Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Woaƒo nu tso tanya si nye “Miyi Edzi Miaɖi Ðase le Nyateƒea Ŋu” la ŋuti le míaƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si adze egɔme le July me la me. Takpekpea me nuƒoawo katã aku ɖe kpɔɖeŋu si Yesu gblẽ ɖi na mí kple alesi wòzã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ gblɔ nyateƒea na amewo la ŋu. Woate gbe ɖe nusiwo nye míaƒe agbanɔamedzi esi míenye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be míasrɔ̃e le ɖaseɖiɖi le nyateƒea ŋu me la dzi na mí.—Kor. I, 11:1.
2 Woaƒo nu tso nusi hamea wɔna le nyateƒea dodo ɖe ŋgɔ me la ŋu. Woate gbe ɖe míaƒe magazinewo kple agbalẽ bubuwo zazã nyuie hã dzi.
3 Nuƒo vevitɔ si nuƒola si Habɔbɔa dɔ ɖa aƒo ƒe tanyae nye “Ðaseɖiɖi le Nyateƒea Ŋu—Vi Siwo Wòɖena.” (Yoh. 8:32) Ðikekemanɔmee la, ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖi sia ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu nade to ɖe edzi wu eye wòakpe ɖe mí katã ŋu be míanɔ tsitre sesĩe ‘ali ke ɖe nyateƒea me.’—Pet. II, 1:12; Kor, I, 15:58.