INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 4 axa 3
  • Biabia Aɖe Si Tɔtɔa Ame Geɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biabia Aɖe Si Tɔtɔa Ame Geɖe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ðe Agbe Gale Ku Megbea?
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Mɔkpɔkpɔ Si Nyo Wu Na Luʋɔ la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Luʋɔ La
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 4 axa 3
Nyɔnu aɖe lé rosario ɖe asi le gbe dom ɖa le bosomikaɖi siwo wosi la ŋgɔ

Ame siwo katã kloe le subɔsubɔha gãwo me xɔe se be luʋɔ mekuna o

NYATI SI LE AKPAA DZI | AGBE KPLE KU—NYA KAE BIBLIA GBLƆ TSO EŊU?

Biabia Aɖe Si Tɔtɔa Ame Geɖe

SUSU vovovowoe le amewo si le agbe kple ku ŋu. Ame aɖewo xɔe se be yewoayi edzi anɔ agbe le ku megbe, ɖewohĩ le nɔnɔme bubu aɖe me alo le teƒe bubu. Ame bubuwo susu be woagbugbɔ yewo adzi eye yewoaganɔ agbe. Ame bubu aɖewo hã bui be kue nye amegbetɔwo ƒe nuwuƒe.

Ðewohĩ afi si nètso alo afi si nènɔ tsi na be dzixɔse aɖe le asiwò le nya sia ŋu. Esi wònye be susu vovovowoe le amewo si le nu si dzɔna le ku megbe ŋu ta la, ɖe ame aɖe alo teƒe aɖe li si míate ŋu atrɔ ɖo akpɔ biabia sia si tɔtɔa ame la ƒe ŋuɖoɖo vavãtɔa?

Ƒe alafa gbogbo aɖewoe nye esia si subɔsubɔhakplɔlawo fiaa nu be amegbetɔwo ƒe luʋɔ mekuna o. Ame siwo le subɔsubɔha gã vovovowo me—Kristotɔwo, Hindutɔwo, Yudatɔwo kple Moslemtɔwo kpakple ame bubuwo xɔe se be luʋɔ mekuna o, ke boŋ eyia edzi nɔa agbe le ku megbe le gbɔgbɔmenutowo me. Buddhatɔwo ya xɔe se be to gbugbɔgadzi siwo xexlẽme meli na o dzi la, ŋusẽ si le amea me la ate ŋu aɖo dzidzɔteƒe si woyɔna be Nirvana.

Amewo ɖa nu ka da ɖi na woƒe ame vevi siwo ku

Nufiafia siawo na ame akpa gãtɔ siwo le xexea me xɔe se be ku ʋua mɔ na agbenɔnɔ le xexe bubu aɖe me. Le ame geɖe gome la, ku wɔa akpa vevi aɖe le agbe me, eye wosusu be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be amewo nanɔ kukum. Gake nu kae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Míeɖe kuku xlẽ nyati si kplɔ esia ɖo. Ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe