Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Nukata wòle be míaɖe gbeƒã nyanyuia madzudzɔmadzudzɔe ɖo? Nukawoe hiã hafi ame anye nyanyui gbeƒãɖela? Aleke amesiwo kpea ŋu alo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo gɔ̃ hã ate ŋu adze nyanyuia gbɔgblɔ gɔme na amewo le wo ɖokui si? Woaɖo nya siawo kple nyabiase bubu siwo na wobua tame la ŋu le nuƒo siwo woaƒo le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Dzedze be Míanye Nyanyui Gbeƒãɖelawo” si adze egɔme tso August me la me.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 3:5.
2 Ele na mí Yehowa ƒe amewo be míakpɔ míaƒe nuwɔnawo dzi nyuie. Sɔhɛwo agblɔ alesi wote ŋu tsi tre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ŋui ŋuti nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo. Woade dzi ƒo na dzilawo lɔlɔ̃tɔe le alesi wòhiã be woahe wo viwo woanye Mawu ƒe subɔlawoe. Woakpe ɖe mí katã ŋu be míase alesi wòhiã be míaɖe gbeƒã kple viɖe siwo mía kple amesiwo ɖoa to mí siaa akpɔ la gɔme.—Tim. I, 4:16.
3 Nyɔnyrɔxɔxɔ anye ŋkekea ƒe wɔna ɖedzesi aɖe vavã. Do ŋgɔ na wɔna sia la, woaƒo nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi la na adzɔgbeɖela yeyewo koŋ. Gake vavalawo katã aɖo to nyuie ne wole nyɔnyrɔxɔxɔ nyatia me dzrom eye wole gɔmesese si le eŋu me ɖem. Amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me la nana dzikpɔla zimenɔla nanya do ŋgɔ kaba be wòate ŋu akpɔ asinu awɔ ɖoɖo kple hamemegãwo be woadzro nyabiase siwo woɖo ɖi la me kple nyɔnyrɔxɔlawo.
4 Nu ɖedzesi bubu anye nuƒo tɔxɛ si nutome gã dzikpɔla alo nuƒola si wokpe la aƒo. Eƒe tanyae nye “Wodze eye Wodzra Wo Ðo be Woanye Mawu ƒe Subɔlawo.” Woadzro kpekpeɖeŋunu ene siwo dzraa mí ɖo be míanye subɔlawo la me, eye nuteƒekpɔkpɔ siwo atu xɔse ɖo la anɔ nuƒoa me.
5 Wɔ ɖoɖo fifia be nànɔ anyi ase nuƒoawo katã. Dze agbagba nàkpe ɖetsɔlemetɔwo kple Biblia nusrɔ̃viwo, kpakple gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede, ale be woawo hã nakpɔ viɖe tso teokrasi nufiafia ŋkeke sia me. To mɔ sia dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be ‘míedze nyuie’ anye nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo.