INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w04 9/1 axa 29
  • Woɖo Ŋku “Fukpela Siwo Woŋlɔ Be” Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Ŋku “Fukpela Siwo Woŋlɔ Be” Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ Sesĩe Le Nazitɔwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te le Netherlands
    Nyɔ!—1999
  • Sɔhɛwo—Yehowa Maŋlɔ Miaƒe Dɔwɔwɔ Be O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ðaseɖiɖi le Woƒe Xɔse Ŋuti
    Nyɔ!—1996
  • Tsɔtsrɔ̃ Gã aɖe ƒe Blemanudzraɖoƒe Kple Yehowa Ðasefowo
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
w04 9/1 axa 29

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Woɖo Ŋku “Fukpela Siwo Woŋlɔ Be” Dzi

LE ƑE 2001 ƒe gɔmedzedze, Haykaz, si nye Yehowa Ðasefo si xɔ ƒe 15, ɖi tsa yi ɖakpɔ “Fukpela Siwo Woŋlɔ Be” ƒe ɖeɖefia wɔna aɖe si ku ɖe alesi Nazi Dziɖuɖua ti Yehowa Ðasefowo yomee ŋu la teƒe le Bern, Switzerland. Esi Haykaz wu eƒe tsaɖiɖia nu la, egblɔ be: “Mese nu tso alesi wosẽ ŋuta le Yehowa Ðasefowo ŋu hewɔ fu wo le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi la ŋu, gake esiae nye zi gbãtɔ si mekpɔ nusiwo dzɔ ɣemaɣi ŋuti nuŋlɔɖi kple foto ŋutɔŋutɔ siwo ŋu kakaɖedzi le la kpɔ. Nusiwo woɖe fia, nudzɔdzɔa teƒekpɔlawo ƒe ɖaseɖiɖiwo, kple nya siwo ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ le wɔnaa wɔƒe tsi susu kple dzi me nam ale gbegbe.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe, esi wode dɔ asi na Haykaz be wòaŋlɔ nyatakaka aɖe na eƒe sekɛndrisukuxɔmehatiwo la, etia be yeaŋlɔ nu tso “Yehowa Ðasefowo—Fukpela Siwo Woŋlɔ Be le Nazi Dziɖuɖua Te” ŋu. Eƒe nufiala da asi ɖe nyatia ŋɔŋlɔ dzi gake hegblɔ na Haykaz be ahiã be wòayɔ nyawo tso ame bubuwo ƒe agbalẽwo hã me. Haykaz lɔ̃ ɖe edzi kple dzidzɔ. “Meto agbalẽ bubu aɖewo me nya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Nazi dziɖuɣia me ɖe eme heŋlɔ wo ŋu nya vevi aɖewo. Meƒo nu tso alesi ‘Fukpela Siwo Woŋlɔ Be’ ƒe ŋkuɖodzi ɖeɖefia la wɔ dɔ ɖe nye ŋutɔ dzinyee la hã ŋu. Nɔnɔmetatawo kple fotowo hã nɔ nyatakaka si meŋlɔ wòxɔ axa 43 la me.”

Le November 2002 me la, Haykaz xlẽ eƒe nyatakakaa na nyasela siwo nye eƒe sukuxɔmehatiwo, nufialawo, ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃wo. Emegbe nyabiasewo kple ŋuɖoɖowo kplɔe ɖo, si na mɔnukpɔkpɔe be wòɖe eƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi me na wo. Esi nyɔnuvi aɖe si le nyaselawo dome bia nusitae wòtia tanya sia la, Haykaz ɖe eme be ŋutinyagbalẽ geɖewo meƒoa nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu o eye yedi be amewo nanya nu tso alesi gbegbe Ðasefoawo ʋli woƒe Kristotɔwo ƒe xɔse ta dzinɔameƒotɔe la ŋu. Nukae do tso eƒe nyatakaka ƒe ɖaseɖiɖia me?

Haykaz gblɔ be: “Ewɔ nuku na nye sukuhatiwo. Womenya be woti Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒoa yome kutɔkutɔe o. Azɔ hã, ame geɖe menya be dzeside tɔxɛ aɖe—si nye avɔ kakɛ dzẽ si nɔ dzogoe etɔ̃ me—nɔ Ðasefo siwo nɔ Nazi fuwɔamesaɖawo me ƒe awuwo ŋu o.”

Le Haykaz ƒe nuƒoa megbe la, mɔnukpɔkpɔ geɖe wu ʋu ɖi nɛ be woƒo nu na eƒe sukuxɔmehatiwo eye be wòaɖe Ðasefowo ƒe nukpɔsusu si nɔ te ɖe Biblia dzi ku ɖe ʋudodo, ahanono, kple agbenyuinɔnɔ ŋu la me na wo. Haykaz gblɔ be: “Nye sukuhati aɖeke mekom alo ɖu fewu le ŋunye o.” Gawu la, woda eƒe nyatakaka la ɖe sukua ƒe agbalẽdzraɖoƒe. Esia ana womaŋlɔ dzideƒo si Yehowa Ðasefowo ɖe fia la be gbeɖegbeɖe o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe