Wodo Ŋusẽe be Wòagbe Nugbegblẽwɔwɔ
TIMOTHY gblɔ be: “Esi mekpɔtɔ le nye ƒewuiwo me eye menɔ dɔ wɔm le nu kpotoekpotoewo dzraƒe aɖe la, nye dɔwɔhati aɖe kpem be mava ye ƒeme. Egblɔ be ye dzilawo azɔ mɔ, nyɔnuviwo ava yewo gbɔ, eye mɔnukpɔkpɔ anɔ anyi be míakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me.” Egbea la, sɔhɛ geɖe alɔ̃ ɖe amekpekpe sia ƒomevi dzi kaba ŋutɔ. Gake aleke Timothy ɖo eŋui? “Megblɔ nɛ enumake bena nyemegbɔna o eye bena nyemedi be madɔ kple ame aɖe si menye srɔ̃nye o le nye Kristotɔ ƒe dzitsinya ta.”
Esi Timothy nɔ nusitae wògbe be yemayi o me ɖem la, menya be ɖetugbi aɖe si hã nɔ dɔ wɔm le teƒea nɔ to ɖom yewo o. Timothy ƒe dzadzɛnyenye na eƒe nu nyo eŋu eye eteƒe medidi o eva hiã be wòagbe agbegbegblẽnɔnɔ si eya hã va do ɖe egbɔ—zi geɖe abe alesi míakpɔe emegbe ene.
Le nyateƒe me la, menye míaƒe ɣeyiɣia me koe tetekpɔwo nɔa mɔ me na mí ɣesiaɣi o. Anye ƒe 3,000 enye si va yi la, Fia Salomo ŋlɔ bena: “Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o! . . . eye nahe wò afɔ ɖe megbe tso wo toƒewo.” (Lododowo 1:10, 15) Yehowa ŋutɔ de se na Israel-dukɔa be: “Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o.” (Mose II, 23:2) Ẽ, togbɔ be ame geɖe alɔ̃ nugbegblẽwɔwɔ hã la, ne wote mí kpɔ ɣeaɖewoɣi be míawɔe la, ele be míagbe ewɔwɔ ahatsi tre ɖe eŋu.
Nugbegblẽwɔwɔ Gbegbe le Vevie Ŋutɔ Egbea
Nugbegblẽwɔwɔ gbegbe menɔ bɔbɔe ɣeaɖekeɣi kpɔ o, eye le ŋkeke siawo me la, ate ŋu asesẽ ŋutɔ, elabena míele nusi Biblia yɔ be nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. Abe alesi Biblia gblɔe ɖii ene tututu la, ame geɖe va zu amesiwo lɔ̃a hadzedze kple ŋutasesẽ eye gbɔgbɔmemenyenye kple agbenyuinɔnɔ menye woƒe nya o. (Timoteo II, 3:1-5) Yesutɔwo ƒe yunivɛsiti aɖe dzikpɔla gblɔe be: “Dzidzenu aɖewo nɔ mía si va yi siwo dzi nu bubuwo ɖu eye ŋusẽ aɖeke megale wo ŋu alo woahayi wo tsɔ ge awɔ dɔe o. Fifia la, edze abe agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiame aɖeke megali kura o ene.” Nenema ke ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ aɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃la gblɔ be: “Vovototo aɖeke megale nuvɔ̃ kple nu nyui dome azɔ o. Màganya kae nye ka o. . . . Ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu nyaa vovototo si le nu nyui kple nu gbegblẽ dome. Meganye nuvɔ̃wɔlawo lémee wole fifia o, ke nuvɔ̃a boŋue.”
Apostolo Paulo ŋlɔ tso amesiwo si nɔnɔme siawo ƒomevi le ŋu bena: “[Woƒe] nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.” (Efesotɔwo 4:18, 19) Gake afɔkue le wo lalam. Yesaya gblɔ be: “Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotsɔ kekeli wɔ vivitii.” (Yesaya 5:20) Menye ɖekoe amesiawo ŋea nusi ƒãm wole fifia la ko evɔ o, ke boŋ eteƒe madidi o woado “baba” gãtɔ kekeake na wo—si nye toheʋɔnu si Yehowa adrɔ̃ wo.—Galatiatɔwo 6:7.
Psalmo 92:8 gblɔ be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.” Ne míagblɔe bubui la, vɔ̃ɖinyenye ƒe ku gbegblẽ sia manɔ anyi ɖaa ana be agbea nayi edzi anɔ sesẽm na mí katã o. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be “dzidzime” si le vɔ̃ɖinyenye sia dom ɖe ŋgɔ lae anye esi tututu Mawu atsrɔ̃ ɖa le “xaxa gã” la me. (Mateo 24:3, 21, 34) Eyata ne míedi be woaɖe mí tso xaxa ma me la, ele be míanya vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome le Mawu ƒe dzidzenuwo nu; eye, le nyateƒe me la, ehiã hã be ŋusẽ si míehiã be míate ŋu anɔ agbe nyui la nanɔ mía ŋu be míate ŋu agbe nu le nu gbegblẽ ƒomeviwo katã wɔwɔ gbɔ. Togbɔ be esia wɔwɔ mele bɔbɔe o hã la, Yehowa na mí Biblia ƒe ɣeyiɣiwo kple egbeŋkekeawo me kpɔɖeŋu aɖewo siwo ade dzi ƒo na mí.
Nusɔsrɔ̃ tso Ðekakpui aɖe si Gbe Nugbegblẽwɔwɔ Gbɔ
Edze abe matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ gbegbe nye nu sesẽ ŋutɔ na ame aɖewo le Kristo-hamea me kura gɔ̃ hã ene. Timothy si ŋutinya míegblɔ le memama gbãtɔ me srɔ̃ nu tso ɖekakpui Yosef ƒe kpɔɖeŋu si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me le Mose I, 39:1-12 la me. Yosef ɖe agbenyuinɔnɔ fia esi Potifar, Egipte-megã la srɔ̃ kpee enuenu be wòadɔ ye gbɔ. Nuŋlɔɖia gblɔ be, Yosef “[gbe], eye wògblɔ . . . bena: Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?”
Aleke Yosef wɔ te ŋu lé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi eye wògbe be yemanɔ agbegbegblẽ kpli Potifar srɔ̃ o tso ŋkeke yi ŋkeke? Gbã la, ede asixɔxɔ eya kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vivisese. Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be Mawu ƒe se aɖeke meblae o (womede Mose ƒe Sea haɖe o) hã la, Yosef nya gɔmeɖose siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu nyuie; enyae be matrewɔwɔ kpli Potifar srɔ̃ si me dzodzro vɔ̃ le anye nuvɔ̃wɔwɔ, menye ɖe srɔ̃aŋutsua ko ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu hã ŋu.—Mose I, 39:8, 9.
Edze ƒã be Yosef nya nusita wòle vevie be mele gɔ̃ hã be yeade dzo dzodzro sesẽ si nu yemate ŋu atsi o la me o. Anye nusi me nunya anɔ be Kristotɔ nasrɔ̃ Yosef ƒe kpɔɖeŋua. July 1, 1957, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ele be wòade dzesi eƒe ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔwo eye wòagabu be yeate ŋu awɔ nusi dzro yeƒe ŋutilã ale be ne yeɖo afisi Ŋɔŋlɔawo ƒe liƒo se ɖo la, yeatɔ ɖe afima o. Ne ete ŋu wɔ esia dzidzedzetɔe ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã la, gbeɖeka la, awɔ nu wòagbɔ liƒo ma ŋu eye wòage ɖe nuvɔ̃ me. Esia adzɔ godoo, elabena ne wonyi dzodzro la etsina eye wòkpɔa ŋusẽ heɖua ame dzi ale gbegbe be mate ŋu aʋli o. Ne eɖo alea la, asesẽ nɛ ŋutɔ be wòaɖe susu ɖa le wo dzi. Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi wòato aʋli eɖokui tae nye be wòatsi tre ɖe wo ŋu le gɔmedzedzea me ke.”
Ne míelɔ̃ nunyuiwɔwɔ eye míelé fu nuvlowɔwɔ la, tsitretsitsi ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu le gɔmedzedzea me megasesẽna boo o. (Psalmo 37:27) Gake ele be míayi edzi anɔ agbagba dzem be míate ŋu awɔe edziedzi. Ne míewɔe alea la, Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ana be lɔlɔ̃ si le mía si na nunyuiwɔwɔ me asẽ ɖe edzi eye míayi edzi ɣesiaɣi anyɔ ŋu nugbegblẽwɔwɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enye nyateƒe be ele be míanɔ ŋudzɔ anɔ gbedodoɖa dzi ɣesiaɣi be woagate mí akpɔ o eye woaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me abe alesi Yesu gblɔe ene.—Mateo 6:13; Tesalonikatɔwo I, 5:17.
Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Gbegbe
Nu bubu si hea ame dea nugbegblẽwɔwɔ mee nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Sɔhɛ aɖe ʋu nya me be: “Mele agbe eve nɔm—ɖeka le suku eye bubu le aƒeme. Le suku la, medea ha kple ɖevi siwo gblɔa nya ƒaƒãwo ɣesiaɣi kloe si woake nu. Meva le nu wɔm abe woawo ke ene. Nukae wòle be mawɔ?” Nusi hiã enye alesi dzi nanɔ mía ƒo míato vovo, eye mɔ siwo dzi míato ate ŋu aɖe vovo dometɔ ɖekae nye Biblia me nuŋlɔɖi siwo ƒo nu tso Mawu subɔla wɔnuteƒewo abe Yosef ene ŋu la xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu. Ame bubu siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi enye Daniel, Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego—siwo nye ɖekakpui ene siwo lé dzi ɖe ƒo ɖe vovo tso wo hatiwo gbɔ.
Esi Israel-vi ɖekakpui ene siawo kple ɖekakpui bubuwo nɔ nu srɔ̃m le Babilontɔwo ƒe fiasã me la, wodi tso ɖekakpui ene siawo si be woaɖu ‘fia ƒe nuɖuɖu si woana wo gbesiagbe la.’ Esi womedii be yewoada le nuɖuɖu ŋuti se si le Mose ƒe Sea me dzi o ta la, wogbe be yewomaɖui o. Ema wɔwɔ bia dzideƒo—ebia dzideƒo ale gbegbe elabena esi nuɖuɖuawo nye “fia ƒe nuɖuɖu” ta la, woadzro ame vevie. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbe enye si ɖekakpui siawo ɖo ɖi na Kristotɔ siwo woate kpɔ egbea, eye woaƒo nya ɖe wo nu gɔ̃ hã be woano aha amu alo azã atike vɔ̃ɖi kple atama la!—Daniel 1:3-17.
Azɔ hã Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ɖe Yesu Kristo ƒe nya si wògblɔ emegbe be, “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me” ƒe nyateƒenyenye fia. (Luka 16:10) Ðikeke mele eme o be alesi wowɔ nu dzideƒotɔe le nu suetɔ si nye nuɖuɖu ƒe nya la me kple alesi Yehowa ɖo eteƒe na woe la do ŋusẽ wo be woanɔ te ɖe dodokpɔ sesẽtɔ nu emegbe. (Daniel 1:18-20) Dodokpɔ sia va esime woɖe gbe na wo be woakpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ me, ne menye nenema o la, woatɔ dzo wo woaku. Ðekakpui etɔ̃awo ɖoe kplikpaa dzideƒotɔe be Yehowa koe yewoasubɔ, eye woɖo ŋu ɖe eŋu bliboe nuka ke wòahe va wo dzii o. Yehowa gayra wo ake le woƒe xɔse kple dzideƒo la ta—fifia la, ekpɔ wo ta tso dzo ƒe aɖewo me nukutɔe esi wotsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzo si nɔ bibim ŋutɔ me.—Daniel 3:1-30.
Amesiwo gbe nugbegblẽwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu bubu geɖe le Mawu ƒe Nya la me. Mose gbe be “womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o” togbɔ be esia ana mɔnukpɔkpɔ geɖe nasu esi wòakpɔ gome le “nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi vi aɖe ko me” le Egipte hafi. (Hebritɔwo 11:24-26) Nyagblɔɖila Samuel mewɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu xɔ zãnu le ame si o. (Samuel I, 12:3, 4) Esi woɖe gbe na Yesu Kristo ƒe apostolowo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe la woɖo eŋu dzideƒotɔe be yewomadzudzɔ o. (Dɔwɔwɔwo 5:27-29) Yesu ŋutɔ gbe nugbegblẽwɔwɔ ƒomeviwo katã—vaseɖe eƒe agbe ƒe ɣeyiɣi mamlɛawo me esi asrafowo tsɔ “aha tsitsi kple mire tɔtɔ” hekpe nɛ la, mexɔe o. Enono ate ŋu agblẽ nu le tame si wòɖo kplikpaa le ɣeyiɣi vevi ma me la ŋu.—Marko 15:23; Mateo 4:1-10.
Nugbegblẽwɔwɔ Gbegbe —Agbe Kple Ku ƒe Nyae
Yesu gblɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.”—Mateo 7:13, 14.
Amewo sɔ gbɔ ɖe mɔ gbadza la dzi elabena edzi zɔzɔ le bɔbɔe. Edzizɔlawo wɔa nusi dzea wo ŋu, woƒe nukpɔsusu kple mɔwo nyea ŋutilã me tɔ, eye womedi be yewoato vovo tso Satana ƒe xexeame gbɔ o, ke boŋ yewoawɔ ɖeka kplii. Wosena le wo ɖokui me be Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo zia ame dzi akpa. (Efesotɔwo 4:17-19) Ke hã Yesu gblɔe eme kɔ ƒã be, mɔ gbadza la ɖo ta “tsɔtsrɔ̃ me.”
Gake nukatae Yesu gblɔ be ame ʋɛ aɖewo koe tia mɔ xaxɛ la? Nusi koŋ tae nye be ame ʋɛ aɖewo koe di be Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo nakpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi eye wòakpe ɖe yewo ŋu yewoatsi tre ɖe nu geɖe si hea ame dea nugbegblẽwɔwɔ me kple wo wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo ƒo xlã yewo la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ame ʋɛ aɖewo koe le klalo be yewoatsi tre ɖe dzodzro vɔ̃wo, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu, kple mɔ si wotia be eya dzie yewoazɔ ŋuti fewuɖuɖu si ava wo dzi la ŋu.—Petro I, 3:16; 4:4.
Amesiawo se alesi apostolo Paulo se le eɖokui me esime wonɔ nu ƒom tso alesi wònye kametete nɛ be wòagbe nugbegblẽwɔwɔ ŋu la gɔme bliboe. Abe alesi wòle egbeae ene la, Roma kple Hela xexe si nɔ anyi le Paulo ŋɔli ʋu nugbegblẽwɔwɔ ƒe mɔ gbadzaa aɖe ɖi. Paulo ɖe eme be yeƒe susu, si nya nu nyui la, nɔ ‘aʋa’ wɔm kple yeƒe ŋutilã, si nugbegblẽwɔwɔ dzrona. (Romatɔwo 7:21-24) Ẽ, Paulo nya be yeƒe ŋutilã nye subɔla nyui, gake enye aƒetɔ gbegblẽ, eyata esrɔ̃ alesi wòatsri nu gbegblẽe. Eŋlɔ bena: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi.” (Korintotɔwo I, 9:27) Aleke wòwɔ ɖu edzi? Menye le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ si mesu awɔ avu sia me o, ke boŋ le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu me.—Romatɔwo 8:9-11.
Le esia ta la, togbɔ be Paulo nye ame madeblibo hã la, elé eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi vaseɖe nuwuwu. Esi wòsusɔ ʋɛ wòaku la, ete ŋu ŋlɔ bena: “Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi. Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam.”—Timoteo II, 4:7, 8.
Esi míele aʋa wɔm kple míaƒe blibomademade la, kpɔɖeŋu dedziƒoname kawoe nye esi le mía si, menye Paulo ɖeɖeko o, ke boŋ amesiwo nye kpɔɖeŋu na eya hã—Yosef, Mose, Daniel, Sadrax, Mesax, Abed-Nego, kple ame bubu geɖewo. Togbɔ be wonye ame madeblibowo hã la, xɔsetɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe gbe nugbegblẽwɔwɔ, menye le dzi titri alo dzimesesẽ ta o, ke boŋ le ŋusẽ si Yehowa ƒe gbɔgbɔa do wo be woanɔ agbe nyui la tae. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Wonye gbɔgbɔmemewo. Wotsi dzi ɖe Yehowa ƒe numenya ɖesiaɖe ŋu. (Mose V, 8:3) Wonya be yewoƒe agbe nɔ te ɖe eƒe nyawo dzi. (Mose V, 32:47) Ƒo wo katã ta la, wolɔ̃ Yehowa hevɔ̃nɛ, eye wolé fu nugbegblẽwɔwɔ ʋɛʋɛʋɛ le eƒe kpekpeɖeŋu me.—Psalmo 97:10; Lododowo 1:7.
Neva eme be míanɔ abe woawo ene. Nyateƒee, be míate ŋu ayi edzi agbe nugbegblẽwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe la, míehiã na Yehowa ƒe gbɔgbɔ abe alesi woawo hã hiã nɛ ene. Yehowa ana eƒe gbɔgbɔa mí faa ne míebiae le anukwaredidi me, srɔ̃ eƒe Nya, eye míede Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi.—Psalmo 119:105; Luka 11:13; Hebritɔwo 10:24, 25.
Dzi dzɔ Timothy, amesi ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me be yemeŋe aɖaba ƒu yeƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo dzi o. Ðetugbi ma si hã nɔ dɔ wɔm le afima si se Timothy kple eƒe dɔwɔhatia dome dzeɖoɖoa eye dzodzro vɔ̃ ɖo eme ɖe eŋu le eƒe agbedzadzɛnɔnɔa ta va kpe Timothy dzaa emegbe be wòava ye ƒeme esime srɔ̃a meli o. Timothy gbe. Abe Portifa srɔ̃ ene la, dzi meɖe le eƒo enumake o, eyi edzi kpee zi geɖe. Timothy ɖoe kplikpaa hegbe esiawo katã le tufafa me. Eɖe gbeƒã na nyɔnu sia nyuie tso Mawu ƒe Nya me gɔ̃ hã. Timothy daa akpe na Yehowa vevie be wòdo ŋusẽ ye be yegbe nugbegblẽwɔwɔ, eye eɖe hati Kristotɔ nyui aɖe fifia. Le nyateƒe me la, Yehowa ayra amesiwo katã adi be yewoalé Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ahagbe nugbegblẽwɔwɔ eye wòado ŋusẽ wo.—Psalmo 1:1-3.