INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 10/1 axa 5
  • Nu Si Tae Mawu Di Be Míado Gbe Ða

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Tae Mawu Di Be Míado Gbe Ða
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu le kpewòm be nàdze xɔlɔ̃ ye.
  • Mawu di be yeakpe ɖe ŋuwò.
  • Amegbetɔwo dina be yewoate ɖe Mawu ŋu.
  • Ðe Mawu Sea Wò Gbedodoɖawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 10/1 axa 5

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE NU NYUI AÐE DONA TSO GBEDODOÐA MEA?

Nu Si Tae Mawu Di Be Míado Gbe Ða

Mawu le kpewòm be nàdze xɔlɔ̃ ye.

Xɔlɔ̃wo ɖoa dze kple wo nɔewo be yewo dome nanɔ kplikplikpli. Nenema kee Mawu di be míaƒo nu na ye, ale be mía kpli ye dome nanɔ kplikplikpli. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Miayɔm, miava do gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.” (Yeremiya 29:12) Ne èƒoa nu na Mawu edziedzi la, esia awɔe be ‘nàte ɖe eŋu, eye eya hã ate ɖe ŋuwò.’ (Yakobo 4:8) Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.” (Psalmo 145:18) Zi ale si míedoa gbe ɖa na Mawu la, zi nenemae mía kplii dome anɔ kplikplikpli.

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.”—Psalmo 145:18

Mawu di be yeakpe ɖe ŋuwò.

Yesu gblɔ be: “Mia dometɔ kae li, ne via bia aboloe la, wòatsɔ kpe ade esi? Alo ne ebia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi? Eya ta ne . . . mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Mateo 7:9-11) Ɛ̃, Mawu di be nàdo gbe ɖa na ye, elabena ‘etsɔ ɖe le eme na wò,’ eye edi be yeakpe ɖe ŋuwò. (1 Petro 5:7) Edi be nàgblɔ kuxi siwo me tom nèle gɔ̃ hã na ye. Biblia gblɔ na mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”—Filipitɔwo 4:6.

Amegbetɔwo dina be yewoate ɖe Mawu ŋu.

Ame siwo srɔ̃a nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu la kpɔe be ame miliɔn alafa geɖe sena le wo ɖokui me be yewoado gbe ɖa. Mawudzimaxɔselawo kple Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelawo gɔ̃ hã le ame siawo dome.a Esia ɖo kpe edzi be le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo dina be yewoate ɖe Mawu ŋu. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Mɔ aɖe si dzi míato akpɔ hiahiã ma gbɔe nye be míanɔ nu ƒom na Mawu edziedzi.

Ne míedoa gbe ɖa na Mawu abe ale si wòde dzi ƒo na mí be míawɔe ene la, viɖe kawoe míakpɔ?

a Le ƒe 2012 me la, numekudɔwɔƒe si nye Pew Research Center bu akɔnta be mawudzimaxɔsela kple Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela siwo le Amerika la dometɔ 11 le alafa me doa gbe ɖa zi ɖeka ya teti ɣleti sia ɣleti.

Nu Kawo Ŋue Míate Ŋu Ado Gbe Ða Le?

Biblia ɖee fia be míate ŋu ado gbe ɖa le míaƒe agbemenya ɖe sia ɖe ŋu. Míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu aku ɖe nu siawo hã ŋu:

  • Nu Vɔ̃ Me Ʋuʋu “Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò . . . ; nyemetsyɔ nu nye vodada dzi o.”—Psalmo 32:5.

  • Akpedada “Enyo be woada akpe na . . . Yehowa.”—Psalmo 92:1.

  • Kafukafu “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi; eƒe kafukafu anɔ nu nam ɖaa.”—Psalmo 34:1.

  • Mɔfiafiabiabia “Kplɔm to wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena eƒe nu nyoa ŋunye.”—Psalmo 119:35.

  • Ŋusẽdodobiabia “Trɔ ɖe ŋunye, eye nàve nunye. Do ŋusẽ wò subɔla.”—Psalmo 86:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe