INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 12/15 axa 3-5
  • Aleke Viwò Aɖo Nya Ŋui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Viwò Aɖo Nya Ŋui?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Miwɔ Ðoɖo Mianɔ Wɔwɔfiawo Wɔm
  • Kplɔ̃ɖoɖo Ðesiaɖee Dzea Mawu Ŋua?
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Gbe Dodo Na Aflaga, Duhadzidzi Kple Akɔdada
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Agbenɔnɔ ƒe Dzidzenu Siwo Dze Bubu
    Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖua Dzigbezã O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 12/15 axa 3-5

Aleke Viwò Aɖo Nya Ŋui?

DZILAWO: Le January 15, 2010, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 16-20 la, míeƒo nu tso ale si wòhiã be mia kple mia viwo mianɔ wɔwɔfiawo wɔm la ŋu. Nyati sia do susu siwo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miadzra mia viwo ɖo be woanɔ te ɖe kuxiwo nu le suku la ɖa. Ðewohĩ miadi be yewoazã wo le miaƒe wɔwɔfiawo me le Ƒometadedeagu fiẽsiwo me.

ÐEVI siwo nye Yehowa Ðasefowo la doa go kuxi geɖewo. Zi geɖe la, woƒe sukuhatiwo biaa wo nu si tae womekpɔa gome le wɔna aɖewo, abe gbedodo na aflaga, dzigbezãwo, kple ɖoɖo siwo wowɔna le ŋkekenyuiwo dzi ene, me o ɖo. Ne viwòŋutsuvi alo viwònyɔnuvi dze ŋgɔ nyabiase siawo tɔgbi la, aleke wòaɖo wo ŋui?

Kristotɔwo ƒe vi aɖewo ɖoa nya ŋu ko be: “Womeɖe mɔ nam be mawɔ nu sia o. Etsi tsitre ɖe míaƒe subɔsubɔ ŋu.” Ðevi mawo dze na kafukafu ɖe woƒe tenɔnɔ sesĩea ta. Woƒe nyaŋuɖoɖoa ate ŋu ana woadzudzɔ nyabiabia wo. Ke hã, Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be míaʋli mɔkpɔkpɔ si le mía si la ta le ame sia ame si abia nya mí tso eŋu la ŋkume.’ (1 Pet. 3:15) Esia wɔwɔ bia nuwɔwɔ yi ŋgɔ wu gbɔgblɔ ko be, “Womeɖe mɔ nam o.” Ne ame aɖewo melɔ̃ ɖe míaƒe nukpɔsusuwo dzi o gɔ̃ hã la, ado dzidzɔ na ame bubuwo ya be yewoanya nu si tae míetso nya me nenema ɖo.

Ðasefo sɔhɛ geɖewo zã agbalẽwo, abe Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ene, tsɔ ƒo nu tso Biblia me ŋutinyawo ŋu na woƒe sukuxɔmehatiwo. Ŋutinya siawo ate ŋu akpe ɖe ɖevi Ðasefowo ŋu woaɖe nu si ta wowɔa nanewo ɖo kple nu si tae womewɔa nanewo o la me. Sukuvi aɖewo ɖoa to nyuie sea Biblia ŋutinyawo, eye Ðasefo sɔhɛwo te ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖewo gɔme to mɔ sia dzi. Ate ŋu asesẽ na sukuvi bubuwo be woabɔbɔ nɔ anyi aɖo to Biblia ŋutinya bliboa. Ne womeɖe Biblia me ŋutinya aɖewo me na sukuviwo nyuie o la, asesẽ na wo be woase wo gɔme. Esi Minhee, si xɔ ƒe 11, ƒe xɔlɔ̃ aɖe kpee be wòava yeƒe dzigbezãɖuƒe la, egblɔ nɛ be: “Biblia megblɔ na mí be míaɖu míaƒe dzigbezã o. Biblia gblɔ be wowu Yohanes Amenyrɔɖetsimela le ame aɖe ƒe dzigbezãɖuɣi.” Ke hã, Minhee kpɔe be ewɔ abe ye xɔlɔ̃a mese nya si yegblɔ nɛ la gɔme o ene.

Ɣeaɖewoɣi la, eɖea vi ne wotsɔ nɔnɔmetata alo ŋutinya si le míaƒe agbalẽ aɖe me la fia wo hati sukuviwo. Ke ne sukudzikpɔlawo de se be ɖeviwo nagatsɔ subɔsubɔgbalẽwo ava suku o ɖe? Ðe mía viwo ate ŋu aɖe gbeƒã dzidzedzetɔe ne wometsɔ míaƒe agbalẽ aɖeke ɖe asi o gɔ̃ hã? Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woate ŋu aɖe wo ɖokui nu?

Miwɔ Ðoɖo Mianɔ Wɔwɔfiawo Wɔm

Ne miewɔa wɔwɔfia siwo me mi dzilawo miewɔa ɖeviawo ƒe sukuhatiwo ƒe akpa dzi le le aƒe me la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Le wɔwɔfiawo me la, ne ɖeviawo le agbagba dzem be yewoaʋli yewoƒe xɔse ta la, anyo be dzilawo naka fu wo eye woafia ale si woana woƒe numeɖeɖewo nanyo ɖe edzi wu kple nu si ta esia le vevie la wo. Le kpɔɖeŋu me, de dzi ƒo na wo be woazã nya siwo gɔme wo hati sukuviwo ate ŋu ase. Joshua, ŋutsuvi si xɔ ƒe asieke, gblɔ be yeƒe sukuhatiwo mese nya aɖewo, abe “dzitsinya” kple “nuteƒewɔwɔ” ene, gɔme o. Eya ta enɔ nɛ be wòazã nya siwo le bɔbɔe la atsɔ aɖe nu me wo.—1 Kor. 14:9.

Ne sukuvi aɖewo bia nya eye nyaŋuɖoɖoa le legbee la, woƒe ɖetsɔleme nu ate ŋu atsi. Eya ta ne sɔhɛ Ðasefowo ɖoa dze kpli wo eye wonana wodea ŋugble le nuwo ŋu la, woate ŋu ana woƒe susu nanɔ nyaa ŋu. Haneul, nyɔnuvi si xɔ ƒe ewo, gblɔ be, “Nye sukuhatiwo dina be woaɖo dze kpli yewo, ke menye be woaɖe nu me na yewo o.” Be nàte ŋu aɖo dze kpli wo la, bia nya woamawo, eye ɖo to nyuie ne wole nu si wosusu gblɔm.

Kpɔɖeŋudzeɖoɖo siwo le ete la ɖe ale si Kristotɔ sɔhɛwo ate ŋu ade ŋugble kple woƒe sukuhatiwo la fia. Mehiã be nàlé wo me nyawo ɖe tame o—ɖeviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ, eye nɔnɔme ɖe sia ɖe kple eƒe nyaŋuɖoɖoe. Eya ta ele be Ðasefo sɔhɛ nade dzesi susu si le megbe na dzeɖoɖoawo, eye wòakpɔ ale si wòagblɔe le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me, eye eyome la, ade dzesi ale si wòagblɔe le mɔ si asɔ na nɔnɔme si me eƒe sukuhatiwo le la nu. Ne viwòwo kpɔtɔ le suku dem la, dzeɖoɖo siawo ƒe wɔwɔfiawo wɔwɔ akpe ɖe wo ŋu.

Hehenana ɖeviwo xɔa ɣeyiɣi eye wòbia agbagbadzedze hã. Dzila Kristotɔwo di be yewoaƒã Biblia me gɔmeɖosewo ɖe wo viwo me ahade dzi ƒo na wo be woanɔ agbe ɖe gɔmeɖose mawo nu.—5 Mose 6:7; 2 Tim. 3:14.

Dze agbagba mia kple viwòwo mianɔ dzeɖoɖo siwo le ete la ƒe wɔwɔfiawo wɔm le Ƒometadedeagu fiẽsiwo me. Kpɔ ale si esia ate ŋu aɖe vi na woe ɖa. Nenɔ susu me na wò be menye taɖodzinua ye nye be woalé dzeɖoɖoawo me nya ɖe sia ɖe ɖe susu me o. Le nyateƒe me la, miate ŋu awɔ nɔnɔme aɖe ƒe wɔwɔfia zi gbɔ zi geɖe, aɖo nyawo ŋu le mɔ vovovowo nu ahakpɔe ɖa be alekee viwòwo atrɔ ɖe ŋuɖoɖo vovovoawo ŋui hã. Esi ɖeviwo le agbagba dzem be yewoaɖe susu si ta dzixɔse aɖewo le wo si me la, mikpe ɖe wo ŋu woatu nugɔmesesename kple tufafa ɖo. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àna viwòwo nasu te aʋli woƒe xɔse ta le sukuxɔmehatiwo, aƒelikawo, kple nufialawo siaa ŋkume.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]

DZIGBEZÃÐUÐUWO

Mary: John, ŋdi na wò. Medi be makpe wò va nye dzigbezãɖuƒe.

John: Mary, akpe na wò be nèbu ŋunye. Meɖe kuku, ɖe nàte ŋu agblɔ nu si tae èdi be yeaɖu dzigbezã nama?

Mary: Nye dzigbezã koe medi be maɖu. Wò ya meɖua wò dzigbezã oa?

John: Ao, nyemeɖunɛ o.

Mary: Nu ka tae? Dzinyelawo kpɔ dzidzɔ esime wodzim.

John: Nenema kee wònɔ le dzinyelawo hã gome. Woawo hã wokpɔ dzidzɔ esime wodzim. Gake menye esia tae wòle be manɔ nye dzigbezã ɖum ƒe sia ƒe o. Ne amewo le woƒe dzigbezã ɖum la, wobua wo ɖokuiwo be yewole vevie wu ame sia ame. Gake ɖe Mawu mele vevie wu oa? Eye ɖe mele be míada akpe nɛ le esi wòna agbe mí ta oa?

Mary: Ðe nèle gbɔgblɔm be mele be maɖu nye dzigbezã oa?

John: Mary, wò ŋutɔ wò nyametsotsoe nye ema. Gake ɖe manyo be nàbu nya sia ŋu kpɔ oa? Togbɔ be ame geɖe lɔ̃a dzigbezã nunanawo xɔxɔ hã la, Biblia ya gblɔ be dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ. Le esi míada susu ɖe míaƒe dzigbewo dzi teƒe la, ɖe manyo be míada akpe na Mawu, abu ame bubuwo ŋu, eye míawɔ nyui na wo oa?

Mary: Nyemebu esia ŋu kpɔ o. Ke ɖe wòfia be dziwòlawo menaa nunana aɖeke wò oa?

John: Ɛ̃, wonaa num. Gake dzinyelawo melalana nye dzigbe ɖona hafi naa num o. Wonaa num ɣesiaɣi si wodi. Gake Mary, àdi be yeanya ale si dzigbezãɖuɖu dze egɔmea?

Mary: Àte ŋu agblɔe nama?

John: Enyo, etsɔ la, magblɔ ŋutinya aɖe na wò ku ɖe dzigbezã aɖe si woɖu ɣeyiɣi didi aɖee nye esi va yi la ŋu.

GBEDODO NA AFLAGA

Afi: Kezia, nu ka tae wò ya mèdoa gbe na aflaga o?

Kezia: Afi, akpe na wò be nèbia nya siam. Gake hafi maɖo eŋua, medi be mabia wò be, nu ka tae wò ya èdoa gbe nɛ ɖo?

Afi: Esi melɔ̃ nye dukɔa tae.

Kezia: Afi, menya be èlɔ̃ dawò. Gake nyemexɔe se be èdoa gbe na dawò abe ale si nèdoa gbe na aflaga ene o ɖe, alo?

Afi: Nyateƒee. Ènyaa, esi medea bubu aflaga ŋu tae medoa gbe nɛ ɖo. Wò ya mèdea bubu aflaga ŋu oa?

Kezia: Medea bubu eŋu. Gake menye ame sia ame alo nu sia nu si nèkpɔ koe nèdoa gbe na abe ale si wodoa gbe na aflaga ene o ɖe, alo?

Afi: Le nyateƒe me la, medea bubu nye nufiala ŋu, gake nyemedoa gbe nɛ abe ale si medoa gbe na aflaga ene o. Hũm, ne mato nyateƒea, nyemenya nu si tae medoa gbe na aflaga ɖo o.

Kezia: Afi, ame geɖe bua aflaga be ele dukɔa teƒe. Wotoa gbedodo na aflaga dzi ɖenɛ fiana be yewole klalo awɔ nu sia nu le yewoƒe dukɔa ta. Gake nye ya nye susu to vovo. Esi wònye be Mawue na agbem ta la, nyemate ŋu atsɔ nye agbe asa vɔ ɖe míaƒe dukɔa ta o. Metiae be matsɔ nye agbe ana Mawu boŋ. Esia tae nyemedoa gbe na aflaga o, togbɔ be medea bubu eŋu hã.

Afi: Enyo, mese egɔme azɔ.

Kezia: Afi, edo dzidzɔ nam be èbia nya siam. Eye ne èdi be yeanya nu si tae nyemewɔa nanewo ɖo o la, àte ŋu abiam faa. Gake Biblia gblɔ be le blema la, Babilon fia aɖe bia tso eƒe dukɔa me viwo si be woade ta agu na kpetata aɖe. Wo dometɔ aɖewo gbe—togbɔ be wogblɔ be, ne wogbe la, woawu wo gɔ̃ hã.

Afi: Nyateƒea? Nu kae va dzɔ ɖe wo dzi?

Kezia: Magblɔe na wò le ŋdɔnuɖuɣia.

DUNYAHEHE LE SUKU

Mike: Timo, ame kae nèsusu be eyae anye míaƒe sukua ƒe ŋgɔnɔla?

Timo: Nyemele ame siwo wole akɔ da ge na la dometɔ aɖeke ƒe akpa dzi o.

Mike: Nu ka tae?

Timo: Kplɔla nyuitɔ le asinye xoxo. Esi menye Kristotɔ ta la, meɖe adzɔgbe be manye Yesu yomedzela. Eya ta nyemate ŋu atia kplɔla bubu o. Gake ènya susu si tae mexɔe se be eyae nye kplɔla nyuitɔa?

Mike: Ao, mehiã manya o.

Timo: Gake ne èva di be yeanya la, àte ŋu ana manya, adzɔ dzi nam be magblɔe na wò.

[Nɔnɔmetata]

“John, ŋdi na wò. Medi be makpe wò va nye dzigbezãɖuƒe”

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Nu ka tae wò ya mèdoa gbe na aflaga o?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe