INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/95 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Suku si Dzraa Mí Ðo ɖe Nusiwo Hiã Wu Ŋuti
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Xexeame Katã ƒe Suku Kpɔdzidzedze aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Yi Edzi Nànɔ Ŋgɔyiyi Wɔm
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Yehowa Le Hehe Nam Mí Hena Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 5/95 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Nukawoe wòle be míatsɔ ɖe asi ava kpekpeawoe?

Míexɔa nufiame siwo ɖea vi na mí kple dzideƒonyawo kwasiɖa sia kwasiɖa le míaƒe hame ƒe kpekpewo me. (Yes. 48:17; Heb. 10:24, 25) Gake viɖe alesi nu míekpɔna la ƒe akpa gãtɔ nɔa te ɖe ne míedzrana ɖo nyuie hafi vana kpekpewo alo míedzrana ɖo o la dzi.

Anyo be nusrɔ̃gbalẽwo kple nu bubu siwo hiã le kpekpeawo me la nanɔ ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si. Wo dometɔ aɖewoe nye Biblia, hadzigbalẽ, agbalẽ si(wo) srɔ̃m míele, nuŋlɔgbalẽ, kple nuŋlɔti.

Le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua gome la, “Theocratic Ministry School Schedule” kple Theocratic Ministry School Guidebook hiã. Agbalẽ siawo akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ sukuviawo ƒe nuƒo si ƒom wole la ƒe tanyawo dzi eye be míakplɔ sukudzikpɔlaa ɖo ne ele aɖaŋu ɖom. Mía ŋutɔwo míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖoawo kple susu siwo wòdo ɖa la ŋudɔ bena mía ŋutɔwo míaƒe nuƒowo kple nyagbɔgblɔ le gbeadzi nanyo ɖe edzi. Tso January me ke la, wotu nufiamenuƒoawo ƒe akpa gãtɔ ɖe Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom dzi. Ðewohĩ manya wɔ be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe natsɔ etɔ ɖe asi vɛ o; ɖewohĩ woate ŋu atsɔ ɖeka ko vɛ be ƒomea nakpɔ nyawo le eme.

Le Subɔsubɔ Kpekpea gome la, ele be Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ si zãm míele le ɣletia me kple Reasoning-gbalẽa nanɔ mía si. Tsɔ agbalẽ siwo woyɔ ɖe asi yi kpekpea me, abe agbalẽ siwo woazã le dzeɖonya ƒe wɔwɔfiawo me ene. Ele be Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu nanɔ hamemegãwo si.

Ele be dzilawo nadze agbagba akpɔ egbɔ be wo viwo nɔ anyi kpoo hele to dzi le hamea ƒe kpekpewo me. Edea dzi ƒo na wo be woatsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃a me, nenye be wona woa ŋutɔwo ƒe Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ bubuwo su wo si hafi woava nya nuxexlẽ gɔ̃ hã. Ne wofia ɖeviwo be woade bubu teokrasigbalẽwo ŋu ahazã wo la, wotua gbɔgbɔmenɔnɔme nyui siwo tsia wo si le woƒe agbemeŋkekewo katã me ɖo.

Dzidzɔ kple dzidzeme si míekpɔna tsoa hamea ƒe kpekpewo me la dzina ɖe edzi geɖe ne míedzrana ɖo nyuie hafi vana. (Tim. II, 3:17) Esiae nye mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖee fia be ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze la yɔa mí fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me.’—Kol. 1:9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe