“Miafia . . . Nusiwo Katã Meɖo na Mi La”
1 Nusrɔ̃lawo wɔwɔ bia be woafia nu ame. Hafi ame ate ŋu azu Kristo ƒe nusrɔ̃la la, ele be woafiae be “[wòawɔ] nusiwo katã” Yesu gblɔ la. (Mat. 28:19, 20) Mɔ nyuitɔ si dzi woato awɔ esiae nye to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ dzi.
2 Menye ɣesiaɣie Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze nɔa bɔbɔe o. Ne ele sesẽm na wò be nàkpɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ la, dzi megaɖe le ƒowò o. Dzidzedzekpɔkpɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze me biana be woaɖo tame kplikpaa eye woadi vevie be woagblɔ nyateƒea na ame bubuwo.—Gal. 6:9.
3 Ðetsɔleme Tutu Ðo: Ðewohĩ ɖetsɔleme si se ɖe afi aɖe koe woaɖe afia le miaƒe dzeɖoɖo gbãtɔ me. Le alesi nɔnɔmeawo le nu la, àte ŋu ana trakt, agbalẽ gbadza, alo magazinewo aƒemenɔlaa. Ðewohĩ àte ŋu azã esiawo dometɔ ɖeka adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee. Alo àte ŋu ahe aƒemenɔlaa ƒe susu ayi agbalẽ bubu si sɔ ɖe edzi la dzi ne ègava emegbe.
4 Dzadzraɖoe nye nusi dzi woanɔ te ɖo akpɔ dzidzedze. Nukatae màtia ŋɔŋlɔ aɖe si me nyawo woŋlɔ ɖe trakt, agbalẽ gbadzaa, alo magazine si nèɖo be yeazã le tɔtrɔyia me la me do ŋgɔ o? To mɔ sia dzi la àte ŋu ana miaƒe numedzodzroa nade nu nya siwo le agbalẽa me la me. Ðewohĩ àte ŋu axlẽ memamã ɖeka alo eve aɖe tso agbalẽa me tẽ gɔ̃ hã.
5 Àte ŋu agblɔ nya sia:
◼ “Míele nya aɖe si ku ɖe nyagblɔɖi wɔnuku aɖe si le eme vam fifia ŋu la gblɔm na amewo.” Xlẽ Mateo 24:3, eye nàƒo nu tso nɔnɔmetata kple nya siwo le “Kpɔ ɖa!” ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe axa 24 lia ŋu. Àte ŋu ato mɔ sia tɔgbe dzi ne èle Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la nam.
6 Ne èkpɔe be amea tsɔ ɖe le eme ko la, ele be natrɔ ayi kaba. Dze agbagba nàtrɔ ayi hafi kwasiɖa ɖeka nava yi ale be aƒemenɔlaa nate ŋu aɖo ŋku dze si mieɖo va yi la dzi bɔbɔe. Ɣesiaɣi si nàyi la, midzro agbalẽ si nètsɔ nɛ la ƒe memamã ʋee aɖewo me. Emegbe, le ɣeyiɣi si sɔ me la, àte ŋu atsɔ Agbe Tegbee-gbalẽa nɛ eye míayi edzi anɔ esrɔ̃m nenema.
7 Dɔ geɖe gakpɔtɔ li woawɔ egbea le nuŋeŋedɔ gã si ŋuti nya Yesu gblɔ ɖi la me. (Mat. 9:37, 38) Esi míeyi edzi le nu fiam amesiwo si dzi anukwaretɔ le la, Yesu ƒe kakaɖedzinyawo tua mí ɖo be ‘yeli kpli mí ŋkekeawo katã vaseɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.’