Nye Didi Wònye Be Manɔ Abe Yefta Vinyɔnua Ene
Abe ale si Joanna Soans gblɔe ene
Esi menɔ nye ƒewuiwo me la, medi vevie be manɔ abe Yefta vinyɔnua ene. Na maɖe nu si nɔ susu me nam, kpakple ale si wòdzɔe be meva nɔ abe eya ene la me.
LE ƑE 1956 me la, mede Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe zi gbãtɔ le Bombay (si woyɔna fifia be Mumbai), le India, eye esia kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye agbe dzi. Nuƒo aɖe si mese le afi ma ku ɖe Yefta vinyɔnua ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.
Abe ale si nànya xlẽe le Biblia me kpɔ ene la, Yefta vinyɔnua lɔ̃ ɖe edzi be yemaɖe srɔ̃ o, eye anya nɔ eƒe ƒewuiwo me ɣemaɣi. Esia wɔe be fofoa te ŋu wɔ adzɔgbe aɖe si wòɖe la dzi. Eya ta nyɔnuvi sia meɖe srɔ̃ kpɔ o, eye wòsubɔ le Yehowa ƒe aƒe, alo avɔgbadɔ, la me le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:28-40.
Aleke gbegbe wòdzrom enye esi be manɔ abe eya ene! Ke hã, kuxi gã aɖe dze ŋgɔm. Eyae nye be womeda asi ɖe srɔ̃maɖemaɖe dzi le míaƒe dekɔnuwo me le India ɣemaɣi o.
Nye Ƒomea Ŋuti Nya
Nyee nye vi atɔ̃lia le vi ade dome. Mía dzilawo ƒe ŋkɔwoe nye Benjamin Soans kple Marcelina Soans. Wodzi mí le Udipi, si nye dugã aɖe si le India ƒe ɣetoɖoƒe ƒutanutowo me. Mía degbee nye Tulu. Ame siwo doa gbe sia ade miliɔn eve. Ke hã, Kannadagbee wotsɔ fia nu míi le suku, abe ale si ko wòle le Udipitɔ akpa gãtɔ gome ene.
Tso gbe aɖe gbe ke la, wobua srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi nu vevii le nuto sia me. Esi menɔ tsitsim la, nyemeɖo ŋku edzi kpɔ be mese wozã nyagbewo abe “trenyenye,” “akogotsitsi,” alo “aƒedzroame” ene le Tulugbea me o. Ðeko wònɔ abe ɖe nɔnɔme mawo meli o ene. Le kpɔɖeŋu me, le míaƒe ƒomea me la, mía kple tɔgbuinye kple mamanye, nyruinyewo, tenye, danyegã, danyeɖia, tasivinyruiviwo, kple dagãdaɖiviwoe nɔ aƒe ɖeka me!
Le míaƒe dekɔnu nu la, nɔgomenue míeɖuna, eya ta wobua viwo be wonye ƒome si me wo dada tso la me tɔwo. Nyɔnuwo ƒe dzidzimewoe woxlẽna, eye vinyɔnuwoe xɔa domenyinua ƒe akpa gãtɔ. Le Tulutɔ aɖewo gome la, ne nyɔnu ɖe srɔ̃ la, egakpɔtɔ nɔa dadaa ƒe me, eye srɔ̃aŋutsua ʋuna va tsia egbɔ.
Nuwo to vovo vie le míaƒe ƒomea me le esi míebua mía ɖokuiwo Kristotɔwoe ta. Fiẽ sia fiẽ la, tɔgbuinye nɔa ŋgɔ na ƒomea le tadedeagu me, edoa gbe ɖa hexlẽa Tulugbe me Biblia míesena. Ɣesiaɣi si wòʋu eƒe Biblia si vuvu klayiklayi la be yeaxlẽ na mí la, ɖeko wòwɔna nam abe aɖaka si me lekewɔnu xɔasiwo le la ʋumee wòle ene. Dzi dzɔam ŋutɔ! Psalmo 23:1 me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye. Afi ma gblɔ be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” Menɔ ɖokuinye biam be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Yehowa, eye nu ka tae woyɔe be kplɔla ɖo?’
“Tsrowo” Ge Le Ŋku Dzi Nam
Le nɔnɔme sesẽ siwo do mo ɖa le Xexemeʋa II megbe ta la, míeʋu yi Bombay, si didi kilometa 900 tso afi si míenɔ. Esi míenɔ Bombay le ƒe 1945 me la, Yehowa Ðasefo eve va ɖe gbeƒã na fofonye, eye wotsɔ Biblia srɔ̃gbalẽ aɖe si le Kannadagbe me la nɛ. Fofonye tsɔ dzidzɔ xɔ agbalẽa me gbedeasia abe ale si ko kuɖiɖinyigba noa tsi si dza ɖe edzi ene, eye wòte emenyawo gbɔgblɔ na Kannadagbedola bubuwo. Le ƒe 1950-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ afi ma la va zu Kannadagbedolawo ƒe hame gbãtɔ le Bombay.
Papa kple Dada fia mí ɖeviawo ale si míanye Biblia srɔ̃la dovevienuwo kple nufiala nyuiwo. Wodia ɣeyiɣi doa gbe ɖa hesrɔ̃a nu kpli mí gbe sia gbe. (5 Mose 6:6, 7; 2 Timoteo 3:14-16) Gbe ɖeka esime menɔ Biblia xlẽm la, nane si gɔme nyemese tsã o la me va kɔ nam, abe ke ɖe tsrowoe ge le ŋku dzi nam ene. Meva dze sii be woƒo nu tso Yehowa ŋu abe alẽkplɔla ene, elabena efiaa mɔ esubɔlawo, enyia wo, eye wòkpɔa wo ta.—Psalmo 23:1-6; 83:19.
Yehowa Lé Nye Alɔnu
Esi míede ƒe 1956 ƒe takpekpe ma si dzi meɖoa ŋkui kple dzidzɔ la le Bombay megbe kpuie koe mexɔ nyɔnyrɔ. Ɣleti ade megbe la, medze fonye Prabhakar ƒe afɔɖoƒewo yome heva zu gbe sia gbe ƒe nya nyui gblɔla. Togbɔ be medi vevie be magblɔ Biblia me nyateƒewo na amewo hã la, metsina dzodzodzoe ne mete kpɔ be maƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu. Mekukɔna, eye nye gbe me nɔa ƒoƒom. Ale mefa konyi gblɔ bena, ‘Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ dɔ sia!’
Yehowa kpe ɖe ŋunye to dutanyanyuigblɔla atsu kple asi, siwo ƒe ŋkɔwoe nye Homer kple Ruth McKay siwo tso Canada la dzi. Wode Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku le New York, United States, le ƒe 1947 me. Wokpe ɖe ŋunye ŋutɔ le subɔsubɔdɔa me, abe ale si ko woléa ɖevi si dze azɔli gɔme la ƒe alɔnu ene. Ruth nɔa ale si maɖe gbeƒã na amewo tso aƒe me yi aƒe me la fiamem enuenu. Enya nu si tututu wòawɔ be maɖe dzi ɖi. Eléa nye asi si le ƒoƒom tititi la hegblɔna be: “Mègavɔ̃ o, nɔvinye lɔlɔ̃a. Na míagatee kpɔ le aƒe kemɛ me.” Ale si wòƒoa nu akɔfafatɔe la nana dzi ɖoa ƒonye.
Gbe ɖeka woɖo du ɖem be Elizabeth Chakranarayan, si nye Biblia fiala tsitsi aɖe lae ava kpe ɖe ŋunye le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me. Enumake mebia ɖokuinye be: ‘Ðe mete ŋu le dɔ wɔ ge kple nɔvinyɔnu sia? Etsi wum ƒe geɖe!’ Gake eva dze kɔtɛ be eyae nye zɔhɛ si mehiã na.
“Mawu Megblẽa Mí Ði Gbeɖe O”
Blemadu Aurangabad ye woɖo mí ɖo zi gbãtɔ. Edidi tso Bombay kilometa 400 kloe le ɣetoɖoƒe gome. Eteƒe medidi hafi míeva nya be mí ame evea koe nye Ðasefowo le dugã ma si me ame miliɔn ɖeka kloe le la me o. Azɔ hã, ehiã be masrɔ̃ Marathi, si nye gbe si ame akpa gãtɔ dona le dua me.
Ɣeaɖewoɣi la, metsia akogo ŋutɔ, eye mefaa avi abe tsɔ̃evi ene. Ke hã, ale si Elizabeth ƒoa nu nam abe vidada ene la dea dzi ƒo nam. Egblɔna be: “Togbɔ be míetsia akogo ɣeaɖewoɣi hã la, Mawu megblẽa mí ɖi gbeɖe o. Togbɔ be èle adzɔge tso xɔ̃wòwo kple ƒowòmetɔwo gbɔ hã la, Yehowa li kpli wò ɣesiaɣi. Na wòanye xɔ̃wò, eye wò akogotsitsia nu ayi kpuie.” Medea asixɔxɔ aɖaŋuɖoɖo ma ŋu va de asi na egbe.
Ne ga si míatsɔ aɖo ʋui megale dedem o la, míezɔa afɔ kilometa 20 gbe sia gbe le ʋuʋu kple ba, kpakple dzogbɔgbɔ kple fafa me. Le dzomeŋɔli la, yame ƒe dzoxɔxɔ dea dzidzenu Celsius 40 zi geɖe. Le tsidzaɣiwo la, nuto si me míeɖea gbeƒã le la ƒe akpa aɖewo zua bateƒe ɣleti geɖe. Ke hã, dzogbɔgbɔ kple tsidzadza la meɖe fu na mí abe ameawo ƒe dekɔnuwo ene o.
Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuwo meɖoa dze kple ŋutsuwo le dutoƒo o negbe ɖe wonye ƒometɔwo ko, eye ƒãa hafi nyɔnuwo fiaa nu ŋutsuwo. Eya ta amewo ɖea alɔme le mía ŋu hedzua mí. Le míaƒe afi ma yiyi ƒe ɣleti ade gbãtɔwo me la, mí ame evea koe kpea ta hena kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia sɔsrɔ̃. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖetsɔlemetɔwo va wɔ ɖeka kpli mí. Eteƒe medidi hafi míeva zu ƒuƒoƒo sue aɖe o. Wo dometɔ aɖewo va nɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa wɔm kpli mí gɔ̃ hã.
“Nɔ Wò Ŋutetewo Tum Ðo”
Anɔ abe ƒe eve kple afã megbe la, wogaɖe mí yi Bombay. Elizabeth yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, ke nye ya wona mekpe ɖe fofonye ŋu, elabena eya ɖeka koe nɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe Kannadagbe me ɣemaɣi. Elɔ̃ faa be makpe ɖe ye ŋu, elabena hamea me dɔ geɖe nɔ edzi.
Le ƒe 1966 me la, dzinyelawo gatrɔ yi Udipi, si nye afi si míenɔ tsã. Hafi Papa nadzo la, egblɔ nam be: “Vinye, nɔ wò ŋutetewo tum ɖo. Ðe gbea gɔme eme nakɔ, eye egɔme nanya se. Mègaka ɖe ɖokuiwò dzi akpa o, yi edzi nàbɔbɔ ɖokuiwò. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu.” Esiae nye aɖaŋu mamlɛtɔ wòɖo nam, elabena eku esi wòtrɔ yi Udipi megbe kpuie. Tso ɣemaɣi va de asi na egbea la, mele agbagba dzem be mawɔ eƒe nyaa dzi pɛpɛpɛ le gbegɔmeɖeɖedɔa me.
“Màdi Be Yeaɖe Srɔ̃ Adzi Vi Oa?”
Le Indiatɔwo ƒe kɔnu nu la, dzilawo wɔa ɖoɖo be wo viwo naɖe srɔ̃ esime wometsi o gɔ̃ hã, eye wodea dzi ƒo na wo be woadzi viwo. Eya ta amewo bianam zi geɖe be: “Màdi be yeaɖe srɔ̃ adzi vi oa? Ame kae akpɔ dziwò ne èku nyagã? Màva tsi akogo oa?”
Etena ɖe dzinye ŋutɔ ɣeaɖewoɣi ne amewo le nya mawo biamem enuenu. Togbɔ be nyemeɖenɛ fiana le ame dome be ete ɖe dzinye o hã la, megblɔa nye dzimenyawo na Yehowa ne nye ɖeka meli. Yehowa mebunam be nyemede o le esi menye tre ta o, eye esia nyanya faa akɔ nam. Esi Yefta vinyɔnua kpakple Yesu siaa meɖe srɔ̃ o, eye woku kutri le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me ta la, medea ŋugble le woƒe kpɔɖeŋua ŋu, bene mate ŋu awɔ tame si meɖo kplikpaa be masubɔ Mawu susuhenuwo manɔmee la dzi.—Yohanes 4:34.
Nunana Tso Yehowa Gbɔ
Mía kple Elizabeth míenye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ƒe 50 kloe. Eku le ƒe 2005 me esime wòxɔ ƒe 98. Le eƒe ƒe mamlɛawo me la, megate ŋu nɔ Biblia xlẽm o le esi eƒe ŋkuwo tsi ta, eya ta edoa gbe ɖa vevie na Mawu ɣeyiɣi didi gbe sia gbe. Ɣeaɖewoɣi la, mesusuna be ame aɖee wòle ŋɔŋlɔawo me dzrom kplii le xɔa me, gake kaka makpɔ la Yehowa boŋue wòle nu ƒom na. Yehowa nye Ame ŋutɔŋutɔ nɛ, eye ewɔa nu abe ɖe wòle Yehowa ŋkume tututu ene. Meva kpɔe be esiae nye nu vevitɔ si nana ame lia ke sesĩe le Mawu subɔsubɔ me, abe ale si Yefta vinyɔnua wɔe ene. Medaa akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe ale si wòna medze si nɔvinyɔnu tsitsi, kpɔnuteƒe sia bene wòana hehem ahade dzi ƒo nam le nye sɔhɛmenɔɣiwo, kple nye xaxaɣiwo katã me la ta.—Nyagblɔla 4:9, 10.
Yayra siwo mekpɔ esi mele Yehowa subɔm abe ale si Yefta vinyɔnua wɔe ene la sɔ gbɔ ŋutɔ! Esi menye tre, eye mele Biblia me mɔfiamewo dzi wɔm ta la, ekpe ɖe ŋunye mele agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le la nɔm hele “Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ la [dzi] ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee.”—1 Korintotɔwo 7:35.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Esi fofonye le dutoƒonuƒo ƒom le Bombay le ƒe 1950-awo me
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Mía kple Elizabeth ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Míele amewo kpem be woava se Biblia me nuƒo le Bombay le ƒe 1960 me
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Mía kple nye dɔwɔhatiwo le gbegɔmeɖeƒea