INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/94 axa 1
  • Mikafu Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi La!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mikafu Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi La!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Ðe Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • ‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 2/94 axa 1

Mikafu Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi La!

1 Le Kwasiɖagbe, Nisan 9, ƒe 33 M.Ŋ. me la, ameha gã aɖe siwo lé deʋayawo ɖe asi la kafu Aƒetɔ Yesu Kristo, Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi la be eyae nye “Fia, si gbɔna le [Yehowa] ƒe ŋkɔa me!” (Luka 19:38; Heb. 1:6) Le Nisan 10 kple 11 lia ƒe Dzoɖa kple Braɖa gbe la, Yesu ƒe ŋku biã ɖe eƒe gaglãgbe subɔsubɔdɔa ŋu vevie, eye wòna ŋkeke mamle mawo va zu esiwo dzi wòwɔ dɔ le wu le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ me la dometɔ aɖewo.

2 Egbea la, ameha siwo sɔ gbɔ wu ema kura eye wolé kpɔɖeŋudeʋayawo ɖe asi la le ɣli dom kple gbe gã be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” (Nyaɖ. 7:9, 10) Míakpe ta le March 26 lia dzi aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Esi ŋkeke ma le aƒe tum la, ɖe míate ŋu adzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi ale be míawo hã míado kafukafuɣli si dom wole le xexeame katã laa?

3 Dzi Wò Gbeadzidɔwɔna Ðe Edzi: Gbeƒãɖela geɖe bia xoxo be yewoazu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo le March me. Àdi be yeanɔ wo domea? Ne èdii la, ekema ɖo wò dɔbiagbalẽ ɖa enumake. Adzɔ dzi na hamemegãwo dometɔ aɖe be wòaɖo biabia ɖesiaɖe si nàbia le dɔa ŋuti la ŋu na wò.

4 Ne àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo màte ŋui o hã la, anye wò didi be yeawɔ subɔsubɔdɔa bliboe le March me. Hamea ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe hahoo gbeadziyiyi ŋu gbesiagbe le ɣletia me. Ele be miaɖo anyigbamamã si lolo nyuie la ɖi koŋ na dɔ sia wɔwɔ.

5 Hamewo katã nawɔ ɖoɖo tɔxɛ be woakpe le Memleɖa March 26 dzi be woayi gbeadzi. Togbɔ be dɔ geɖe li míawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu hã la, míele dzi dem ƒo na amesiame si ate ŋui be wòayi gbeadzi le Memleɖa ŋdi me. Hekpe ɖe aƒeme yi aƒeme dɔa ŋu la, kpɔ egbɔ be amesiwo nèkpe be woava Ŋkuɖodzia la nya ŋkekea, gamea kple kpekpea wɔƒe nyuie.

6 Kpe Amewo eye Nàde Dzi Ƒo na Wo: Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miwɔ esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” (Kor. I, 11:24) Esi Yesu ƒe afɔɖoƒeyomedzela amesiaminawo wɔa sedede ma dzi ta la, wokpea Yehowa subɔla ɖesiaɖe be wòava Ŋkuɖodzia eye wòakpɔ eteƒe. Ele be nàkpe Biblia-nusrɔ̃viwo, ƒometɔwo, amesiwo nèɖo Biblia me dze kpli kpɔ, mía dometɔ siwo srɔ̃wo nye dzimaxɔsetɔwo, kple dɔwɔhatiwo hã. Ŋlɔ woƒe ŋkɔwo be màgaŋlɔ wo dometɔ aɖeke be o.

7 Mɔnukpɔkpɔ bubuwo hã agasu mía si be míade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔwo le Ŋkuɖodzia ŋutɔ ɖuƒe. Kpɔ egbɔ be nàva kaba be nàte ŋu ado gbe na ame yeye siwo emae nye zi gbãtɔ si woava la. Ne wò Biblia-nusrɔ̃vi geɖe va la, anyo be gbeƒãɖela bubu nanɔ wo dometɔ aɖewo gbɔ le kpekpea me. Mia asi ame yeyewo be woagatrɔ va hamea ƒe Dutoƒo Kpekpe bubu si wowɔna edziedzi la. Ele be hamemegã si wotia be wòaƒo nuƒoa la nadzra ɖo nyuie be wòaƒo nuƒo si aʋã amewo.

8 Ne mí katã míedzi hadzidzi 105 si ƒe tanyae nye “Mikafu Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi La” le Ŋkuɖodzia ɖuɖu vɔ megbe la, neva eme be míakpɔ ŋudzedze ɖe ɣleti si me míetsɔ dzonɔameme wɔ teokrasidɔe hena Yehowa ƒe kafukafu la ŋuti!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe