INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 4/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 4/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Aleke amegbetɔƒomea ƒe etsɔme anɔ?

Ƒome aɖe bu nyɔnu tsitsi si nye dukɔ bubu me tɔ la ŋu tsɔ nunanawo vɛ nɛ

Aleke Yesu ƒe kua na habɔbɔ aɖe si me tɔwo tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo la va li?

Amegbetɔwo anɔ ŋgɔyiyi wɔm le dzɔdzɔmeŋutinunya me godoo. Gake ɖe woate ŋu ato woƒe agbagbadzedzewo me ana ame sia ame nava lɔ̃ nɔvia tso dzi blibo me gbe ɖeka? Ao. Egbea, ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ ɖo amegbetɔwo abe axɔ̃ ene. Ke hã, tameɖoɖo nyui aɖe le Mawu si na amegbetɔƒomea.​—Xlẽ 2 Petro 3:13.

Nya si Mawu ƒe Nyaa gblɔ le ale si nuwo ava nɔ na ameƒomea le etsɔme ŋue nye be ame sia ame alɔ̃ nɔvia. Woanɔ anyi bɔkɔɔ ahanɔ dedie, eye ame aɖeke mawɔ nu vevi wo o.​—Xlẽ Mika 4:3, 4.

Aleke Mawu aɖe ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ ɖa le amegbetɔwo me?

Esi Mawu wɔ amegbetɔ le gɔmedzedzea me la, ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ aɖeke menɔ eme o. Gake esi ame gbãtɔ ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu la, esia wɔe be wòzu ame madeblibo. Eya ta míenyi ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔa dome tso egbɔ. Ke hã, Mawu ana Yesu nakpe ɖe amegbetɔƒomea ŋu woagade blibo ake, abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.​—Xlẽ Romatɔwo 7:21, 24, 25.

Yesu tsɔ eɖokui sa vɔ ɖe mía ta le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye esia na wotsɔ kufia si wotso na ameƒomea bliboa le ame gbãtɔ ƒe tomaɖomaɖo ta la ke mí. (Romatɔwo 5:19) Eya ta Yesu na be etsɔme wɔnuku aɖe le ŋgɔ na amegbetɔwo le esi me ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ maganɔ wo me o.​—Xlẽ Psalmo 37:9-11.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe