Kpekpeɖeŋu le Gbesiagbe Kuxiwo Dzi Ðuɖu Me
Ame geɖe kpɔ dzidzɔ esime woxɔ agbalẽ si nye Happiness—How to Find It le “Mawu ƒe Lɔlɔ̃” Nutomegã Takpekpea me le ƒe 1980 me. Gbeƒãɖela aɖe ƒo nu tso viɖe gã si le agbalẽ sia ŋu be: “Eva ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi elabena amewo megatsɔa ɖe le nufiafiawo me boo egbea abe alesi wotsɔ ɖe le amesi wɔ mí, nusita míeli, kple alesi míate ŋu aɖu gbesiagbekuxiwo dzi me ene o.” Tso May 9, 1994 dzi la, míagasrɔ̃ agbalẽ nyui sia le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me ake. Dzra ɖo nyuie, eye nàyi ɣesiaɣi ale be wò hã nàte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le gbesiagbekuxiwo dzi ɖuɖu me.
Esi agbalẽa mele mía degbewo me o ta la, hamewo newɔ ɖoɖo be woana gbegɔmeɖela nyuiwo naɖe egɔme ava wo degbe me. Mɔɖeɖe meli be woanɔ egɔme ɖem le esrɔ̃ɣi o.