Dzra Ðo ɖe Hamea ƒe Kpekpewo Ŋu eye Nàkpɔ Gome le Wo Me
1 Enye nusi me nunya le be míekpea ta kple mía nɔviwo edziedzi hena míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo. (Tim. I, 4:15, 16) Aleke míawɔ ase vivi na wo eye míakpɔ viɖe gbogbotɔ tso wo me?
2 Ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi edziedzi atsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋui. Ame aɖewo ate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe ɖe dzadzraɖo ŋu wu ame bubuwo. Gake aleke ke míexaxae o, nunya le eme be míadi ɣeyiɣi aɖe atsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋui. Ƒome bliboa ƒe dzadzraɖo ɖekae ɖea vi geɖe ŋutɔ.—Ef. 5:15, 16.
3 Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Ŋu: Dze agbagba nàzɔ ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ ɖoɖoa dzi. (Yos. 1:8) To nusiwo woasrɔ̃ me, eye nàtsɔ agbalẽ siwo woazã ɖe asi be nàte ŋu anɔ wo me kpɔm akplɔ nuƒolawo ɖo. Bu tame le mɔ siwo nu nàte ŋu azã nyatakaka sia le wò subɔsubɔdɔa me ŋu.
4 Ðe Subɔsubɔ Kpekpea Ŋu: Kpɔ ɖoɖowɔɖi si le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ la me. Xlẽ nyati siwo me woadzro. Ne Gbetakpɔxɔ alo agbalẽ bubu aɖe me nyati mee woadzro la, dii nàxlẽ. Ne woawɔ nyanyuia gbɔgblɔ le gbeadzi ƒe wɔwɔfiawo la, to wo me do ŋgɔ ale be nàte ŋu azã wo bɔbɔe le wò subɔsubɔdɔa me.
5 Ðe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a Ŋu: To nusɔsrɔ̃a me do ŋgɔ, eye nàde dzesi nyabiaseawo ƒe ŋuɖoɖowo. Ŋɔŋlɔ siwo woyɔ xexlẽ akpe ɖe ŋuwò nàse eme nyuie wu. Ŋugbledede le alesi nusɔsrɔ̃a do ƒome kple nusi nènya xoxoe ŋu adzi wò sidzedze ɖe edzi. Wɔ ɖoɖo be nàkpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me to nyaŋuɖoɖo kpuiwo dzadzraɖo ɖe memamã ɖeka alo eve ya teti ŋu me. Mɔ vevi aɖe si dzi míato ‘aʋu míaƒe mɔkpɔkpɔ me le gaglãgbe’ enye esia.—Heb. 10:23.
6 Ðe Hamea ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ Ŋu: Gbã la, lé ŋku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie; bu tame le ta si woasrɔ̃ ƒe tanya kple tanya sueawo ŋu. Emegbe ne èle nua xlẽm la, lé ŋku ɖe nya veviawo ŋu. Dzro Biblia me kpukpui siwo wotsɔ ɖo kpe nyaawo dzii me. Dze agbagba nàɖo biabiawo ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ me. Ne èsrɔ̃ nua vɔ la, gbugbɔ eme to le susu me. Dze agbagba nàɖo ŋku nya veviawo kple alesi woɖe wo mee dzi.—Tim. II, 2:15.
7 Se Vivi na Kpekpeawo: Be nàse vivi na kpekpeawo bliboe la, ele vevie be nàva ɖe game dzi be nàkpɔ gome le gbedodoɖa si woatsɔ aʋu enui, si me woabia Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la me. Fiaɖuƒeha fakɔnameawo hã aɖe vi na wò. Ne vi mele asiwò o alo menye susu bubu aɖeke tae nànɔ megbe le akpataa me o la, àkpɔe be ne yenɔ ŋgɔ la, nu geɖe maɖe fu na yeƒe susu o eye kpekpea aɖe vi na ye wu. Dzila siwo si ɖevi suewo le siwo wòahiã be woanɔ dodom le kpekpea wɔɣi la ate ŋu aɖe alesi woanɔ amewo ƒe susu hem dzi akpɔtɔ ne wonɔ mɔ nu le megbe.
8 Dze agbagba nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo woayɔ. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàɖo ŋku nusi nèse dzi. Nusiwo nèsrɔ̃ gbɔgblɔ na wò ƒomea kple xɔ̃wòwo ana nya la nàtsi susu me na wò. Wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi ana be viɖe kple vivisese geɖe wu anɔ kpekpeawo me na mí, eye le nyateƒe me, ‘woaʋã mí na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.’—Heb. 10:24, 25.