ si agakpɔ eta ɖe edzi wu—eyae nye be woŋlɔ nusianu da ɖi. Woyɔ nuŋɔŋlɔ wɔdɔɖeamedzi yeye sia si me se si wogblɔ kple nu le la be Mishnah. Ŋkɔ Mishnah tso Hebrigbe me nya ƒe ke si nye sha·nahʹ me, si gɔmee nye “srɔ nu,” “gbugbɔ nya gblɔ,” alo “fia nu.” Eyae nye nya si sɔ ɖe Aramgbe me nya tenaʼʹ, si me woɖe tan·na·ʼimʹ tsoe la nu, eye enye ŋkɔ si woyɔna na Mishnah la fialawo.

Menye Mishnah la ƒe taɖodzinue nye be woaɖo se si anye mamlɛtɔ si anɔ anyi azɔ ɖaa la anyi o. Nusiwo woɖe le sea me ŋu koŋ ye wòku ɖo, kple susu be nuxlẽla la nya gɔmeɖose veviawo ya xoxo. Le nyateƒe me la, nusiwo me wodzro kple nusiwo wofia le rabisukuwo le Judah ha-Nasi ƒe ɣeyiɣiawo mee woto ɖe eme. Ðe woɖoe be Mishnah la nanye se si wofia kple nu ko ƒe nya vevi siwo me woagava dzro emegbe, nyati, alo gɔmeɖokpe si dzi woatu nu mamlɛawo ɖo.

Le esi Mishnah la nanye nusiwo wogblɔ na Mose le Sinai Toa dzi teƒe la, ena míekpɔ alesi se si wogblɔ kple nu ko dze egɔmee kple eƒe dziyiyi, esi nye nufiafia aɖe si Farisitɔwo to vɛ boŋ. Mishnah la me nya aɖewo na Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me nyagbɔgblɔ aɖewo kple Yesu Kristo kpakple Farisitɔwo dome numedzodzro aɖewo me kɔ. Gake ŋuɖɔɖɔɖo hiã elabena Yudatɔwo ƒe nukpɔsusu tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. dzi heyina ye dze le Mishnah me nyawo me. Mishnah lae te ɣeyiɣi si nɔ gbedoxɔ evelia ƒe anyinɔɣi kple Talmud ƒe ɣeyiɣia me ƒo ƒu ɖekae.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Àte ŋu akpɔ nyatakaka bubuwo le agbalẽ gbadza si nye Will There Ever Be a World Without War? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 8-11.

b Kpɔ nyati si nye “Gamaliel—Efia Nu Saul si tso Tarso,” le July 15, 1996, Gbetakpɔxɔ me.

[Aɖaka si le axa 26]

Mishnah La Ƒe Mamãwo

Womã Mishnah la ɖe Ðoɖo ade me. Wonye agbalẽvi alo numeɖegbalẽ 63, siwo me womã ɖe mishnayot, alo memamãwo (menye kpukpuiwo o) me.

1. Zeraim (Agbledede Ŋuti Sewo)

Numeɖegbalẽ siawo ƒo nu tso gbe siwo wodona ɖe nuɖuɖu ta kple agbledenyawo ŋuti numedzodzrowo ŋu. Nu ewolia nana, nunɔlawo ƒe gome, agblemenuwo fɔfɔ, kple Sabat-ƒe sewo hã le eme.

2. Moed (Ŋkekenyuiwo, Azãgbewo)

Ðoɖo sia ƒe numeɖegbalẽwo ƒo nu tso Sabat, Avuléŋkeke, kple azã bubuwo ɖuɖu ŋuti sewo ŋu.

3. Nashim (Nyɔnuwo, Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Sewo)

Wonye numeɖegbalẽ siwo ƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe, adzɔgbeɖeɖewo, Nasiretɔwo, kple nya siwo me wobu ahasiwɔwɔ ƒe nazã ɖe ame aɖe ŋu le ŋu.

4. Nezikin (Ame ƒe Nu Gbegblẽ Kple Dukplɔsewo)

Ðoɖo sia ƒe numeɖegbalẽwo ƒo nu tso nyati siwo ku ɖe dukɔmeviwo kple nunɔamesi se, ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple tohefewo, Sanhedrin la ƒe dɔ, trɔ̃subɔsubɔ, atamkakawo, kple Fofowo ƒe Agbenɔnɔsewo (Avot) ŋu.

5. Kodashim (Vɔsawo)

Numeɖegbalẽ siawo ƒo nu tso se siwo ku ɖe lã vɔsawo kple nuku siwo wotsɔ na kpakple gbedoxɔa ƒe dzidzemewo ŋu.

6. Toharot (Ŋutikɔklɔkɔnuwo)

Ðoɖo sia me numeɖegbalẽwo ƒo nu tso dzadzɛnyenye le kɔnu nu, tsilele, asikɔklɔwo, ŋutigbalẽdɔlélewo, kple nu vovovowo ƒe makɔmakɔnyenye ŋu.

[Aɖaka si le axa 28]

Mishnah La Kple Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo

Mateo 12:1, 2: “Le ɣemaɣi me la Yesu yi ɖato lugbleawo me le Sabat dzi, eye dɔ wu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wode asi lutiawo ŋeŋe me heva ɖuɖu ge. Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.” Womede se ɖe nusi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ nu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me o. Gake woyɔ dɔ ƒomevi vovovo 39 siwo nu rabiwo de se ɖo le Sabat dzi la le Mishnah la me.—Shabbat 7:2.

Mateo 15:3: “[Yesu xɔ edzi] gblɔ na wo bena: Nukaŋuti miawo hã miedaa Mawu ƒe se la dzi le miaƒe kɔawo ŋuti mahã?” Mishnah la ɖo kpe nɔnɔme sia si le wo me la ƒe nyateƒenyenye dzi. (Sanhedrin 11:3) Míexlẽ be: “Woɖoa movevi ɖe Agbalẽfialawo ƒe nyawo [dzi wɔwɔ] ŋu wu Se [si woŋlɔ ɖi] la [dzi wɔwɔ]. Ne ame aɖe gblɔ be, ‘Aɖakavi siwo me ŋɔŋlɔwo le la babla ɖe ŋgonu mehiã o’ ale be wòda Sea dzi la, meɖi fɔ o; [gake ne egblɔ be], ele be memamã atɔ̃ nanɔ wo me, ale be wòtsɔ nya kpe Agbalẽfialawo ƒe nyawo la, eɖi fɔ.”—The Mishnah, si Herbert Danby ŋlɔ, axa 400.

Efesotɔwo 2:14: “[Yesu] kee nye míaƒe ŋutifafa, amesi tsɔ mí kpakple eve la katã wɔ ɖeka, eye wòmu mamã ƒe gli, si nye adikã la.” Mishnah gblɔ be: “Dometsotso aɖe si nye adzrala nɔ Gbedoxɔto la me (Soreg la), si ƒe kɔkɔmee nye asi ƒe didime ewo.” (Middot 2:3) Mɔɖeɖe meli na Dukɔwo me tɔwo be woaflɔ teƒe sia ayi ɖe xɔxɔnu emetɔwo me o. Anye gli sia ŋu nya gblɔm apostolo Paulo nɔ le kpɔɖeŋumɔ nu esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Efesotɔwo le ƒe 60 alo 61 M.Ŋ. me, esime glia gakpɔtɔ nɔ anyi. Kpɔɖeŋugliae nye Se ƒe nubabla la, si mã Yudatɔwo ɖa tso Dukɔwo me tɔwo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe. Gake Kristo ƒe ku le ƒe 33 M.Ŋ. me na gli ma mu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe