Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Esi míesrɔ̃ Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ la, ena alesi míekpɔa ŋudzedze ɖe Yesu Kristo ŋui la de to ɖe edzi. Eyata esɔ be woatrɔ asi le tanya si nye “Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ Sɔsrɔ̃ Nyuie” ŋu le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si adze egɔme le ɣleti sia me la me eye akpe ɖe mía ŋu be míase nusi eyomedzedze fia nyuie wu la gɔme.
2 Ɣeyiɣi didi kae míetsɔ le nyateƒea me o, woade dzi ƒo na amesiame si va takpekpea be woƒe agbenɔnɔ naɖi Kristo tɔ wu. Woagblɔ nuxlɔ̃ame siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ na sɔhɛwo le takpekpea me nuƒo aɖewo me. Akpe ɖe wo ŋu be woadze ŋgɔ kuxi siwo wodoa goe le sukudede, modzakaɖeɖe, kple ŋutilãmenudidiwo me. Míase nuƒowo kple nuteƒekpɔkpɔwo, eye míakpɔ wɔwɔfia siwo afia alesi míatsi tre ɖe xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu eye míasrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋu lae.—Pet. I, 2:21.
3 Mɔnukpɔkpɔ anɔ anyi be amesiwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe yeyee la naɖee fia le dutoƒo be yewonye Kristo yomedzelawo to nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me. Woaƒo nyɔnyrɔ̃xɔxɔnuƒo tuameɖo aɖe tso Ŋɔŋlɔawo me do ŋgɔ na nyɔnyrɔ̃xɔxɔa ŋutɔ. Amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me nana dzikpɔla zimenɔla nanya kaba bene wòakpɔ ɣeyiɣi si su ale be wòawɔ ɖoɖo be hamemegãwo nadzro nyabiabia siwo me wòle be nyɔnyrɔ̃xɔlawo nato la me kple wo.
4 Nutome gã dzikpɔla alo nuƒola ɖe si wokpe vɛ aƒo takpekpea me nuƒo vevitɔ si ƒe tanyae nye “Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ la Sɔsrɔ̃—Afikae Wòakplɔ Mí Ayii?” Dze agbagba nàkpe ɖetsɔlemetɔwo katã vɛ be woase nuƒo tuameɖo siawo siwo doa ŋusẽ xɔse la. Naneke meli si le vevie wu alo si me viɖe tsona wu Yesu Kristo, míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Gãtɔ, yomedzedze o.—Mat. 19:27-29.